INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/14 axa 6
  • Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo?
  • Nyɔ!—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexeame Katã Ƒe Kuxi Aɖe
    Nyɔ!—2001
  • Ameɖokuiwuwu—Sɔhɛwo Ƒe Fuwɔame La
    Nyɔ!—1998
  • Nusita Amewo Ðea Woƒe Agbe Ða
    Nyɔ!—2001
  • Ameɖokuiwuwu—Dɔvɔ̃ Ɣaɣla La
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 4/14 axa 6
Ŋutsu si dzi nu te ɖo eye wònɔ eɖokuiwuwu ŋu bum

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo?

DIANAa nye ɖetugbui si ƒe tagbɔ kɔ, edoa vivi ɖe ame ŋu eye wòwɔa xɔlɔ̃. Togbɔ be nɔnɔme lédziname siawo le Diana si hã la, seselelãme ɖefuname aɖe ɖe kpe nɛ si nana wòsena le eɖokui me be yemele ɖeke me o. Ɣeaɖewoɣi la, seselelãme sia ɖea fu nɛ ŋkekewo, kwasiɖawo kple ɣletiwo. Egblɔ be: “Ku dzroam gbe sia gbe. Mexɔe se be xexea me anya nɔ na amewo wu ne meku.”

“Numekukuwo ɖee fia be ne ame ɖeka wu eɖokui la, ke ame 200 aɖewo ya tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokuiwo eye ame 400 hã bu eŋu.”​—THE GAZETTE, MONTREAL, CANADA.

Diana gblɔ be yemawu ye ɖokui gbeɖe ya o. Gake ɣeaɖewoɣi la, menyaa nu si koŋ tae wòagayi edzi anɔ agbe ɖo o. Egblɔ be: “Medina vevie be afɔku aɖe nadzɔ ɖe dzinye maku. Ku va zu nye velia, ke menye nye futɔ o.”

Ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me abe Diana ene, eye wo dometɔ aɖewo hã susui alo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui. Ke hã, numekulawo gblɔ be le ame siwo tee kpɔ be yewoawu yewo ɖokui ƒe akpa gãtɔ gome la, menye ɖe wodi ŋutɔŋutɔ be yewoaɖe yewoƒe agbe ɖa o. Ðeko wodi be yewoatsi yewoƒe fukpekpewo nu. Kpuie ko la, wokpɔe be susu aɖe le yewo si si ta wòle be yewoawu yewo ɖokui ɖo. Eya ta nu si hiã koe nye be woakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be susu aɖewo li siwo tae wòle be woayi edzi anɔ agbe.

Nu ka tae wòle be nàyi edzi anɔ agbe ɖo? Kpɔ susu etɔ̃ siwo tae la ɖa.

ALAKPANYA: Nuƒoƒo tso ameɖokuiwuwu ŋu alo nya ma yɔyɔ ɖeɖe dzaa gɔ̃ hã nana be amewo dina be yewoatee kpɔ.

NYATEƑENYA: Nuƒoƒo tso ameɖokuiwuwu ŋu nana be ame si di be yeawu ye ɖokui la bua eƒe kuxia gbɔ kpɔnu bubuwo ŋu.

a Míetrɔ ŋkɔa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe