INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 5 axa 10-11
  • Karbɔn Nye Nu Wɔnuku Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Karbɔn Nye Nu Wɔnuku Aɖe
  • Nyɔ!—2016
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Gɔmedzenu Veviwo Va Dzɔ le Vomea?
    Nyɔ!—2000
  • Míaƒe Anyigba si Gblẽm Wole Afɔkuawo Le Dzɔdzɔm le Teƒe Geɖe
    Nyɔ!—1993
  • Ŋkuléle Ðe Nu Makpɔmakpɔwo Ŋu—Nukawoe Dze?
    Nyɔ!—2000
Nyɔ!—2016
g16 No. 5 axa 10-11

Karbɔn Nye Nu Wɔnuku Aɖe

Karbɔn ƒe atɔmwo

Agbalẽ aɖe (Nature’s Building Blocks) gblɔ be: “Nu siwo nana míenɔa agbe la dometɔ aɖeke mele vevie de karbɔn nu o.” Nɔnɔme tɔxɛ aɖewo le karbɔn si si na eƒe atɔmwo tea ŋu léna ɖe wo nɔewo kple dzɔdzɔmenu bubu geɖewo hã ŋu. Esia wɔnɛ be wòtea ŋu tsakana kple nu bubuwo zua nu yeye miliɔn geɖe. Wole kekem ɖe nu yeye siawo ŋu gbe sia gbe hele nu siwo de sɔsɔ ge kpli wo hã tom vɛ.

Abe ale si kpɔɖeŋu siwo gbɔna ɖee fiae ene la, karbɔn ƒe atɔmwo ate ŋu aƒo ƒu awɔ nu siwo ƒe nɔnɔme le abe kɔsɔkɔsɔwo, piramidwo, nu kotoewo, nu gbadzɛwo kple nu lɔbɔe siwo me to le. Karbɔn nye nu wɔnuku aɖe vavã!

LOTAMEKPE

Lotamekpe

Karbɔn ƒe atɔmwo ƒoa ƒu kple wo nɔewo le piramid ƒe nɔnɔme me eye woyɔnɛ le Eŋlisigbe me be tetrahedron. Nɔnɔme sia nana wòliana ale gbegbe si wɔnɛ be lotamekpe sesẽna wu kpe ɖe sia ɖe si wonya. Lotamekpe adodoea nye karbɔn ƒe atɔmwo ɖeɖe dzaa ƒe ƒuƒoƒo kple wo nɔewo.

GRAFAIT

Pensil

Karbɔn ƒe atɔm siwo lé ɖe wo nɔewo ŋu kpaɖii la tea ŋu ɖena ɖa le wo nɔewo ŋu abe ale si ko agbalẽ ɖeɖi siwo le wo nɔewo dzi la tea ŋu ɖena ɖa ene. Nɔnɔme tɔxɛ siawo wɔnɛ be grafait nye nu si bɔbɔa nu eye wòwɔa akpa vevi aɖe le nuŋlɔti si nye pensil (crayon) me.a

GRAFEN

Pensil si wote ɖe agbalẽ dzi

Esia nye karbɔn ƒe atɔm siwo tsyã ɖe wo nɔewo ŋu le dzogoe ade me abe ɖɔ ene. Grafen sesẽ wu gayibɔ bobobo. Ne woŋlɔ nu kple pensil la, grafen suesue siwo le wo nɔewo dzi ƒe ɖeka alo esi wu ema nɔa eme.

FULEREN

Fuleren

Wonye karbɔn me nu suesuesue siwo me do le, eye wole nɔnɔme vovovowo abe bɔl kple nu lɔbɔe siwo me to le ene la me. Woyɔa wo le eŋlisigbe me be nanotubes, eye ŋku mate ŋu akpɔ wo o. Ne wobe woadzidzee la, anye meta ɖeka si woma ɖe biliɔn ɖeka me ƒe ɖeka.

NUGBAGBEVIWO

Nugbagbevi siwo me karbɔn le

Lãmenugbagbevi siwo le nu miemiewo, lãwo kple amegbetɔwo me la nɔ te ɖe karbɔn ƒe dɔwɔwɔ dzi, eye karbɔn le nuɖuɖu siwo me goma, aminu kple amino acid le la me.

“[Mawu ƒe] nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna . . . le nu siwo wòwɔ la me.”—Romatɔwo 1:20.

a Kpɔ nyati si nye “Pensil Le Ame Aɖe Sia?” si dze le July 2007 ƒe Nyɔ! si le yevugbe me la me.

Ɣletivi

Karbɔn—Nu Si Nana Ɣletiviwo Klẽna Nyuie

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be nu siwo le ya ƒomevi etɔ̃ aɖewo tome lae ƒoa ƒu wɔa karbɔn, eye atɔmwo ƒe ƒuƒoƒo kple wo nɔewo alea yia edzi le ɣletivi siwo woyɔna be red giants la me. Gake be ya etɔ̃ siawo nado go la, ele be nanewo nayi edzi pɛpɛpɛ ɖe eƒe ɖoɖo si nu wòle la nu. Dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala Paul Davies gblɔ be: “Ne tɔtrɔ vi sue aɖe teti va dzɔdzɔmesewo ŋu la, xexea, agbe alo amegbetɔ aɖeke manɔ anyi o.” Aleke karbɔn si nana ɣletiviwo klẽna nyuie la wɔ va dzɔ? Ame aɖewo gblɔna be ɖeko wòdzɔ le eɖokui si. Ame bubuwo hã ka ɖe edzi be Wɔla nyanu aɖee wɔe. Esiawo dometɔ ka dzie nèda asi ɖo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe