INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 5/14 axa 14-15
  • Ŋugbledede

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋugbledede
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu kae nye ŋugbledede?
  • Vi kae ŋugbledede ate ŋu aɖe na wò?
  • Ðe wòle be míaɖu mía ɖokui dzi le nu siwo ŋu míade ŋugble le gomea?
  • Ŋugbledede si Ŋu Viɖe Le
    Nyɔ!—2000
  • Ŋugblemeyiyi Kple Gbedodoɖa Le Vevie Be Míanye Subɔla Siwo Me Dzo Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò
    Midzi Ha Na Yehowa
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 5/14 axa 14-15
Ŋutsu aɖe le ŋugble dem

NU SI BIBLIA GBLƆ

Ŋugbledede

Nu kae nye ŋugbledede?

“Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.”​—Psalmo 77:13.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ŋugbledede ƒomevi vovovowoe li, eye wo dometɔ geɖe dzɔ tso blema Asiatɔwo ƒe subɔsubɔwo me. Ame aɖe si ŋlɔ agbalẽ tso ŋugbledede ŋu gblɔ be: “Ele be susua me nanɔ ƒuƒlu hafi nàte ŋu abu tame nyuie.” Eƒe nyawo fia be ne ame ƒe susu me le ƒuƒlu hafi wòle nya aɖewo alo foto aɖewo ŋu bum la, ana eƒe dzi nadze eme, eƒe susu me nakɔ eye wòase mawusubɔsubɔ gɔme nyuie wu.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia de asixɔxɔ gã aɖe ŋugbledede ŋu. (1 Timoteo 4:15) Gake ŋugbledede si ƒe dzi Biblia de ƒo la mebia be woaɖe nu sia nu le susua me ahanɔ nya ɖeka ƒomevi aɖewo gblɔm atraɖii o. Ke boŋ ŋugbledede si ƒe dzi Biblia de ƒo la bia be woaɖoe koŋ anɔ nu ɖɔʋuwo, abe Mawu ƒe nɔnɔmewo, eƒe sededewo kple eƒe nuwɔwɔwo, ene ŋu bum. Mawusubɔla wɔnuteƒe aɖe do gbe ɖa be: “Mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo ŋu.” (Psalmo 143:5) Egblɔ hã be: ‘Meɖo ŋku dziwò le nye aba dzi, menyɔ le zã, eye mebu ŋuwò.’​—Psalmo 63:7.

Vi kae ŋugbledede ate ŋu aɖe na wò?

“Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.”​—Lododowo 15:28.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Ŋugbledede nyui nana be nɔnɔme nyuiwo sua mía si, míeɖua mía ɖokui dzi, eye míeléna ɖe nyui ŋu hetsria vɔ̃. Nɔnɔme siawo katã kpena ɖe mía ŋu nugɔmesese kple nunya dzena le míaƒe nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me. (Lododowo 16:23) Ŋugbledede sia nana hã be míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me. Psalmo 1:3 gblɔ tso ame si dea ŋugble tso Mawu ŋu edziedzi ŋu be: “Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nu sia nu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!”

Ŋugbledede nana hã be míaƒe nugɔmesese kple ŋkuɖoɖonudzi ƒe ŋutete dzina ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ne míesrɔ̃ nu tso Mawu ƒe nuwɔwɔ aɖe alo Biblia me nyati aɖe ŋu la, míekena ɖe nu dodzidzɔname geɖewo ŋu. Gake ne míede ŋugble tso nu mawo ŋu la, míekpɔa ale si wodo ƒome kple wo nɔewo hetsɔa wo sɔna kple nu siwo míenya tsã. Abe ale si ko atikpala tsɔa ati kpaa kplɔ̃ nyui aɖee ene la, nenema kee ŋugbledede kpena ɖe mía ŋu míeƒoa nyatakaka vovovowo nu ƒu wòkpena ɖe mía ŋu míesea nuwo gɔme nyuie.

Ðe wòle be míaɖu mía ɖokui dzi le nu siwo ŋu míade ŋugble le gomea?

“Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ame ka ahadze sii ma?”—Yeremiya 17:9.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Amegbetɔwo ƒe dzi me, ye susu vɔ̃wo doa go tso: agbe gbegblẽ nɔnɔwo, fififiwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ŋukpenanuwɔwɔ, ŋku si biãa ŋu, . . . movidzɔdzɔ.” (Marko 7:21, 22) Abe ale si ko wòhiã be woalé dzo bibi nu be magagblẽ nu o ene la, ehiã be míaɖu mía ɖokui dzi le nu siwo ŋu míedea ŋugble le gome. Ne menye nenema o la, susu vɔ̃wo ava xɔ aƒe ɖe míaƒe dzi me si awɔe be míawɔ nu gbegblẽwo.​—Yakobo 1:14, 15.

Esia tae Biblia de dzi ƒo na mí be míanɔ ŋugble dem tso ‘nu siwo nye nyateƒe, nu siwo ŋu wòhiã be woabu vevie, nu siwo le dzɔdzɔe, nu siwo le dzadzɛ, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo ŋu woƒoa nu nyui le, nɔnɔme nyuiwo, kple nu siwo dze kafukafu la’ ŋu. (Filipitɔwo 4:8, 9) Ne míedea ŋugble tso nu nyui siawo ŋuti la, nɔnɔme nyuiwo asu mía si, dze anɔ míaƒe nuƒo me, eye mí kple amewo dome anɔ nyuie.​—Kolosetɔwo 4:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe