INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/12 axa 19-20
  • Dɔdamɔnu Siwo Me Womezãa Ʋu Le O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔdamɔnu Siwo Me Womezãa Ʋu Le O
  • Nyɔ!—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Geɖe Va Le Atikewɔwɔ Kple Dɔwɔwɔname Ʋumazãmazãe Tiam
    Nyɔ!—2000
  • Amekoko Ʋumadomadoe Wole Si Dzem Eƒe Viɖewo
    Nyɔ!—1998
  • Yehowa Ðasefowo Wɔ Akpa Vevi aɖe Le Dzikoko Ƒe Ŋgɔyiyi Me
    Nyɔ!—1996
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Melɔ̃na Wodoa Ʋu Na Wo O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2012
g 10/12 axa 19-20

Dɔdamɔnu Siwo Me Womezãa Ʋu Le O

ATIKENYALA bibi siwo tso dukɔ 40 kple edzivɔ me la va Moscow hena takpekpe aɖe (60th Jubilee International Congress of the European Society for Cardiovascular and Endovascular Surgery) wɔwɔ tso May 20-22, 2011. Television dzi nyadzɔdzɔgblɔla aɖe si le Russia la gblɔ be: “Takpekpe sia tɔgbi le vevie na ɖɔktawo ŋutɔ, abe ale si ko Olimpik fefewo le na kamedefefewɔlawoe ene.”

Le takpekpea me la, woɖo kplɔ̃ aɖe hã, si dzi dɔdamɔnu siwo me womezãa ʋu le o la ŋuti nyatakakawo nɔ si ŋu ame geɖe ŋutɔ te ɖo le ŋkeke etɔ̃ siwo katã me wowɔ takpekpea. Yehowa Ðasefowo ƒe Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanalawoe nɔ kplɔ̃ sia ŋu. Ðɔktawo va xɔ agbalẽwo, DVD-wo kple atikewɔnyawo ŋuti nyati gbogbo aɖewo siwo ku ɖe dɔdamɔnu vevi sia ŋu la kple dzidzɔ. Ame geɖe ŋutɔ di be yewoaxɔ video si le DVD dzi si ƒe tanyae nye Transfusion-Alternative Strategies—Simple, Safe, Effective (Stratégies alternatives à la transfusion : simples, sûres, efficaces).a

Ðɔkta siwo va nyatakakaxɔƒea dometɔ geɖe lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be yewoanɔ amekomɔnu siwo me ʋu medona le ame ŋu fũu o la ŋu dɔ wɔm. Italy ɖɔkta aɖe si koa ame ƒe dzi, si ƒo nu le takpekpea me la gblɔ be yenya Yehowa Ðasefowo nyuie, eye be yewɔ dɔ na Ðasefo abe 70 ene dzidzedzetɔe ʋumadomadoe. Egblɔ hã be yewowɔa dɔ na amewo ʋumadomadoe le yeƒe kɔa dzi. Nufialagã aɖe si wɔa dɔ le Deutsches Herzzentrum Berlin (Germany Dzi Ŋuti Nusrɔ̃ƒe Si Le Berlin) la xɔ DVD ma ƒe ɖeka na eɖokui, eye wòxɔ ɖeka na eƒe dɔwɔhati hã. Egblɔ na nyaselawo be yewɔ dɔ na vidzĩ kokoe aɖe si ƒe kpekpeme nye kilogram eve kple afã pɛ ko ʋumadomadoe. Egblɔ kpee be yewowɔ dɔ na vidzĩ siwo ƒe kpekpeme mede ema o la gɔ̃ hã le yeƒe kɔa dzi.

Ɣleti ɖeka megbe tso esime wowɔ takpekpea le Moscow la, ɖɔkta siwo tso dukɔ vovovowo me la de takpekpe bubu aɖe (Fourth Belomorsk Symposium of Anesthesiologists and Intensive Care Physicians of the Northwest Region of Russia) le dugã si nye Arkhangel’sk me. Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanalawo gaɖo kplɔ̃ ma ke tɔgbi ɖe afi sia hã, eye ame geɖe gado vivi ɖe woƒe nyatakakawo ŋu. Esi ɖɔkta aɖe si tso St. Petersburg kpɔ nu siwo nɔ kplɔ̃a dzi la, egblɔ be: “Nu siawo tututue hiã mí!” Egblɔ be ete ɖe ye dzi be yeƒe dɔwɔhatiwo dometɔ aɖewo gale ʋu dom na ame siwo dzo fiã, le esi ʋudodo na dɔnɔwo zu numame na wo ta ko. Egblɔ kpee dzidzɔtɔe be: “Miaƒe nyatakakawo aɖe vi ŋutɔ le ame siwo dzo fiã ŋuti takpekpe bubu si woawɔ le St. Petersburg.”

Le xexea me godoo la, ɖɔkta siwo va le dzesi dem viɖe siwo dona tso dɔdamɔnu siwo me womezãa ʋu le o ŋu dɔ wɔwɔ me la ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi. Ðeko míalala akpɔe ɖa nenye be gbe ɖeka la, ɖɔktawo katã ava trɔ ɖe dɔdamɔnu nyui sia ŋu.—g12-E 09.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yehowa Ðasefowoe wɔe.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Yehowa Ðasefowo ƒe Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanalawoe nɔ kplɔ̃ sia ŋu. Ðɔktawo va xɔ agbalẽwo, DVD-wo kple atikewɔnyawo ŋuti nyati gbogbo aɖewo

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ðɔktawo kpɔ dzidzedze le dɔwɔwɔ na amewo ʋumadomadoe me to dɔdamɔnuwo, amekomɔnu siwo me ʋu medona le ame ŋu fũu o, dɔwɔnuwo kple atikewo ŋu dɔwɔwɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe