INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 3 axa 16
  • Anyidi Ƒe Kɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Anyidi Ƒe Kɔ
  • Nyɔ!—2016
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Siwo Kpena Ðe Sahara Dzogbe Dzi Ƒe Anyidi Ŋu Wònɔa Te Ðe Dzoxɔxɔ Nu
    Nyɔ!—2017
  • Ale Si Anyidi Ƒomevi Aɖe Ðea Ðinuwo Le Eƒe Dzesidenu Ŋu
    Ðe Wowɔea?
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2016
  • “Yi Anyidi Gbɔ”
    Nyɔ!—1995
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2016
g16 No. 3 axa 16

ÐE WOWƆEA?

Anyidi Ƒe Kɔ

Anyidɔ tsɔ gbe ɖe nu

ALE SI anyidi tea ŋu kɔa nu siwo kpena wu eya ŋutɔ zi geɖe la wɔa nuku na mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo ŋutɔ. Be woate ŋu ase anyidi ƒe ŋutete sia gɔme la, mɔ̃ɖaŋudɔwɔla siwo le Amerika le Ohio Nutoa ƒe yunivɛsiti tsɔ kɔmpiuta wɔ nane si ɖi anyidi be wòawɔ nu pɛpɛpɛ abe anyidi ene. X-ray fotoɖemɔ̃woe wozã tsɔ wɔ anyidi sia be woatsɔ akpɔ ŋusẽ si gbegbe anyidi zãna hafi tea ŋu kɔa agba kpekpewo.

Anyidi ƒe kɔe nye eƒe ametia ƒe akpa vevi si kpena ɖe eŋu wòtea ŋu kɔa agba kpekpe ɖe nu. Lã falɛfalɛ siwo le anyidi ƒe kɔ ŋu la miãna ɖe eƒe ametia ƒe sesẽƒe kple eƒe ta ŋu wònɔna abe ale si wodea asi asitɛ me ene. Numekulawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ale si kɔa va miãna ɖe taa kple eƒe ametia ƒe sesẽƒea ŋu hiã vevie ŋutɔ be kɔa nate ŋu awɔ eƒe dɔ. Ðewohĩ ale si eƒe ametia ƒe akpa si bɔbɔ va miãna ɖe sesẽƒea ŋu lae nana be ŋusẽ nɔna eŋu be wòtsɔa agba siwo lolo wu eya ŋutɔ.” Numekulawo le mɔ kpɔm be ne yewova se ale si anyidi ƒe kɔ wɔa dɔe gɔme nyuie la, akpe ɖe yewo ŋu be yewoawɔ robɔt siwo gade ŋgɔ wu.

Nu kae nèsusu? Ðe anyidi ƒe kɔ wɔnuku la kple ale si wòwɔa dɔe la dzɔ le eɖokui sia? Alo wɔla lae wɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe