INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/12 axa 18-19
  • “Nyateƒe La Ana Ablɔɖe Mi”—Alekee?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nyateƒe La Ana Ablɔɖe Mi”—Alekee?
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Luʋɔ Ŋuti Nyateƒea Nyanya Le Vevie
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
  • Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Dzi Ne Eku?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Gbɔgbɔyɔyɔ
    Nyɔ!—2014
  • Aleke Nàwɔ Aɖu Vɔvɔ̃ Na Ku Dzi?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 7/12 axa 18-19

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

“Nyateƒe La Ana Ablɔɖe Mi”—Alekee?

AME miliɔn geɖe susuna be yewonye ablɔɖemewo, evɔ wònye menye nyateƒee o. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ geɖe nye kluvi na aʋatsodzixɔsewo. Wo dometɔ aɖewo vɔ̃a ame kukuwo, eye wozãa ga gbogbo aɖe tsɔ ƒlea nuwo tsɔ saa vɔe be yewoafa akɔ na wo. Eye bubuawo hã, esi womenya nɔnɔme si me ame siwo ku la le o ta la, wovɔ̃na na ku wògbɔa eme. Ðe ame siawo ate ŋu akpɔ ablɔɖe tso susu me, seselelãme kple gazazã ƒe agba kpekpe si esia dona na wo la mea? Ɛ̃! Abe ale si Yesu ƒe nya siwo míeyɔ le etame ɖee fia ene la, nu si ko ana ablɔɖe woe nye nyateƒe la. Gake nyateƒe kae? Nyateƒe gbadzaa ko loo alo nyateƒe aɖe koŋ?

Yesu na ŋuɖoɖoa dze ƒãa. Egblɔ be: ‘Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.’ (Yohanes 8:31, 32) Yesu ƒe “nya,” alo eƒe nufiafiawo, le Biblia me.

Esi Yesu gblɔ be “nyateƒe la ana ablɔɖe mi” la, nu si koŋ wòwɔnɛ nye ablɔɖekpɔkpɔ tso nu vɔ̃ kple ku si me. Ke hã Mawu ƒe Nya la ŋuti nyateƒea nyanya naa ablɔɖe mí tso nuwo abe aʋatsodzixɔse, vɔvɔ̃ na ame kukuwo kple vɔvɔ̃ be míava ku si gbɔ eme la hã si me. Alekee?

1. Ablɔɖekpɔkpɔ tso aʋatsodzixɔse me. Ame geɖe xɔe se be nanewo alo ŋɔŋlɔdzesi aɖewo ahe vɔ̃e ava yewo dzi. Ame aɖewo hã, ne womeyi ɖaka nu alo lé ŋku ɖe dzigbeɣletivimefakagbalẽ me alo de ŋɔliyɔlawo gbɔ o kpa, womewɔa nyametsotso o.

Ale si Biblia me nyateƒea naa ablɔɖe ame: Le Biblia ŋlɔɣi la, Mawu ŋutɔ ƒe subɔla aɖewo va xɔ aʋatsodzixɔsewo dzi se ale gbegbe be wosubɔ ‘Aklama ƒe mawu’ kple ‘Dzɔgbe ƒe mawu’! Aleke Yehowa Mawu bu nu siae? Egblɔ be: “Miewɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunye me.” (Yesaya 65:11, 12) Nenema kee Mawu gasena le eɖokui me ne amewo yi ɖadi mɔfiame le ŋɔliyɔlawo gbɔ. Biblia gblɔ be: ‘Ŋɔliyɔlawo nye ŋunyɔnu na Yehowa.’—5 Mose 18:11, 12.

Aʋatsodzixɔsewo kple ŋɔliyɔyɔ gblẽa nu le ame ŋu, elabena wonye “Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo,” eye Yesu yɔ ame sia be “aʋatsokafofo.” (Efesotɔwo 6:11; Yohanes 8:44) Ne èle nya vevi aɖe ŋuti mɔfiame dim la, aʋatsokala gbɔe nàyia? Gbeɖe! Eya ta nunya le eme be nàƒo asa na nu sia nu si “aʋatsokafofo” sia le megbe na.

Biblia me gɔmeɖosewo ŋuti sidzedze vavãtɔ ƒe amesisusu kple Mawu ƒe tameɖoɖo na ameƒomea nyanyae nye nu vevi si nana ame wɔa nyametsotso nyuiwo le agbe me. Lododowo 2:6 gblɔ be: “Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.”

2. Ablɔɖekpɔkpɔ tso vɔvɔ̃ na ame kukuwo si me. Ame geɖe xɔe se be tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame siwo le agbe la dzi. Wosena le wo ɖokui me be ele be yewoasa vɔ vovovowo na gbɔgbɔ siawo atsɔ afa dzi na wo ale be woagado dziku o. Esia wɔe be ame aɖewo do ga gbogbo aɖewo tsɔ saa vɔwo eye wowɔa kɔnu kpeɖiwo.

Ale si Biblia me nyateƒea naa ablɔɖe ame: Biblia gblɔ nɔnɔme si tututu me ame kukuwo le la na mí. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be ame kukuwo le ‘alɔ̃ dɔm.’ (Yohanes 11:11, 14) Nu kae eƒe nya mawo fia? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le Nyagblɔla 9:5, afi si gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” Nyateƒee, ame kukuwo le ko abe ɖe wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ naneke kura manyamanyae ene. Le nyateƒe me la, womegale agbe o, eya ta womate ŋu awɔ nyui na mí alo awɔ vɔ̃ mí o.

Gake ame aɖewo gblɔna be yewoƒo nu kple ame kukuwo. Aleke esia ate ŋu adzɔe? Biblia kɔ esia hã me. Ena míenya be le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, mawudɔla gbogbo aɖewo dze aglã ɖe Mawu ŋu. (2 Petro 2:4) Gbɔgbɔ vɔ̃ɖi siawo siwo woyɔna be gbɔgbɔ vɔ̃wo la dzea agbagba be yewoable ameƒomea. (1 Timoteo 4:1) Mɔ aɖe si dzi wotona wɔa esiae nye ale si wowɔa wo ɖokuiwo abe ame si ku la ene tsɔ flua amewo hetoa esia me doa alakpanya si nye be ame kukuwo ganɔa agbe le nɔnɔme bubu me alo nuto bubu me la ɖe ŋgɔ.

3. Ablɔɖekpɔkpɔ tso vɔvɔ̃ na ku si gbɔ eme la si me. Futɔe ku nye vavã, abe ale si Biblia gblɔe ene. (1 Korintotɔwo 15:26) Eya ta mewɔ nuku o be míevɔ̃na na ku eye míedina be míaku o. Ke hã mele be míavɔ̃ na ku wòagbɔ eme o.

Ale si Biblia me nyateƒea naa ablɔɖe ame: Menye nyateƒe si ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le la ŋu koe Biblia ɖe fia o, egblɔ hã be Mawu ɖo tame be yeafɔ ame siwo ku la va agbe me to tsitretsitsia dzi. Yesu gblɔ be: “Gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Kristo] ƒe gbe, eye woado go.”—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

Nɔnɔme ka mee woanɔ ‘ado go’? Yesu na míenya esia esi wòfɔ ame aɖewo ɖe tsitre tso ku me. Ame siwo katã wòfɔ la gakpɔtɔ nye amegbetɔwo, abe ale si wonɔ hafi ku ene. (Marko 5:35-42; Luka 7:11-17; Yohanes 11:43, 44) Nyateƒenya sia wɔ ɖeka kple nya “tsitretsitsi,” si fia “fɔfɔ ɖe tsitre.” Esi Mawu nɔ nu ƒom na esubɔla si nye amegãɖeɖi Daniel la, egblɔ be: “Gbɔ ɖe eme [alo dɔ alɔ̃ le ku me], eye nàfɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.” (Daniel 12:13) Aleke nya mawo anya fa akɔ na Daniel ahana wòatsɔ dzideƒo akpɔ mɔ na ku bubutɔe nye esi!

Yesu ƒe dɔdeasia ƒe akpa aɖee nye be wòaɖe “gbeƒã ablɔɖe na aboyomewo”—ame siwo zu kluvi na aʋatsodzixɔsewo. (Luka 4:18) Esi wònye be eƒe nyawo le Biblia la me ta la, wokpɔtɔ le ablɔɖe nam amewo gbe sia gbe. Míele mɔ kpɔm vevie be Biblia me nyateƒea ana ablɔɖe mavɔ wò.—g12-E 05.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

Aleke Biblia me nyateƒea naa ablɔɖe mí tso

● aʋatsodzixɔse me?—Yesaya 8:19, 20; 65:11, 12.

● vɔvɔ̃ na ame kuku me?—Nyagblɔla 9:5; Yohanes 11:11, 14.

● vɔvɔ̃ na ku me?—Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Biblia me nyateƒea naa ablɔɖe amewo tso aʋatsodzixɔse, vɔvɔ̃ na ame kuku kple vɔvɔ̃ be míava ku si gbɔ eme la si me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe