INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 63 axa 150-axa 151 mm. 1
  • Asi Aɖe Va Ŋlɔ Nu Ðe Gli Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Asi Aɖe Va Ŋlɔ Nu Ðe Gli Ŋu
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Asinuŋɔŋlɔ Le Gli Ŋu
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Kores Gãtɔ
    Nyɔ!—2013
  • Mawu Ƒe Amewo Dzo Le Babilon
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nya Ene Siwo Trɔ Xexeame
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 63 axa 150-axa 151 mm. 1
Asi aɖe le nu ŋlɔm ɖe gli ŋu

NUSƆSRƆ̃ 63

Asi Aɖe Va Ŋlɔ Nu Ðe Gli Ŋu

Belsazar va zu Babilon-fia. Gbe ɖeka ekpe dumegã gbogbo aɖewo be woava ɖu azã kpli ye. Eɖe gbe na eƒe subɔviwo be woatsɔ sikakplu siwo Nebukadnezar lɔ tso Yehowa ƒe gbedoxɔa me la vɛ. Belsazar kple ame siwo wòkpe la no aha le kpluawo me eye wokafu woƒe mawuwo. Enumake asi aɖe dze eye wòdze nya siwo gɔme womese o ŋɔŋlɔ ɖe xɔ si me wonɔ aha nom le la ƒe gli ŋu.

Belsazar vɔ̃ ŋutɔ. Eyɔ eƒe dzotɔwo eye wòdo ŋugbe na wo be: ‘Ame si aɖe nuŋɔŋlɔ sia me nam la maɖoe wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le Babilon.’ Wotee kpɔ gake wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe nyawo me nɛ o. Emegbe fianyɔnua va afi ma eye wògblɔ be: ‘Ŋutsu aɖe li si ŋkɔe nye Daniel, ame si ɖea nyawo gɔme na Nebukadnezar. Ate ŋu aɖe nya siawo me na wò.’

Daniel va fia Belsazar gbɔ. Eye fia la gblɔ nɛ be: ‘Ne ète ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔa eye nèɖe egɔme la, matsɔ sikakɔsɔkɔsɔ ade kɔ na wò, eye ànye etɔ̃lia aɖu dzi le Babilon.’ Daniel gblɔ nɛ be: ‘Wò nunanawo nenɔ anyi na wò, gake maɖe nu si nya siawo fia la me na wò. Tɔwò, Nebukadnezar, nye dadala, eye Yehowa bɔbɔe ɖe anyi. Ènya nu siwo katã dzɔ ɖe edzi la nyuie, gake mède bubu Yehowa ŋu o eye nèno wain le sikakplu siwo wolɔ tso eƒe gbedoxɔa me la me. Eya tae Mawu ŋlɔ nya siawo: Mene, Mene, Tekel kple Parsin. Nya siawo fia be Mediatɔwo kple Persiatɔwo ava tsrɔ̃ Babilon, eye màganye fia azɔ o.’

Fia Kores ƒe aʋawɔlawo le zɔzɔm to tɔsisia me ɖo ta Babilon dua ƒe agbo nu

Edze abe ame aɖeke mate ŋu aɖu Babilon dzi o ene. Gli titri aɖe kple tɔsisi si me goglo lae kpɔa dua ta. Gake le zã ma me la, Mediatɔwo kple Persiatɔwo va dze wo dzi. Persia-fia Kores trɔ mɔ na Frat-tɔsisia ale be eƒe asrafowo te ŋu zɔ eme yi dua ƒe agbowo nu. Esi woɖo la, wokpɔe be agboawo nɔ ʋuʋu! Asrafoawo ge ɖe eme bibibi, wotsrɔ̃ dua eye wowu fia la. Eye Kores va zu Babilon dua ƒe dziɖula.

Le Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la, egblɔ be: ‘Yehowa de dɔ asi nam be magbugbɔ gbedoxɔ si le Yerusalem la atu. Eƒe dukɔ la me tɔ ɖe sia ɖe si di be yeakpe asi ɖe dɔa ŋu la ate ŋu ayi faa.’ Eya ta abe ale si Yehowa gblɔe ɖi ene la, Yudatɔ geɖe trɔ yi aƒe esi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 megbe. Kores na wotsɔ sikakplu, klosalokplu kple ŋudɔwɔnu siwo Nebukadnezar na wolɔ tso gbedoxɔa me la yii. Èkpɔ ale si Yehowa to Kores dzi xɔ na eƒe amewoa?

“Emu loo! Babilon Gã la mu, eye wòzu gbɔgbɔ vɔ̃wo kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã  . .  nɔƒe!”—Nyaɖeɖefia 18:2

Nyabiasewo: Nu si woŋlɔ ɖe glia ŋu la gɔme ɖe? Nu kae Yehowa gblɔ na Kores be wòawɔ?

Ezra 1:1-11; Daniel 5:1-30; Yesaya 44:27–45:2; Yeremiya 25:11, 12

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe