INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/12 axa 3
  • Ðe Wò Nuɖuɖu Le Dediea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wò Nuɖuɖu Le Dediea?
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Sia Ame Akpɔ Nu Nyuiwo Aɖu—Kpuie!
    Nyɔ!—2012
  • Alesi Míana Nuɖuɖu Nanɔ Dedie Wu
    Nyɔ!—2002
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • 3. Ða Nu Beléletɔe Eye Nàdzrae Ðo Nyuie
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 7/12 axa 3

Ðe Wò Nuɖuɖu Le Dediea?

“Germany Tu Sukuwo Le Vɔvɔ̃ Na E. Coli Dɔléle Ta.”—REUTERS NEWS SERVICE, GERMANY.

“Salmonella Dɔléle Si Tso Nu Miemie Aɖewo Gbɔ La Kaka Ðo Nuto Gã Atɔ̃ Me.”—USA TODAY.

“Nyi 6 Siwo Wona Gbe Siwo Me Aɖi Le Woɖu Ƒe Lã Ðo Nuto 9 Me.”—THE MAINICHI DAILY NEWS, JAPAN.

TANYA siawoe dze le nyadzɔdzɔgbalẽwo me le kwasiɖa eve pɛ ko me le ƒe si va yi me. Numekulawo bu akɔnta be ƒe sia ƒe la, nuɖuɖu si me dɔlékuiwo le gblẽa nu le ame siwo le dukɔ deŋgɔwo me la dometɔ 30 le alafa ɖe sia ɖe me ŋu.

Aleke nyatakaka mawo ka wòe? Hoi, si nye vifofo aɖe si le Hong Kong gblɔ be: “Metsia dzodzodzoe eye dzi kuam gɔ̃ hã. Vi eve le asinye eye metsia dzi ɖe ale si wotrɔa asi le woƒe nuɖuɖuwo ŋu kple afi si woɖaa wo le la ŋu.”

Ƒe sia ƒe la, dɔléle siwo woxɔna le nuɖuɖu kple tsi me wua ame miliɔn geɖe, vevietɔ ɖeviwo, le dukɔ dahewo me. Bola, si le Nigeria gblɔ be: “Le asi me afi sia la, ɖeko wogblẽa nuɖuɖu ɖi nudzodzoewo dzena ɖe wo dzi, tsi ƒona, ya kple ʋuʋudedi ƒona ɖe wo dzi. Vɔvɔ̃ ɖoam ne mexlẽ nu alo se nu tso dɔléle si woxɔna tso nuɖuɖu me ŋu. Medina vevie be makpɔ nye ƒomea ta.”

Ðe nàte ŋu akpɔ wò ƒomea ta tso nuɖuɖu siwo mele dedie o si mea? Canadatɔwo Ƒe Ŋkuléle Ðe Nuɖuɖu Ŋu Dɔwɔƒea gblɔ be: “Ne wokpɔ nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo le le míaƒe fiasewo me la, wodoa bobloe bobobo le nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Eye esɔ nenema hã. Gake nuɖuɖu siwo mele dedie o, siwo ate ŋu ana ame nadze dɔ, ate ŋu atso nu siwo míewɔna kple nu siwo míedoa kpo wɔwɔ le míawo ŋutɔwo míaƒe dzodoƒewo hã gbɔ.”

Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ wò ƒomea ta tso nuɖuɖu siwo me dɔlékuiwo le si me? Míadzro mɔ ene siwo dzi nàto ana wò nuɖuɖuwo nanɔ dedie wu la me.—g12-E 06.

[Aɖaka si le axa 3]

AME KAWO ŊUE WÒATE ŊU AGBLẼ NU LE?

Ame siwo koŋ ate ŋu axɔ dɔ le nuɖuɖu me bɔbɔe la dometɔ aɖewoe nye:

● Ðevi siwo mexɔ ƒe atɔ̃ haɖe o

● Funɔwo

● Ame siwo xɔ wu ƒe 70

● Ame siwo ƒe dɔlélenutsiŋutete gbɔdzɔ

Ne wò ŋutɔ alo ame si ɖua nu kpli wò le hatsotso siawo dometɔ aɖe me la, ekema ɖɔ ŋu ɖo le nu si nèɖana, nu si nènana amewo woɖuna kple nu si nèɖuna la ŋu.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyatakakatsoƒe: New South Wales Food Authority, Australia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe