INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/12 axa 10-11
  • Ðe Kukuawo Ate Ŋu Akpe Ðe Agbagbeawo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Kukuawo Ate Ŋu Akpe Ðe Agbagbeawo Ŋua?
  • Nyɔ!—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuwɔna Si Bɔ
  • Ðe Wòle Be Nàbia Gbe Kukuawoa?
  • Ame Kawoe Woƒoa Nu Kplii?
  • Gbɔgbɔyɔyɔ
    Nyɔ!—2014
  • Ðe Kukuawo Ate Ŋu Akpe Ðe Agbagbeawo Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Mɔkpɔkpɔ Kae Li Na Kukuawo?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • “Nyateƒe La Ana Ablɔɖe Mi”—Alekee?
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 7/12 axa 10-11

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Kukuawo Ate Ŋu Akpe Ðe Agbagbeawo Ŋua?

AMEWO xɔe se tso gbe aɖe gbe ke be ame kukuwo ate ŋu ana mɔfiame agbagbeawo. Blemanuŋlɔɖi aɖe si ɖe dzixɔse sia fiae nye esi dze le nyakpakpa aɖe si Helatɔ ŋutinyakpala Homer ŋlɔ tso Odysseus, si wogayɔna be Ulysses, ŋu la me. Esi Homer ƒe glimeme kalẽtɔ sia di vevie be yeanya ale si yeawɔ atrɔ ayi yewo de si nye Ithaca ƒukpoa dzi la, wobe eyi kukuawo de be yeava bia nu ta se le nukala aɖe si ku va yi la gbɔ.

Esi ame geɖe susui be yewoate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase ɖefunamewo tso kukuawo gbɔ ta la, woyina ɖabia nu ta le ŋɔliyɔlawo gbɔ, mlɔa wo tɔgbui kukuwo ƒe yɔdowo dzi, alo wɔa kɔnu vovovowo. Ðe woate ŋu axɔ mɔfiame tso vivimexexea me ŋutɔŋutɔa?

Nuwɔna Si Bɔ

Xexea me ƒe subɔsubɔha gãwo fiaa nu be woate ŋu aƒo nu kple kukuawo. Numekugbalẽ si nye Encyclopedia of Religion gblɔ be: “Gbɔgbɔyɔyɔe ame kukuwo ƒe luʋɔwo yɔyɔ to akunyawɔwɔ dzi nye.” Egblɔ kpee be nuwɔna sia “bɔ ŋutɔ.” Numekugbalẽ bubu si nye New Catholic Encyclopedia ɖo kpe esia dzi, esi wògblɔ be “gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi vovovowo kaka ɖe xexea me katã.” Eya ta mewɔ nuku o be, subɔsubɔha geɖewo ƒe hamevi aɖewo tena kpɔ be yewoaxɔ numekɔkɔ tso gbɔgbɔmexexea me!

New Catholic Encyclopedia la gblɔ be togbɔ be Sɔlemeha la ƒo nu tsi tsitre ɖe kadodo kple ame kukuwo ŋu vevie hã la, wohea susu yia ale si amewo ƒo wo ɖokui ɖe nuwɔna sia me le Titinaɣeyiɣiwo kple Tɔtrɔɖeagbalẽsɔsrɔ̃ŋu ake ƒe ɣeyiɣiwo me la dzi enuenu. Nu kae Biblia gblɔ le nya siawo ŋu?

Ðe Wòle Be Nàbia Gbe Kukuawoa?

Yehowa Mawu de se na eƒe amewo le blema be: “Ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o.” (5 Mose 18:9-13) Nu ka tae Yehowa de se ma ɖo? Nenye be ɖe wòanya wɔ be agbagbeawo naƒo nu kple kukuawo la, ɖe manye lɔlɔ̃ɖeɖefia be Mawu naɖe mɔ míaɖo dze kpli wo oa? Gake nyateƒeae nye be, agbagbeawo mate ŋu aɖo dze kple kukuawo o. Aleke míewɔ nya?

Ŋɔŋlɔawo gblɔe zi geɖe be kukuawo menya naneke o. De ŋugble tso Nyagblɔla 9:5 ŋu kpɔ: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” Psalmo 146:3, 4 gblɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbe ma gbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” Eye nyagblɔɖila Yesaya hã gblɔ le kukuawo ŋu be “wɔna vɔ le wo ŋu le ku me.”—Yesaya 26:14, NW.

Gake ame geɖe xɔe se be yewote ŋu do ka kple yewoƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku to gbɔgbɔyɔyɔ dzi. Nudzɔdzɔ siawo bɔ, eya ta edze ƒãa be ame geɖewo ƒo nu kple ame aɖewo siwo le gbɔgbɔmexexea me. Gake abe ale si ŋɔŋlɔ siwo le etame ɖee fiae ene la, womeƒo nu kple ame kukuwo o. Ke ame kawoe woƒo nu kplii?

Ame Kawoe Woƒoa Nu Kplii?

Biblia ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo dze aglã ɖe wo Wɔla la ŋu eye wozu gbɔgbɔ vɔ̃wo. (1 Mose 6:1-5; Yuda 6, 7) Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo doa aʋatsodzixɔse si nye be amegbetɔwo yia edzi nɔa agbe le ku megbe la ɖe ŋgɔ. Be woana amewo naxɔ aʋatsodzixɔse sia dzi se la, wowɔa wo ɖokuiwo alakpatɔe be yewonye ame siwo ku heƒoa nu kple agbagbeawo tso gbɔgbɔmexexe me.

Biblia gblɔ be esi Israel viwo ƒe Fia Saul ƒe tomaɖomaɖo wɔe be Yehowa gbee vɔ megbe la, ete kpɔ be yeaƒo nu kple nyagblɔɖila Samuel si ku la to ŋɔliyɔla aɖe dzi. Saul nya xɔ gbedeasi tso gbɔgbɔmexexe me baa, gake menye Samuel gbɔe nyaawo tso o. Le nyateƒe me la, esi Samuel nɔ agbe la, egbe be yemakpɔ fia la o, eye Samuel tsi tsitre ɖe ŋɔliyɔlawo ŋu vevie. Le nyateƒe me la, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si wɔ eɖokui alakpatɔe be yenye Samuel la gbɔe Saul xɔ eƒe gbedeasia tsoe.—1 Samuel 28:3-20.

Gbɔgbɔ vɔ̃wo nye Mawu ƒe futɔwo, eye afɔku le kadodo kpli wo me. Le susu sia ta Ŋɔŋlɔawo de se na mí be: “Migayi ŋɔliyɔlawo gbɔ o, eye migabia nu le bokɔnɔwo gbɔ o, bena miagaƒo ɖi o.” (3 Mose 19:31) Eye 5 Mose 18:11, 12 xlɔ̃ nu mí be, ame sia ame, si nye ‘ŋɔliyɔla la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.’ Le nyateƒe me la, tomaɖomaɖonu siwo ta Yehowa na Fia Saul ku la dometɔ ɖekae nye be ede “ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se.”—1 Kronika 10:13, 14.

Ekema ame ka ŋu nàtrɔ ɖo ne èhiã mɔfiame deŋgɔ si akpe ɖe ŋuwò le nya sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ kple nyametsotso sesẽwo wɔwɔ me? Ŋɔŋlɔawo yɔ Yehowa Mawu be ‘Nufiala Gã.’ Ne mia kple wò lɔlɔ̃tɔwo míexlẽ Mawu ƒe Nya Biblia la hewɔa eƒe mɔfiamewo dzi la, ɖeko wòanɔ abe ɖe ‘miaƒe to se nya sia le mia megbe bena: Mɔ lae nye si, mito edzi!’ ene. (Yesaya 30:20, 21) Togbɔ be Kristotɔwo mekpɔa mɔ egbea be yewoase Mawu vavã la ƒe gbe ŋutɔŋutɔ o hã la, ate ŋu afia mɔ wo to Biblia la dzi. Ɛ̃, ɖeko wòle abe ɖe Yehowa le gbɔgblɔm be, ‘Na mafia mɔ wò’ ene.—g12-E 06.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Aleke Mawu bua agbagbadzedze be woaƒo nu kple kukuawoe?—5 Mose 18:9-13.

● Ðe kukuawo ate ŋu aɖe nuwo afia agbagbeawoa? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?—Nyagblɔla 9:5.

● Ame ka ŋue míate ŋu atrɔ ɖo kakaɖedzitɔe hena mɔfiamexɔxɔ?—Yesaya 30:20, 21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe