INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 6/15 axa 8-9
  • Ale Si Miaku Ðe Mia Nɔewo Ŋu Vevie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Miaku Ðe Mia Nɔewo Ŋu Vevie
  • Nyɔ!—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • KUXIA
  • 1 Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu
    Nyɔ!—2018
  • Alesi Nàwɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Nali Ke
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nu 2lia: Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu
    Nyɔ!—2009
  • Yi Edzi Nàtsɔ Ðokuiwò Ana Le Wò Srɔ̃ɖeɖea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 6/15 axa 8-9
Srɔ̃tɔ kpɔdzidzɔ aɖewo le zɔzɔm le sno me

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Miaku Ðe Mia Nɔewo Ŋu Vevie

KUXIA

Mieka atam na mia nɔewo le miaƒe srɔ̃ɖegbe. Atamkaka vevi ma bla mi le miaƒe agbenɔɣi katã, enye ale si mieɖoe kplikpaa be yewoaku ɖe yewo nɔewo ŋu ahakpɔ kuxi siwo ado mo ɖa la gbɔ.

Gake le ƒe aɖewo megbe la, mia dome masɔmasɔwo va zu kpekui le ayi me na mi. Ðe wò dzi gaku ɖe srɔ̃wò ŋu abe tsã enea?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Srɔ̃tɔ aɖewo le tɔdziʋu si seke lé ɖi la me

Kuku ɖe mia nɔewo ŋu nye seke aɖe si ate ŋu alé miaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te sesĩe

Menye kukuɖeameŋu ye nye kuxia o, nyagbɔkpɔnu boŋue. Ame geɖe susunɛ egbea be nunya manɔ eme be woaku ɖe ame srɔ̃ ŋu kple ame ƒe dzi blibo o. Ame aɖewo gblɔna be ele ko abe kɔsɔkɔsɔe wotsi ɖe afɔ na ame ale be mate ŋu asi le nyametsotso gbegblẽ si wòwɔ nu o ene. Gake wò ya bui boŋ be enye seke aɖe si ate ŋu alé miaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te sesĩe. Srɔ̃nyɔnu si ŋkɔe nye Megan gblɔ be, “Ne masɔmasɔ aɖe ɖo mia dome la, vi gã aɖe si ɖokuitsɔtsɔ na ame nɔewo bliboe ɖenae nye be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe kana ɖe edzi be ye srɔ̃ magbe ye o.”a Ne mieka ɖe edzi be naneke magblẽ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me o, togbɔ be nanewo mele yiyim nyuie o hã la, ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miakpɔ kuxiwo gbɔ.—Kpɔ aɖaka si nye “Kukuɖeameŋu Kple Nuteƒewɔwɔ.”

Nya vevitɔ: Ne kuxiwo le mo dom ɖa le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me la, ehiã be miaku ɖe mia nɔewo ŋu vevie ke mègabui be kukuɖeameŋue nye kuxia o. Aleke miate ŋu awɔ esiae?

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Dzro ɖokuiwò me. “Miezu srɔ̃tɔwo tegbee.” Ðe nya sia nana nèsusunɛ be yele xadza mea alo ɖe wònana nèsena le ɖokuiwò me be yele dediea? Ne masɔmasɔwo ɖo mia dome la, srɔ̃gbegbe koe nèsusuna be eyae nye nyagbɔkpɔnu nyuitɔa? Be miate ŋu agaku ɖe mia nɔewo ŋu geɖe wu la, ele vevie be miabu srɔ̃ɖeɖea be enye ɖoɖo si nɔa anyi ɖaa.—Biblia ƒe mɔfiame: Mateo 19:6.

Lé ŋku ɖe nu siwo me nèto ŋu? Nu siwo nèkpɔ tso dziwòlawo gbɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèbua kukuɖeameŋu la dzi. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lea gblɔ be: “Dzinyelawo gbe wo nɔewo esime menye ɖevi. Eye mevɔ̃na be woƒe nuwɔnaa akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ale si mebua kuku ɖe ame nɔewo ŋu la dzi.” Gake ka ɖe edzi be nuwo mayi alea le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me kokoko o, wò kple srɔ̃wò miate ŋu aku ɖe mia nɔewo ŋu. Mègavɔ̃ be nu si dzɔ ɖe ye dzilawo dzi la adzɔ ɖe ye hã ye dzi godoo o!—Biblia ƒe mɔfiame: Galatiatɔwo 6:4, 5.

Lé ŋku ɖe wò nuƒoƒo ŋu. Ne nyaʋiʋli aɖe ɖo wò kple srɔ̃wò dome la, mègagblɔ nya siwo ava ve wò emegbe abe “Magbe wò” alo “Mayi aɖaɖe ame aɖe si ade asixɔxɔ ŋunye!” ene o. Nya mawo menana srɔ̃tɔwo kuna ɖe wo nɔewo ŋu o, eye le esi miakpɔ kuxi siwo do mo ɖa gbɔ teƒe la, ɖeko wòana be miava nɔ dzugbe gãgãwo dudum ɖe mia nɔewo dzi. Le esi nànɔ nya tɔamewo gblɔm teƒe la, àte ŋu agblɔ be: “Edze ƒãa be mí ame evea míedo dziku. Aleke míawɔ akpɔ kuxi sia gbɔ ɖekae?”—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 12:18.

Na wòadze na amewo be yeƒe dzi ku ɖe ye srɔ̃ ŋu. Da srɔ̃wò ƒe foto ɖe wò dɔwɔkplɔ̃ dzi le wò dɔwɔƒe. Ƒo nu nyui tso srɔ̃wòa ŋu na amewo. Ðoe be gbe sia gbe la, ne yemele aƒe me o alo yeyi dɔ me la, yeanɔ ye srɔ̃a yɔm. Nenye numame na wò be nànɔ nya siwo nye “mí” kpakple “nye kple srɔ̃nye” zãm. Esia ana wòadze na wò ŋutɔ kple ame bubuwo siaa be wò dzi ku ɖe srɔ̃wòa ŋu.

Srɔ̃ nu tso ame siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui gbɔ. Lé ŋku ɖe srɔ̃tɔ siwo tea ŋu ɖua woƒe srɔ̃ɖeɖemekuxiwo dzi la ŋu. Bia wo be: “Vi kae kuku ɖe mia nɔewo ŋu ɖe na mi? Aleke wòkpe ɖe mia ŋu le miaƒe srɔ̃ɖeɖea me?” Biblia gblɔ be: “Ale si wotsɔa ga nyrea gae la, nenemae ame nyrea nɔviae.” (Lododowo 27:17) Abe ale si Biblia me mɔfiame sia gblɔe ene la, ɖe manyo ŋutɔ be miadze agbagba asrɔ̃ nu tso ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖewo kpɔ dzidzedze la ƒe aɖaŋuɖoɖowo me oa?

a Biblia ɖe mɔ be ame ate ŋu agbe srɔ̃a nenye be srɔ̃a wɔ ahasi. Kpɔ nyati si nye “Nu Si Biblia Gblɔ—Ahasiwɔwɔ” le Nyɔ! sia me.

MAWUNYAKPUKPUI VEVI AÐEWO

  • “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.”—Mateo 19:6.

  • “Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agba.”—Galatiatɔwo 6:5.

  • “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene, ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.”—Lododowo 12:18.

KUKUÐEAMEŊU KPLE NUTEƑEWƆWƆ

“Ne wò kple srɔ̃wò miewɔa nuteƒe na mia nɔewo la, ana miabu miaƒe srɔ̃ɖeɖea be enye nu si anɔ anyi ɖaa. Ne miebu ɣleti kple ƒe gbogbo siwo le mia ŋgɔ ŋu la, miakpɔe le susu me be yewogale yewo nɔewo gbɔ. Mava susu me na mi kura be ɣeyiɣi aɖe aɖo si miagava nye srɔ̃tɔwo o, eye esia naa miaƒe srɔ̃ɖeɖea nɔa dedie. Srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔ be: “Ne dzi kum helĩhelĩ ɖe [srɔ̃nye] ŋu eye nu si le dzɔdzɔm ɖe mía dzi medzɔ dzi nam kura o gɔ̃ hã la, nyemetsia dzi be míaƒe srɔ̃ɖeɖea me ava gblẽ o. Metsia dzi ɖe ale si tututu míawɔ be nuwo nagaɖɔ ɖo ŋu. Menyae be nuwo agaɖɔ ɖo godoo—ɖeko nyemenyana ale si tututu míawɔe enumake o.”—Etso Gbetakpɔxɔ, September 15, 2003 me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe