INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/14 axa 14-15
  • Nu Si Nàwɔ Ne Nu Te Ðe Viwò Nyɔnuvi Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Nàwɔ Ne Nu Te Ðe Viwò Nyɔnuvi Dzi
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • KUXIA
  • Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi
    Nyɔ!—2010
  • Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Nuteɖeamedzi Nu
    Nyɔ!—2020
  • Nuteɖeamedzi Nyuitɔ Kple Gbegblẽtɔ
    Nyɔ!—1998
  • Nuteɖeamedzi​—Ale Si Nànɔ Te Ðe Enu
    Nyɔ!—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 2/14 axa 14-15
Vidada aɖe le akɔ fam na via si dzi nu te ɖo

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | VIHEHE

Nu Si Nàwɔ Ne Nu Te Ðe Viwò Nyɔnuvi Dzi

KUXIA

Vidada aɖe le ŋku lém ɖe via si dzi nu te ɖo la ŋu

Viwò nyɔnuvi gblɔ be nu te ɖe ye dzi. Wò nu ku nèbia ɖokuiwò be: ‘Ƒe 13 vi hã nagblɔ be nu te ɖe ye dzia? Metsi nu nate ɖe edzi o ɖe!’ Hafi nàhayi nya sia gblɔ ge ɖe viwòa ŋu la, bu nu siwo ate ŋu ana be nu nate ɖe edzi le agbe me la dometɔ aɖewo ŋu gbã.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Tɔtrɔ siwo vana le ame ƒe ŋutilã me. Sɔhɛmeɖoɖo ate ŋu ana nyɔnuvi natsi dzodzodzoe, vevietɔ ne eƒe sɔhɛmeɖoɖo ƒe tɔtrɔwo tsi megbe alo do ŋgɔ na wo tɔwo tɔ. Annaa si xɔ ƒe 20 fifia gblɔ be: “Menye nyɔnuvi siwo te noléwuibabla kaba la dometɔ ɖeka, esia na metsi dzodzodzoe le ɖokuinye me. Ne metsɔ ɖokuinye sɔ kple hanyeti bubuwo la, mesena le ɖokuinye me be ame saga aɖe koe nye ya menye, ɖeko wòwɔna nam abe nyemede o ene.”

Seselelãme ƒe tɔtrɔ. Karen si xɔ ƒe 17 fifia la gblɔ be: “Metɔtɔ le ɖokuinye me ale gbegbe elabena nyemenya nu si tae mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ le ŋkeke me gake le zã me ko la menɔa avi fam hehehe o. Nyemenya nu si le fu ɖem nam o. Ewɔ abe ɖe nane gblẽ le nye seselelãmewo ŋu ene.”

Asiɖoanyi ƒe gɔmedzedze. Kathleen si nye ɖetugbuivi aɖe gblɔ be: “Togbɔ be danye ɖe nu geɖe me nam tso asiɖoanyi ŋu hã la, esi meɖo asi anyi zi gbãtɔ la, ɖeko wòwɔ abe nyemese naneke tso eŋu kpɔ o ene. Meléa tsi zigbɔzi geɖe le ŋkekea me elabena ewɔna nam abe ŋunye mekɔ o ene. Nu si gavlo wue nye be nɔvinye ŋutsu etɔ̃awo koam vevie. Nye asiɖoɖo anyi ƒe nya sia ɖi kokoe na wo.”

Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo. Marie si xɔ ƒe 18 fifia gblɔ be: “Le nye ƒe 12 va se ɖe ƒe 14 xɔɣi la, hanyetiwo ƒoa nya ɖe nunye vevie. Nye sukuhatiwo ɖua fewu le ame sia ame si ƒe agbenɔnɔ to vovo na wo tɔ la ŋu vevie.” Anita si xɔ ƒe 14 la gblɔ be: “Mí sɔhɛwo míedina vevie be mía tɔwo nalɔ̃ míaƒe nya eye ne woɖe mí le woƒe haa me la etena ɖe mía dzi ŋutɔ.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

De dzi ƒo na viwòa wòagblɔ nu si le tetem ɖe edzi na wò. Le gɔmedzedzea la, madi be yeaƒo nu tso eŋu o. Gake gbɔ dzi ɖi nɛ eye nàwɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be ame sia ame “naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.”​—Yakobo 1:19.

Mègabu viwòa ƒe nuteɖeamedzia fefenyae o. Ðo ŋku edzi be meto nu siwo gbegbe me nèto le agbe me la me kpɔ o, eya ta menya nu boo aɖeke tso nuteɖeamedzi ŋu kaka wòahayi ale si wòanɔ te ɖe enu la nya ge o.​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Romatɔwo 15:1.

Mègalɔ aƒemedɔwo kɔ ɖe viwòa dzi gleglegle o. Le agbalẽ aɖe (Teach Your Children Well) ƒe nya nu la, nu tena ɖe sɔhɛ siwo dzi wolɔ aƒemedɔwo kɔ ɖo gleglegle la dzi “zi geɖe, vevietɔ enana ta alo dɔ me ɖua wo.”​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Filipitɔwo 1:9, 10.

Kpɔ egbɔ be alɔ̃ sua viwòa nyuie. Zi geɖe la, sɔhɛwo ƒe kuxi gbãtɔe nye be wonana alɔ̃ tsia wo ŋu. Gake ne viwòa medɔa alɔ̃ wòsunɛ nyuie o la, eƒe susu maganɔ nu lém tututu o eye esia awɔe be nuteɖeamedzi nakpe edzi bɔbɔe.​—Biblia ƒe gɔmeɖose: Nyagblɔla 4:6.

Kpe ɖe viwòa ŋu wòanɔ te ɖe nuteɖeamedzi nu le mɔ nyuitɔ nu. Le nyɔnuvi aɖewo gome la, kamedede nana woƒe nuteɖeamedziwo dzi ɖena kpɔtɔna. Biblia gblɔ be: “Kamedede nyo.” (1 Timoteo 4:8) Le nyɔnuvi bubuwo ya gome la, wokpɔe be ne yewoŋlɔ nu siwo me tom yewole ɖi la ekpena ɖe yewo ŋu yewonɔa te ɖe nuteɖeamedziwo nu. Brittany si xɔ ƒe 22 gblɔ be: “Esime menye ɖetugbuivi la, meŋlɔa kuxi siwo nyemete ŋu kpɔ ta na o la ɖi. Esia kpena ɖe ŋunye megasena ale si mese le ɖokuinye me tso kuxia ŋu la gɔme nyuie eye wònɔa bɔbɔe nam be makpɔ egbɔ loo alo maɖe asi le eŋu.”

Ðo kpɔɖeŋu ɖi nɛ. Aleke wò ŋutɔ nènɔa te ɖe nuteɖeamedzi nui? Ðe nètsɔa dɔ geɖe doa agba na ɖokuiwò eye nèva tɔtɔna ne nu va kpeke wòa? Ðe nèvuna ɖe dɔ ŋu vevie eye mègakpɔa vovo ɖe nu siwo le vevie wu le agbe me la ŋu oa? Filipitɔwo 4:5 gblɔ be: “Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.” Ðo ŋku edzi be viwòa le wò kpɔɖeŋuwo srɔ̃m eɖanye nyui alo vɔ̃ o.

a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

MAWUNYAKPUKPUI VEVI AÐEWO

  • “Ele na mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la be míatsɔ ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo.”—Romatɔwo 15:1.

  • ‘Kpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii nyuie.’​—Filipitɔwo 1:9, 10.

  • “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.”​—Nyagblɔla 4:6.

DZILAWO ƑE KPƆÐEŊU

Ðetugbui si ŋkɔe nye Laura gblɔ be: “Vovo menɔa fofonye ŋu kura o, gake esia meɖea dzi le eƒo o. Ne nya aɖe dzɔ la, nya gbãtɔ si wògblɔnae nye be ‘Aleke míele egbɔ kpɔ gee?’ alo ‘Mɔ nyui ka dzie míato akpɔ kuxi sia gbɔ?’ Nya siwo fofonye lɔ̃a gbɔgblɔ la dometɔ ɖekae nye ‘Kuxi siwo míedoa goe le agbe me ya menye naneke o gake ale si míekpɔa wo gbɔe yenye nya.’ Esi wònye be ame madebliboe fofonye hã nye ta la, nu tena ɖe edzi ɣeaɖewoɣi ya. Gake menana kuxiwo kpea edzi gbeɖe o. Kpɔɖeŋu nyui aɖee wònye nam.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe