INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 6 axa 14-15
  • Gamedzinɔnɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gamedzinɔnɔ
  • Nyɔ!—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu ka tae wòhiã vevie be míanɔ game dzi?
  • Nu kae nàte ŋu awɔ be nànɔ game dzi?
  • Nɔ Game Dzi Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míanye Gamedzinɔlawo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ètsia Megbe Ɣesiaɣia?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia ɖe Mawu ƒe Aƒea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2016
g16 No. 6 axa 14-15
Ŋutsu aɖe le gaƒoɖokui me kpɔm eye ŋutsu bubu le gegem ɖe xɔa me

NU SI BIBLIA GBLƆ

Gamedzinɔnɔ

Ame geɖe siwo tsia megbe zi geɖe gɔ̃ hã nya be gamedzinɔnɔ nyo. Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo tso gamedzinɔnɔ ŋu.

Nu ka tae wòhiã vevie be míanɔ game dzi?

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ame aɖewo kpɔe be ne yewozɔ ɖe game dzi heɖo teƒea miniti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la enana yewoɖea dzitsitsi dzi kpɔtɔna. Gamedzinɔnɔ wɔnɛ be wodea bubu ame ŋu. Le mɔ ka nu?

Gamedzinɔnɔ nana nuwo zɔna nyuie. Ne ènɔa game dzi la, eɖenɛ fiana be èkpɔ ŋusẽ ɖe wò nuwɔnawo dzi ke menye nuwɔnawoe kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò be màte ŋu awɔ nu siwo nèdi la o.

Gamedzinɔnɔ ana woaka ɖe dziwò. Esi amewo megawɔna ɖe woƒe ŋugbedodowo dzi o eye woɖea ta le nu siwo me woƒo ta ɖo te zi geɖe ta la, edzɔa dzi na amewo ne míewɔ ɖe míaƒe ŋugbedodowo dzi pɛpɛpɛ. Xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo dea bubu mía ŋu ne míewɔna ɖe game dzi. Dɔtɔwo melɔ̃a nu le dɔwɔla siwo vaa dɔme ɖe game dzi eye woƒe dɔwo metsia megbe o la gbɔ o. Zi geɖe la, woate ŋu ada ɖe fetu dzi na ame siwo wɔna ɖe game dzi, eye wokana ɖe wo dzi ŋutɔ.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia ƒe akpa aɖewo ƒo nu tso gamedzinɔnɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Mina nuwo katã nayi edzi nyuie ɖe ɖoɖo nu.” (1 Korintotɔwo 14:40) Ne ame eve ɖo game be yewoado go le afi aɖe la, anyo eye wòasɔ be woanɔ game dzi. Biblia gblɔ hã be: “Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye ɣeyiɣi li na nu sia nu wɔwɔ le dziƒoa te.” (Nyagblɔla 3:1) Nya siwo ƒo xlã kpukpui sia gblɔ be “nuƒãɣi li, eye nuŋeɣi li.” (Nyagblɔla 3:2) Agbledelawo ƒãa nu le ɣeyiɣi nyuitɔ me ɖe game dzi be yewoaxa nu geɖe. Ne míagblɔe bubui la, agbledelawo ƒe gamedzinɔnɔ ɖea vi geɖe.

Biblia gagblɔ susu vevi bubu si ta wònyo be míanɔ game dzi, eyae nye be: Míedea bubu amewo ŋu eye míedea asixɔxɔ woƒe ɣeyiɣiwo ŋu. (Filipitɔwo 2:3, 4) Gake ame siwo menɔa game dzi zi geɖe o la, gblẽa ɣeyiɣi na amewo.

‘Miganɔ miawo ŋutɔ miaƒe nyonyo ko dim o, ke midi ame bubuwo hã ƒe nyonyo.’—Filipitɔwo 2:4.

Nu kae nàte ŋu awɔ be nànɔ game dzi?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia de dzi ƒo be míadzra ɖo ɖe nuwo ŋu do ŋgɔ. (Lododowo 21:5) Ne ède dzesii be yetsia megbe enuenu la, ke ɖewohĩ ètsɔ nuwo do agba na ɖokuiwò fũu akpa. Ðe manyo be nàɖe nu siwo gblẽa ɣeyiɣi na wò madzemadzee dzi akpɔtɔ oa? Ðo game geɖe ɖe nuwo ŋu eye nàtso ɖe game dzi be màgatsi megbe o. Esia awɔe be ne tsi dza alo ʋuwo sɔ gbɔ ɖe mɔ dzi si ana be màɖo teƒea kaba o hã la, magblẽ nu boo le ŋuwò o.

Biblia de dzi ƒo be míanya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo. (Lododowo 11:2) Esia fia be nànya nu siwo ko nàte ŋu awɔ. Lé ŋku ɖe wò ɖoɖowo ŋu nàkpɔe ɖa be anya wɔ be yealɔ̃ axɔ dɔ bubu aɖe loo alo yeate ŋu awu dɔ aɖe nu ɖe game aɖe dzi hã. Ne dɔ gbogbo aɖewo le dziwò xoxo gake nègade ta bubuwo te la, ana wò ŋutɔ kple ame bubuwo miaxaxa ahatsi dzodzodzoe!

Biblia gagblɔ na mí be míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu. (Efesotɔwo 5:15, 16) Wɔ nu siwo le vevie la gbã. (Filipitɔwo 1:10) Le kpɔɖeŋu me, ne èle ʋu me alo le ame aɖe lalam la, zã ɣeyiɣia nàxlẽ nu siwo mekpɔ xlẽ haɖe o la alo nàwɔ ɖoɖo ɖe dɔ bubu siwo nàwɔ le ŋkekea me la ŋu.

“Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.”—Lododowo 21:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe