INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g18 No. 2 axa 4
  • 1 Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1 Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu
  • Nyɔ!—2018
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI WÒFIA
  • NU SI TA WÒLE VEVIE
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • AÐAŊUÐOÐOWO
  • Nu 2lia: Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu
    Nyɔ!—2009
  • Ale Si Miaku Ðe Mia Nɔewo Ŋu Vevie
    Nyɔ!—2015
  • Alesi Nàwɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Nali Ke
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Yi Edzi Nàtsɔ Ðokuiwò Ana Le Wò Srɔ̃ɖeɖea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2018
g18 No. 2 axa 4
Seke aɖe lé tɔdziʋu aɖe ɖe te esi ahom nɔ tutum

Kuku ɖe ame nɔewo ŋu le abe seke si alé miaƒe srɔ̃ɖeɖea ɖe te ne kuxiwo do mo ɖa ene

NA SRƆ̃TƆWO

1 Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu

NU SI WÒFIA

Atsu kple asi siwo ku ɖe wo nɔewo ŋu la bua woƒe srɔ̃ɖeɖea be enye nu si anɔ anyi ɖaa, eye esia nana wosena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ka ɖe edzi be ye nɔvi awɔ nuteƒe ne nɔnɔme sesẽwo do mo ɖa gɔ̃ hã.

Ezu dzizizi na atsu kple asi aɖewo be woanɔ wo nɔewo gbɔ le nu si wo xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo agblɔ ta. Gake ne lɔlɔ̃ kple bubudede ame nɔewo ŋu ye na woku ɖe wo nɔewo ŋu la, ema nyo wu kura.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: ‘Srɔ̃ŋutsu nagagblẽ srɔ̃a ɖi o.’—1 Korintotɔwo 7:11.

“Ne srɔ̃tɔwo ku ɖe wo nɔewo ŋu eye ame ɖeka wɔ vodada la, wometsɔnɛ vevie o. Wotsɔnɛ kea wo nɔewo eye woɖea kuku kaba. Ne kuxiwo do mo ɖa la, wokpɔa egbɔ eye womebunɛ be enye nu si dzi yewoanɔ te ɖo agbe yewo nɔewo o.”—Micah.

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ne kuxiwo ɖo atsu kple asi siwo meku ɖe wo nɔewo ŋu o dome la, zi geɖe la woƒoa nya ta be, ‘Míesɔ na mía nɔewo o’ eye wodia mɔ siwo dzi woato atso srɔ̃ɖeɖea me.

“Ame geɖe ɖea srɔ̃ eye wonɔa susu wɔm be ne srɔ̃ɖeɖea medze edzi o la, yewoaɖe ta le eme. Ne amewo ɖe srɔ̃ evɔ wole mɔ kpɔm be ne kuxi aɖe do mo ɖa la, yewoagbe yewo nɔewo la, ke efia be womeku ɖe wo nɔewo ŋu tso gɔmedzedzea o.”—Jean.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

DO ÐOKUIWÒ KPƆ

Ne nyahehe aɖe ɖo mia dome la . . . 

  • Ðe wòvaa susu me na wò be menye ame siae wòle be maɖe hafi oa?

  • Ðe wòdzroa wò be yeadzo ava ɖe ame bubua?

  • Ðe nègblɔa nyawo abe “Madzo le gbɔwò” alo “Mayi ava di ame si akpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye” enea?

Ne èɖo nya siawo dometɔ ɖeka alo esi wu ema ŋu be ɛ̃ la, ke ele be nàdo ŋusẽ wò kple srɔ̃wò dome kadodoa.

WÒ KPLE SRƆ̃WÒ MIÐO DZE TSO NYA SIAWO ŊU

  • Ðe míaƒe kadodoa me gbɔdzɔa? Ne ŋuɖoɖoae nye ɛ̃ la, nu ka gbɔe wòtso?

  • Afɔ kawoe míate ŋu aɖe fifia atsɔ ado ŋusẽ míaƒe kadodoa?

AÐAŊUÐOÐOWO

  • Ŋlɔ lɔlɔ̃nyawo na srɔ̃wò ɣeaɖewoɣi

  • Da srɔ̃wò ƒe foto ɖe kplɔ̃ dzi le wò dɔwɔƒe

  • Ƒo ka na srɔ̃wò ne èle dɔ me alo mèle aƒe me o

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.”—Mateo 19:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe