Sɔhɛwo Biana Be
Nu ka tae Dzinyelawo Maɖe Mɔ Nam Mado Dzidzɔ Na Ðokuinye O?
Allisona nye ƒewuivi le Australia, eye le Dzoɖa ŋdi ɖe sia ɖe la, nuwo mekpanɛ le suku kura o.
Egblɔ be: “Ame sia ame ƒoa nu tso nu si wòwɔ le kwasiɖanuwuwua me ŋu. Wogblɔa woƒe nuteƒekpɔkpɔwo, eye edzena abe wole vivi sem ŋutɔ ene. Le kpɔɖeŋu me, woƒoa nu tso kplɔ̃ɖoƒe siwo wode, ŋutsuvi ale si nu wogbugbɔ nu na, kple ale si wote ŋu si le kpovitɔwo nui, gɔ̃ hã ŋu . . . Eɖi vɔvɔ̃, gake edze abe wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ ene! Wogbɔna vaa aƒe me fɔŋli ga atɔ̃, gake wo dzilawo metsɔ ɖeke le eme o. Ele na nye ya be mamlɔ anyi hafi woawo nadze woƒe zãmodzaka ɖeɖe gɔme!
“Azɔ ne nye sukuhatiwo gblɔ nu dodzidzɔname siwo wowɔ le kwasiɖanuwuwua me vɔ la, wobianam be nu kae mewɔ hã. Ke nu kae nye ya mewɔ? Mede Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Meɖe gbeƒã na amewo. Ewɔna nam be nu nyui geɖe to ŋunye. Eya ta ɖeko megblɔna na wo be nyemewɔ naneke o. Ke wobianam be nu ka tae nyemeyi kpli yewo o hã.
“Àsusu be ne Dzoɖagbe va yi ko la, ke nyaa vɔ. Gake mele nenema o. Kaka Braɖagbe naɖo la, ame sia ame ganɔa nu ƒom tso nu si wòawɔ le kwasiɖanuwuwu si le ŋgɔ la ŋu! Ðeko menɔa anyi kpoo nɔa to ɖom wo. Mesenɛ le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o!”
NYA ɖeka tɔgbie nèdoa goe Dzoɖa ŋdi ɖe sia ɖea? Ðewohĩ èsenɛ le ɖokuiwò me be mia tɔwo le dzidzɔ kpɔm le gota, ke wò ya dziwòlawo tu wò ɖe xɔ me—alo be èle modzakaɖeƒe aɖe si amewo le fefem le, gake womeɖe mɔ na wò ya be nàkpɔ gome le fefeawo dometɔ aɖeke me o. Menye ɖe nèdi be yeawɔ nu sia nu si wɔm hawòtiwo le o. Ðeko nèdina be yeado dzidzɔ na ye ɖokui ɣeaɖewoɣi! Le kpɔɖeŋu me, nu siwo gbɔna la dometɔ kae nàdi be yeatsɔ aɖe modzaka kwasiɖanuwuwu sia?
◯ ɣeɖuɖu
◯ haƒoƒeyiyi
◯ sinima
◯ kplɔ̃ɖoƒe
◯ nu bubu aɖe ․․․․․
Ehiã be nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò. (Nyagblɔla 3:1, 4) Le nyateƒe me la, Wɔwòlaa di be nàkpɔ dzidzɔ le wò sɔhɛmenɔɣi. (Nyagblɔla 11:9) Eye dziwòlawo hã di be nàdo dzidzɔ na ɖokuiwò, togbɔ be màka ɖe esia dzi tututu ɣeaɖewoɣi o hã. Ke hã, dziwòlawo anya tsi dzi ɖe nu vevi eve siawo ŋu: (1) Nu si wɔ ge nèyina kple (2) ame siwo nàde ha kplii.
Ke ne xɔ̃wòwo kpe wò, gake mènya ne dziwòlawo alɔ̃ o ya ɖe? Ne nyametsotso wɔwɔ dze ŋgɔ wò la, Biblia de dzi ƒo na wò be nàbu afɔɖeɖe siwo dze ŋgɔ wò la ŋu, nyuiawo kple gbegblẽawo siaa, kpakple emetsonuawo ŋu. (5 Mose 32:29; Lododowo 7:6-23) Le amekpekpe sia gome la, afɔɖeɖe kawoe dze ŋgɔ wò?
GBÃTƆ: MÈGABIA MƆ WO O, HEYI KO.
Nu si ta nàdi be yeaɖe afɔ sia: Èdi be xɔ̃wòwo nakpɔe be ye hã yele ye ɖokui si. Èsusu be ènya nu wu dziwòlawo, alo be mèdea bubu woƒe nyametsotsowo ŋu o.—Lododowo 15:5.
Emetsonuwo: Xɔ̃wòwo ava nya nɔnɔme aɖe na wò, si nye be ètea ŋu blea ame. Ne àte ŋu able dziwòlawo la, ekema àte ŋu able xɔ̃wòwo hã. Ne dziwòlawo va nya la, ave wo, woase le wo ɖokui me be èble yewo, eye ɖewohĩ womagaɖe mɔ na wò be nàyi modzakaɖeƒe o! Ne mèɖo to dziwòlawo o, eye nèdo go la, ke mèwɔ nu le nunya me o.—Lododowo 12:15.
EVELIA: MÈGABIA MƆ WO O, MÈGAYI HÃ O.
Nu si ta nàdi be yeaɖe afɔ sia: Ède ŋugble le nyaa ŋu, eye nèkpɔe be afi ma yiyi mawɔ ɖeka kple gɔmeɖose siwo nu nènɔa agbe ɖo o alo be ame siwo nàde ha kplii le teƒea dometɔ aɖewo menɔa agbe nyui o. (1 Korintotɔwo 15:33; Filipitɔwo 4:8) Alo ate ŋu anye be èdi be yeayi, gake dzi mele ƒowò be nàgblɔe na dziwòlawo o.
Emetsonuwo: Ne susu si ta mèyi o lae nye be èkpɔe be afi ma yiyi menyo o la, ke dzi anɔ ƒowò be nàɖe eme na xɔ̃wòwo. Gake ne ale si dzi mele ƒowò be nàgblɔe na dziwòlawo o ta koe meyi o la, ke ànɔ aƒe me anɔ tse ɖum ahanɔ sesem le ɖokuiwò me be nu nyuiwo le ye ŋu tom.
ETƆ̃LIA: BIA KPƆ.
Nu si ta nàdi be yeaɖe afɔ sia: Èkpɔe be ele be yeabɔbɔ ye ɖokui ɖe ye dzilawo te, eye èdea bubu woƒe nyametsotsowo ŋu. (Kolosetɔwo 3:20) Èlɔ̃ dziwòlawo, medi be yeawɔ nu wòave wo o, eya ta mèdi be yeado go esi mèbia mɔ le wo gbɔ hafi o. (Lododowo 10:1) Eye mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàɖe nu si tae nèdi be yeayi ɖo la me na wo.
Emetsonuwo: Dziwòlawo ase le wo ɖokui me be èlɔ̃ yewo, eye nèdea bubu yewo ŋu. Eye ne wokpɔe be asɔ be nàyi la, ɖewohĩ woalɔ̃.
Nu Siwo Ta Wòate Ŋu Adzɔ Be Woagbe
Ke ne dziwòlawo gbe ɖe? Esia ate ŋu ate ɖe dziwò. Ke hã, ne èse nu si ta wogbe ɖo gɔme la, mate ɖe dziwò fũu o. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu agbe le susu siwo gbɔna la dometɔ aɖewo ta.
Nunya kple nuteƒekpɔkpɔ geɖe le wo si. Ne nɔnɔmeawo ɖe mɔ la, ɖewohĩ àdi be yeaƒu tsi le teƒe si dzɔlawo nɔa tsiƒulawo ŋu dzɔm le. Nu ka tae? Elabena esi nèle vivi sem na tsia ƒuƒu la, asesẽ na wò be nànya be yele gegem ɖe afɔku me. Gake le afi si dzɔlawo le ta la, woakpɔ afɔkua adze sii bɔbɔe wu.
Nenema kee esi nunya kple nuteƒekpɔkpɔ le dziwòlawo si wu wò ta la, woate ŋu akpɔ afɔku siwo wò ya màkpɔ adze sii o. Abe ale si wòle le dzɔla siwo le ƒua ta gome ene la, menye ɖe dziwòlawo di be yewoagblẽ dzidzɔkpɔkpɔ me na wò o, ke boŋ wodi be yewoakpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na afɔku siwo ana be màkpɔ dzidzɔ le agbe me o.
Wolɔ̃ wò. Dziwòlawo di vevie be yewoakpɔ tawò. Le esi wolɔ̃ wò ta la, woaɖe mɔ na wo ne woate ŋui, gake woagbe ne ehiã. Ne èbia mɔ le wo gbɔ be yeawɔ nane la, wobiaa wo ɖokuiwo be ne yewolɔ̃ ɖe edzi na wò la, ɖe yewoate ŋu anɔ te ɖe emetsonuawo nu hãa. Ne woka ɖe edzi be ànɔ dedie ko hafi woalɔ̃ ɖe edzi na wo ɖokuiwo kple na wò hã.
Ne mèɖe nu me na wo nyuie o. Dzila lɔ̃amewo adze agbagba ɣesiaɣi be yewoawɔ nu si ana yewo viwo nanɔ dedie. Eya ta ne womese nu si biam nèle gɔme o, alo wose le wo ɖokui me be èle nya veviwo ɣlam ɖe yewo la, ke ɖewohĩ woagbe.
Nu Siwo Ana Wòanɔ Bɔbɔe Be Woalɔ̃
Nu ene aɖewo hiã.
Nyateƒetoto: Gbã la, ele be nàdzro ɖokuiwò me anukwaretɔe kple biabia siawo: ‘Susu ka koŋ tae medi be mayi ɖo? Nu si ayi edzi le afi ma lae dzɔa dzi nam loo alo ɖe medi be mawɔ nu abe xɔ̃nyewo ke ene tae? Esi ame aɖe si ƒe nu lé dzi nam ava teƒea taea?’ Ekema to nyateƒe na dziwòlawo. Woawo hã wonɔ ɖevime kpɔ, eye wonya wò nyuie. Eya ta anɔ eme be woava nya susu si koŋ tae nèdi be yeayi ɖo la godoo. Adzɔ dzi na wo be nèto nyateƒe na yewo, eye nunya si le wo si la aɖe vi na wò. (Lododowo 7:1, 2) Gake ne mèto nyateƒe na wo o la, womaka ɖe dziwò o, eye asesẽ na wo be woalɔ̃ be nàyi.
Ɣeyiɣi si nàgblɔe: Mègatsɔ wò biabiawo ɖe fu na dziwòlawo esime wogbɔ tso dɔ me teti alo esime woƒe ŋku biã ɖe nu bubuwo ŋu o. Te ɖe wo ŋu le ɣeyiɣi si me woɖe dzi ɖi wu. Gake mègalala ɣeyiɣia nade be nàyi hafi nàva nɔ eƒom ɖe wo nu be woaɖe mɔ na ye yeayi o. Madzɔ dzi na dziwòlawo be nàƒo dzo ɖe yewo te be yewoatso nya me o. Bia wo kaba, eye adzɔ dzi na wo be èbu yewo ŋu.
Nya siwo nàgblɔ: Gblɔ nya sia nya na wo. Gblɔ nu si tututu nèdi be yeawɔ la na wo. Ŋuɖoɖo si nye “Nyemenya o,” medzɔa dzi na dzilawo o, vevietɔ ne wobia wò be: “Ame kawoe ava teƒea?” “Ðe ametsitsi kpɔnuteƒe aɖe anɔ mia domea?” alo “Ɣekaɣie miakpã?”
Nɔnɔme si nàɖe afia: Mègabu dziwòlawo be wonye yeƒe ketɔwo o. Bu wo be wole yeƒe akpa dzi, elabena wole wò akpa dzi vavã. Ne èbu wo alea la, màƒo nu abe ɖe nètsi tsitre ɖe wo ŋu ene o, eye anɔ bɔbɔe na wo wu be woase nu gɔme na wò. Ne wogbe la, bia wo bubutɔe be woagblɔ susu si tae la na wò. Le kpɔɖeŋu me, ne wogbe be nàgayi fefewɔƒe o la, dze agbagba nàse nu si ŋu wotsi dzi ɖo la gɔme. Nu ka ŋue wotsi dzi ɖo? Ame si ƒomevi fefewɔlaa nye yea? Afi si woawɔe le yea? Ame siwo nàde ha kplii yea? Ga home si woaxɔ yea? Mègagblɔ nyawo abe “Mieka ɖe dzinye o,” “Ame sia ame le yiyim,” alo “Xɔ̃nyewo dzilawo ɖe mɔ na wo be woayi!” ene o. Na dziwòlawo nakpɔe be ètsi le susu me to ale si nàlɔ̃ ɖe woƒe nyametsotsoa dzi ahawɔ ɖe edzi. Ne èwɔe alea la, woade bubu ŋuwò. Eye ɣebubuɣi la, woadi be yewoaxa ɖe susu aɖewo ta alɔ̃ ɖe wò didia dzi na wò.—g11-E 02.
Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔa.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]
“Dzinyelawo ka ɖe dzinye le esi meɖea nɔnɔme nyuiwo fiana ta. Meƒoa nu tso xɔ̃nyewo ŋu na wo faa. Eye ne nu siwo le edzi yim le wɔna aɖe me mekɔ lãme nam o la, mesesẽna nam be madzo le ameawo dome o.”
[Nɔnɔmetata]
Kimberly
[Aɖaka si le axa 12]
ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?
Àdi be yeanya nu si dziwòlawo susu le nu siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me ŋua? Ne èbia wo ko hafi nàte ŋu anya! Le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, ɖo dze kpli wo ne nàse nu si wosusu le ale si nèdi be nàdo dzidzɔ na ɖokuiwòe ŋu. Bu nya aɖe si nàdi be yeabia wo la ŋu, eye nàŋlɔe ɖe ete.
․․․․․
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Abe dzɔla siwo le ƒuta ene la, dziwòlawo kpɔ nuteƒe wu wò, eya ta woate ŋu axlɔ̃ nu wò le afɔkuwo ŋu