INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 5/13 axa 12-13
  • Kores Gãtɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kores Gãtɔ
  • Nyɔ!—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALE SI KORES WƆ XƆ BABILON
  • NYAGBLƆÐI ÐEDZESI AÐEWO
  • ÐEÐEKPƆKPƆ WƆNUKU AÐE
  • ALEKE NYA SIAWO KA WÒE?
  • Mawu Ƒe Amewo Dzo Le Babilon
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yehowa—“Mawu Dzɔdzɔetɔ Kple Ðela”
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
  • Asi Aɖe Va Ŋlɔ Nu Ðe Gli Ŋu
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Sidzedze Dɔla Nyuitɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Nyɔ!—2013
g 5/13 axa 12-13

Kores ƒe yɔdo

BLEMATƆWO ŊUTI NYA

Kores Gãtɔ

Le ɣletigbalẽ si míezãna egbea nu la, nane dzɔ ɖe Babilon si nye Babilon Fiaɖuƒea ƒe fiadu la dzi le October 5 kple 6 le ƒe 539 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli (D.M.Ŋ.) ƒe zã me togbɔ be edze abe nu ma mate ŋu adzɔ o ene hã. Le zã ɖedzesi ma me la, Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe aʋakɔ aɖe va xɔ dua, aʋafia si nɔ ŋgɔ na woe nye Persia Fia Kores si wogayɔna be Kores Gãtɔ. Ezã aʋawɔɖaŋu wɔnuku aɖe.

ALE SI KORES WƆ XƆ BABILON

Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Esime Kores tso ɖe Babilon ŋu la, Babilon nye Titina Ɣedzeƒe-du si xɔ ŋkɔ wu ɣemaɣi—ɖewohĩ eyae nye du si xɔ ŋkɔ wu le xexea me godoo.” (Ancient World Leaders—Cyrus the Great) Babilon dua le Frat-tɔsisi dzi, eye tɔsisi sia me tsiwo yɔ ʋe gã globo siwo woɖe ƒo xlã dua ƒe gli kɔkɔwo hã, eye nu siawo katã na wòdze abe womate ŋu axɔ dua o ene.

Kores ƒe amewo trɔ mɔ na Frat-tɔsisia me tsiwo le Babilon dua ƒe dzigbe gome, eye esia na tɔsisia ƒe akpa si si to dua me la mie. Azɔ aʋawɔlaawo zɔ to tsia me ɖaɖo dua ƒe agbo si wogblẽ ɖe nuvo la nu, woxɔ Babilon, eye dua me tɔwo mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. Blemaŋutinyaŋlɔla Herodotus kple Xenophon gblɔ be le zã si me wodze dua dzi la, Babilontɔwo ka ɖe dua ta kpɔnuwo dzi eye wosusui be yewole dedie ale gbegbe be wo dometɔ geɖewo nɔ aglo tum, eye fia ŋutɔ hã nɔ eme. (Kpɔ aɖaka si nye “Asinuŋɔŋlɔa Le Glia Ŋu.”) Gawu la, Kores ƒe aʋadziɖuɖu sia na Biblia me nyagblɔɖi ɖedzesi aɖewo va eme.

Biblia gblɔe ɖi be Kores axɔ Babilon

NYAGBLƆÐI ÐEDZESI AÐEWO

Yesaya ƒe nyagblɔɖiwo ɖe dzesi ŋutɔ, elabena woŋlɔ wo ɖi xoxo anɔ abe ƒe 200 ene do ŋgɔ—ɖewohĩ ƒe 150 do ŋgɔ na Kores dzidzi! Kpɔ esiawo dometɔ aɖewo ɖa:

  • Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Kores axɔ Babilon eye wòana ablɔɖe Yudatɔwo.​—Yesaya 44:28; 45:1.

  • Frat-tɔsisia amie, si ana be Kores ƒe aʋakɔa akpɔ mɔnu age ɖe dua me.​—Yesaya 44:27.

  • Woagblẽ dua ƒe agboa ɖe nuvo.​—Yesaya 45:1.

  • Babilon ƒe aʋawɔlawo ‘adzudzɔ aʋawɔwɔ.’​—Yeremiya 51:30; Yesaya 13:1, 7.

ÐEÐEKPƆKPƆ WƆNUKU AÐE

Do ŋgɔ la, Babilon ƒe aʋakɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, eye wokplɔ agbetsilawo ƒe akpa gãtɔ yi aboyo me. Ƒe nenie Yudatɔwo anɔ aboyoa me? Mawu gblɔ be: ‘Ne ƒe blaadre la de vɔ la, ekema mahe to na Babel-fia kple dukɔ ma kpakple Kaldea-nyigba le woƒe vodada ta, eye matsɔe awɔ gbegbee ɖikaa.’—Yeremiya 25:12.

Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Kores xɔ Babilon le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Emegbe kpuie la, ena ablɔɖe Yudatɔwo, eye wova ɖo wo denyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me, esia nye ƒe 70 pɛpɛpɛ le esime woɖe aboyo wo megbe. (Ezra 1:1-4) Eye Babilon ŋutɔ ya zu “gbegbe ɖikaa,” esia hã gaɖo kpe edzi be Biblia me nyagblɔɖiwo nye nyateƒe.

ALEKE NYA SIAWO KA WÒE?

Bu esia ŋu kpɔ: Biblia gblɔe ɖi be (1) Yudatɔwo anɔ aboyo me ƒe 70, (2) Kores axɔ Babilon eye wògblɔ aʋawɔɖaŋu si wòazã ƒe akpa veviwo ŋu nya ɖi, (3) Babilon azu gbegbe ɖikaa. Amegbetɔ dzro aɖeke mate ŋu anya nya mawo ahagblɔ wo ɖi o! Nyataƒoƒo si me susu le wue nye be: “Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ . . . wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.” (2 Petro 1:21) Vavãe, ele be míatsɔ ɖe le Biblia ƒe nyawo me.

EŊUTINYA VEVI AÐEWO

  • Woxɔe se be wodzi Kores le ƒe 600 D.M.Ŋ. lɔƒo me. Eku le aʋa me le ƒe 530 D.M.Ŋ. lɔƒo me.

  • Kores ƒe yɔdo gakpɔtɔ le Pasargadae si nye blema Persia du aɖe si Kores tso, eye wònye afi si wosrɔ̃a nu tso blemanuwo ŋu le le Iran.

  • Kores Ƒe Nuŋlɔɖikpe

    Kores ƒe Nuŋlɔɖikpe, si nye anyikpe si ƒe didime nye sentimeta 23 la na amewo ɖoa ŋku ale si Kores xɔ Babilon kple ale si wòɖe asi le aboyome siwo dome Yudatɔwo hã nɔ ŋu la dzi. Woyɔ nuŋlɔɖikpea be “nu siwo ŋu woke ɖo le blemadu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ƒe vevitɔwo dometɔ ɖeka.”

  • Persiatɔwo gadea bubu gã aɖe Kores ŋu kokoko.

“ASINUŊƆŊLƆA LE GLIA ŊU”

Le zã si me Kores dze Babilon dzi le vo me me la, Babilon Fia Belsazar nɔ aglo tum na eƒe “amegã akpewo” esime asibide aɖe dze nukutɔe wokpɔ. Ameawo katã kpɔ asibidea wòŋlɔ ɖe fiasã la ƒe gli si wosi akalo na la ŋu bena: “MENE, MENE, TEKEL, UFARSIN.”a​—Daniel 5:1, 5, 25.

Nyagblɔɖila Daniel ɖe nya ɣaɣla la gɔme na Belsazar ame si dzidzi ƒo la. Kpuie ko la, Daniel gblɔ na fia la be eƒe fiaɖuƒea ɖo “nuwuwu,” ‘wodae le nudanu’ me ke ele hodzoe akpa, eye be woama Babilon “fiaɖuƒe la atsɔ ana Mediatɔwo kple Persiatɔwo.” (Daniel 5:26-28) Nya sia nya va eme pɛpɛpɛ. Gawu la, va se ɖe egbea la, le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, wogblɔna be “Asinuŋɔŋlɔa le glia ŋu” tsɔ fiana be vɔ̃ alo nya vɔ̃ aɖe le ŋgɔ gbɔna.

a Nya siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ga ƒe kpekpeme aɖe. Kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 7 lia hena numekɔkɔ bubuwo. Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe