INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 11/13 axa 16
  • Ðe ‘Nètua Aglo Atraɖiia’?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe ‘Nètua Aglo Atraɖiia’?
  • Nyɔ!—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mateo 6:34—“Migatsi Dzimaɖi Le Etsɔ Si Gbɔna La Ƒe Nuwo Ŋuti O”
    Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
  • Bu Etsɔme Ŋu Le Wò Agbenɔnɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • 4 | Kpɔ Mɔ Be Nuwo Ava Nyo
    Nyɔ!—2022
  • Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàkpɔ Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2013
g 11/13 axa 16

Ðe ‘Nètua Aglo Atraɖiia’?

“Hiãtɔ ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃; ke dzi kpɔdzidzɔ enye aglotutu atraɖi.” —Lododowo 15:15.

NU KAE nya mawo fia? Nya mawo ku ɖe ame ƒe nuŋububu kple seselelãme ŋu. “Hiãtɔ” nɔa nu siwo aɖe dzi le eƒo ŋu bum eye eƒe nuŋububu sia wɔnɛ be eƒe ŋkekewo nyea “vɔ̃” alo yɔa fũu kple nuxaxa. Gake ame si ‘dzi dzɔna’ ya nɔa nu siwo dea dzi ƒo na ame ŋu bum, esia wɔnɛ be eƒe dzi dzea eme, eye ‘wòtua aglo atraɖii.’

Mí katã míedoa go kuxi siwo ate ŋu ana be dzi madzɔ mí o. Ke hã nanewo li míate ŋu awɔ siwo akpe ɖe mía ŋu míayi edzi akpɔ dzidzɔ le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Bu nya si Biblia gblɔ ŋu kpɔ.

  • Mègatsi dzimaɖi ɖe etsɔ si gbɔna ŋu fũu akpa egbea o. Yesu Kristo gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple ye ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.”—Mateo 6:34.

  • Dze agbagba nana wò susu nanɔ nu nyui siwo dzɔ le wò agbe me la ŋu. Ne dzi ɖe le ƒowò la, ɖe manyo be nàŋlɔ nu nyui siwo dzɔ le wò agbe me la ɖi ahade ŋugble le wo ŋu oa? Azɔ hã, mèganɔ vodada alo nu gbegblẽ siwo nèwɔ va yi la ŋu bum fũu o. Srɔ̃ nu tso wo me, eye nàɖe zɔ ayi ŋgɔ. Nɔ abe ʋukula si kpɔa eƒe megbekpɔhuhɔ̃e me sẽ ko ɖea ŋku ɖa la ene. Azɔ hã nenɔ susu me na wò be ‘Mawu gbɔe tsɔtsɔke vavãtɔ tsona.’—Psalmo 130:4.

  • Ne dzimaɖitsitsi te wò ɖe to la, gblɔe na ame aɖe si ate ŋu ade dzi ƒo na wò. Lododowo 12:25 gblɔ be, ‘Nuxaxa tea míaƒe dzi ɖe to, ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na dzi.’ “Xɔlɔ̃nya” ma ate ŋu atso ƒometɔ alo xɔlɔ̃ si dzi nèka ɖo, si “lɔ̃a ame ɣesiaɣi,” la gbɔ. Ame sia manye ame si mekana ɖe ame dzi alo ɖea dzi le ame ƒo o.—Lododowo 17:17.

Biblia me nya siwo me nunya le la kpe ɖe ame geɖe ŋu wole dzidzɔ geɖe wu kpɔm le agbe me le nɔnɔme sesẽwo kura gɔ̃ hã me. Na nya vevi mawo nakpe ɖe wò hã ŋuwò.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe