Ŋugblemeyiyi Kple Gbedodoɖa Le Vevie Be Míanye Subɔla Siwo Me Dzo Le
1. Nu kae kpe ɖe Yesu ŋu be meɖe mɔ wohe eƒe susu ɖa le eƒe dɔ vevitɔ ŋu o?
1 Yesu zã fiẽsi la nɔ dɔ dam na amewo eye wònɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe. Esi ŋu ke eye eƒe nusrɔ̃lawo ke ɖe eŋu la, wogblɔ nɛ be: “Ame sia ame koe le diwòm.” Woto nya sia dzi nɔ dzi dem ƒo nɛ be wòayi eƒe nukudɔawo dzi. Gake Yesu meɖe mɔ esia he eƒe susu ɖa le eƒe dɔ vevitɔ si nye gbeƒãɖeɖedɔa dzi o. Eɖo eŋu na wo be: “Mina míayi teƒe bubu, le kɔƒedu siwo gogo afi sia la me, be maɖe gbeƒã le teƒe mawo hã, elabena tameɖoɖo sia tae medo go ɖo.” Nu kae kpe ɖe Yesu ŋu eƒe susu nɔ nu vevitɔ ŋu? Efɔ fɔŋli yi ɖade ŋugble hedo gbe ɖa. (Mar. 1:32-39) Alekee ŋugblemeyiyi kple gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanye gbeƒãɖela siwo me dzo le?
2. Nu kawo ŋue míate ŋu ade ŋugble le be woakpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ subɔsubɔdɔa dzonɔamemetɔe?
2 Nu Ka Ŋue Míade Ŋugble Le? Yesu de dzesii be “wowɔ fu [amewo], eye woka hlẽ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.” (Mat. 9:36) Nenema kee míawo hã míate ŋu asusu ale si gbegbe amewo hiã na nya nyuia sese la ŋu. Míate ŋu ade ŋugble le ale si ɣeyiɣi si me míele la bia nuwɔwɔ kpatae la ŋu. (1 Kor. 7:29) Míate ŋu ade ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo kpakple eƒe nɔnɔmewo ŋu, míate ŋu ade ŋugble le mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míenye Yehowa Ðasefowo kpakple gbɔgbɔmekesinɔnu xɔasi siwo ŋu míeke ɖo le Mawu ƒe Nyaa me, siwo gakpɔtɔ le ɣaɣla ɖe ame siwo le míaƒe anyigbamama me la ŋu.—Ps. 77:12-14; Yes. 43:10-12; Mat. 13:52.
3. Ɣekaɣiwoe míate ŋu ade ŋugble?
3 Ɣekaɣiwoe Míate Ŋu Ade Ŋugble? Abe ale si Yesu wɔe ene la, ame aɖewo fɔna fɔŋli esime toɣliɖeɖe aɖeke meli o. Ame bubuwo hã lɔ̃a ŋugbledede le fiẽ me hafi womlɔa anyi. (1 Mose 24:63) Ne vovo menɔa mía ŋu kura o gɔ̃ hã la, míate ŋu adi ɣeyiɣi ade ŋugble. Ame aɖewo dea ŋugble ne woɖo ʋu yina teƒe aɖe. Ame aɖewo hã zãa ŋdɔnuɖuɣiwo na ŋugbledede esime toɣliɖeɖe aɖeke meli o. Ame geɖe kpɔe be ŋugblemeyiyi, hena ɣeyiɣi vi aɖe gɔ̃ hã, hafi akpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me kpena ɖe yewo ŋu yewoɖea gbeƒã kple dzonɔameme kpakple dzideƒo.
4. Nu ka tae wòle be míade ŋugble?
4 Ŋugblemeyiyi kple gbedodoɖa le vevie be míaƒe didi be míasubɔ Yehowa nade to ɖe edzi, ana míabu míaƒe tadedeagua nu vevitɔ kekeake le míaƒe agbe me, eye ado ŋusẽ míaƒe didi vevi si nye be míayi edzi aɖe gbeƒã. Ŋugbledede ɖe vi na Mawu ƒe Subɔla Gãtɔ, Yesu, eye aɖe vi na míawo hã nenema ke.