INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/08 axa 5-6
  • Ètsia Megbe Ɣesiaɣia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ètsia Megbe Ɣesiaɣia?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míanye Gamedzinɔlawo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nɔ Game Dzi Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Gamedzinɔnɔ
    Nyɔ!—2016
  • Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia ɖe Mawu ƒe Aƒea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 3/08 axa 5-6

Ètsia Megbe Ɣesiaɣia?

1. (a) Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo ku ɖe gamedzinɔnɔ ŋu? (b) Nu ka dzie gamedzinɔnɔ ɖoa kpee?

1 Ètsia dzi ɖe eŋua? Ðe nu ka ŋu? Ðe gamedzinɔnɔ le wò dɔwɔna ɖe sia ɖe me ƒe vevienyenye ŋu! Ènɔa Fiaɖuƒe Akpata me hafi kpekpeawo dzea egɔmea? Ðe èvaa kpekpeawo kaba ale be nàte ŋu ado dzaa na nɔviwo kple ɖetsɔlemetɔwo ahado gbe na wo vividoɖeameŋutɔe ne wova ɖo, eye be nàte ŋu awɔ dɔ bubuwoa? Ne èɖo game na ame aɖe la, ɖe ènɔa game dzia? Ne èwɔnɛ la, ekema ènye gamedzinɔla. Gamedzinɔnɔ nye ɖetsɔleme kple ameŋububu ɖeɖe fia. Gamedzinɔnɔ ɖoa kpe edzi be ènye ame si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu, eye ame siwo nèdea ha kpli la kpɔa ŋudzedze ɖe nɔnɔme sia ŋu ŋutɔ.

2. Nu kawoe ato mía ŋu ne míetsi megbe va kpekpeawo, nenye be miniti ʋɛ aɖewo koe wònye gɔ̃ hã?

2 Mɔ siwo dzi Kristotɔ ɖenɛ fiana be yebua amewo ŋu dometɔ ɖekae nye hame ƒe kpekpeawo vava ɖe game dzi. Esia nyea bubudede Yehowa Mawu ŋu kple asixɔxɔdede gbɔgbɔmenuɖuɖu si wònana la ŋu. Nu kae dzɔna ne miniti ʋɛ aɖewo koe míetsi megbe na kpekpeawo gɔ̃ hã? Viɖe siwo dona tso dzidede ƒo na ame nɔewo si yia edzi do ŋgɔ na kpekpea gɔmedzedze la masu mía si o. Mɔnukpɔkpɔ si asu mía si be míawɔ ɖeka kple mía nɔviwo le ha siwo doa Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe dzi la dzidzi dzidzɔtɔe, si nye míaƒe tadeagu ƒe akpa vevi aɖe, me la ato mía ŋu! Ne míetsia megbe yia kpekpeawo la, ate ŋu ana be mɔnukpɔkpɔ gã dedziƒoname si nye ɖekawɔwɔ kple hamea le gbedodoɖa na Yehowa me hã nato mía ŋu.

3. (a) Aleke megbetsitsi ate ŋu agblẽ nu le míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋui? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe. (b) Ne míetsi megbe va la, aleke wògblẽa nu le ame bubuwo ŋui?

3 Ne kpekpe aɖe dze egɔme miniti ʋɛ aɖewo hafi míeva ɖo la, ɖeko wòle abe míetsɔ nyati aɖe be míaxlẽ eye míedze egɔme tso memama enelia dzi ene—nu si ŋu nyatia ku ɖo kple ŋgɔdonya la ato mía ŋu, eye esia awɔe be nyati bliboa ƒe gɔmesese kple ale si míase vivi nɛ la dzi aɖe kpɔtɔ. Menye Biblia me nufiame vevi aɖe koe ato mía ŋu o, ke boŋ míahe mía nɔvi siwo va kaba la ƒe susu, eye esia awɔe be womakpɔ viɖe bliboe tso kpekpea me o.

4. (a) Ðewohĩ susu kawo tae ame aɖewo tsia megbe ɣesiaɣi? (b) Ne megbetsitsi zu numame na mí la, aleke amewo ate ŋu anɔ mía bumee?

4 Nu Ka Tae Ame Aɖewo Tsia Megbe Ɣesiaɣi? Ame aɖewo ate ŋu anye megbetsilawo koŋ, elabena womekpɔe be ele vevie be yewoamla yewo ɖokuiwo ahanye gamedzinɔlawo o. Ate ŋu adzɔ be amewo magade bubu ame aɖe si zu megbetsila koŋ evɔ menye le susu gobii aɖeke ta o la ŋu o. Aleke wòate ŋu adzɔe? Ame geɖe ate ŋu abui be, mebua ame ŋu o, metsɔa ɖeke le eme o, alo be womate ŋu aka ɖe edzi o gɔ̃ hã, eye le esia ta la, womate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu le nu bubuwo hã me o. Le go bubu me la, gamedzinɔnɔ nye mɔ aɖe si dzi míetona dea bubu Yehowa ŋu heɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo.—Tsɔe sɔ kple Mateo 7:12.

5. (a) Nu kae ate ŋu ana be ame aɖe natsi megbe na kpekpe aɖe? (b) Ne míetsi megbe la, nu kae wòle be míaɖo kplikpaa?

5 Enye nyateƒe be ɣeaɖewoɣi la, togbɔ be míadze agbagba vevie hã la, míatsi megbe na kpekpe aɖe. Ʋu si míeɖo ate ŋu ahe mí ɖe megbe, alo mía ŋutɔwo ƒe ʋu ate ŋu agblẽ atsi mɔ dzi. Ame aɖe si tso aƒe si me ma le mawusubɔsubɔ gome, alo nye vidada dzilaɖekɛ si si vi suewo le, eye wòle be wòakplɔ wo ava kpekpeawo la ate ŋu ado go kuxi siwo mele mɔ kpɔm na o esi wosɔ gbe hena dzodzo le aƒe me. Ne anya wɔ la, anyo be woaku kutri ayi kpekpea ahakpɔ gome le akpa si wova tso ɖo la me bliboe, tsɔ wu be kpekpe bliboa nato wo ŋu. Hamea me tɔ bubuwo ase nɔnɔme siawo tɔgbi gɔme. Gake nenye be nɔnɔmeawo nye esiwo ŋu míate ŋu awɔ nane le la, mina míakpɔ egbɔ be ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu ŋu, ɖoɖo nyui mawɔmawɔ, alo ɖekematsɔleme nagana míanye megbetsilawo ɣesiaɣi o.

6. Kpɔɖeŋu kae wòle be hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo naɖo le gamedzinɔnɔ gome?

6 Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ ne míekpɔe be hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo vaa kpekpeawo hafi míevana, wodoa gbe na mí hedoa dzaa na mí vividoɖeameŋutɔe, eye woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ deto fiana ɖe teokrasi ƒe ƒome nyui si me tɔwo míenye la ŋu. (Rom. 15:7) Eya ta ne hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla ye nènye la, nenɔ susu me na wò be ne mia kple wò ƒomea mieyia kpekpeawo ɖe game dzi la, enyea kpɔɖeŋu nyui aɖe na nɔviawo.—1 Pet. 5:3.

7. Nu kae nɔvi aɖewo wɔ te ŋu nɔ te ɖe kuxia nu?

7 Nu Kae Nàte Ŋu Awɔ? Aleke gbeƒãɖela aɖewo te ŋu nɔ te ɖe kuxi sia nui? Esi nɔvi aɖewo do gbe ɖa hebu nya la ŋu nyuie vɔ la, wote ɖe woƒe dɔtɔwo ŋu eye wowɔ ɖoɖo kple wo be yewoakpã kaba le kpekpe ƒe ŋkekewo dzi, eye yewoawɔ dɔ kpee le ŋkeke bubuwo dzi atsɔ aɖo eteƒe. Nɔvi bubu aɖewo ɖoe be ne game si yewoɖo na ame aɖe dze kpekpewɔɣi aɖe dzi la, ekema yewoadae ɖe ɣebubuɣi dzi. Ne míewɔa esia la, ke míele nu siwo le vevie wu la kpɔm dze sii to kpekpeawo dede kple gamedzinɔnɔ dzi—Lod. 21:5; Fp. 1:10.

8. Susu kawo tae wòle be míaƒo asa na megbetsitsi na kpekpe hena gbeadziyiyi?

8 Gamedzinɔnɔ le vevie hã le kpekpe hena gbeadziyiyi gome! Gbeƒãɖela geɖe siwo tsia megbe na kpekpe sia edziedzi la naa mɔnukpɔkpɔ be woade dzi ƒo na wo ahadzra wo ɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu la toa wo ŋu. De ŋugble tso esia hã ŋu kpɔ, ne gbeƒãɖela ewo tsi megbe miniti ade pɛ ko le esi wole nɔvi si ava kpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi la lalam ta la, esia fia be dɔwɔwɔ le gbeadzi ƒe gaƒoƒo ɖeka ye nye ma bu gbe ma gbe. Gamedzinɔnɔ nana be míezãa ɣeyiɣi geɖe le dɔ vevitɔ siwo nye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. Ne míenɔa game dzi la, esia naa kakaɖedzi sua ɖetsɔlemetɔ yeye siwo le habɔbɔ si teƒe míele me la si. Ne míenɔa game dzi la, míeɖenɛ fiana be míewɔna ɖe míaƒe nya dzi, eye míenaa míaƒe ‘Ɛ̃ nyea Ɛ̃ ko, eye miaƒe Ao nyea Ao ko.’—Mat. 5:37.

9. Le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose si dze le 2 Korintotɔwo 6:3, 4 me la, nu ka tae wòle be dzilawo kple Biblia fialawo nadze agbagba ɣesiaɣi anɔ game dzi?

9 Ele be dzilawo naɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo viwo le gamedzinɔnɔ me. Ne woɖo game na ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ la, ele be ƒomea me tɔwo katã nakpe asi ɖe ɖoɖoa ŋu to ale si woava nusɔsrɔ̃a wɔƒe ahanɔ game dzi me. Gbeƒãɖelawo ate ŋu afia woƒe Biblia nusrɔ̃viwo vevienyenye si le gamedzinɔnɔ ŋu to wo gbɔ yiyi ɖe game dzi hena kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nusɔsrɔ̃a dzi. (Luka 6:40) Ne míewɔa esia la, ame siwo léa ŋku ɖe mía ŋu la dea bubu mía ŋu, eye “míewɔa naneke si azu nukikli le mɔ aɖeke nu o, bene woagakpɔ vodada le míaƒe subɔsubɔdɔ la ŋu o.”—2 Kor. 6:3, 4.

10. Nu ka tae susu nyuiwo le mí katã si siwo tae wòle be míadze agbagba anye gamedzinɔlawo?

10 Eya ta ne nɔnɔme gbegblẽ si nye megbetsitsi ɣesiaɣi zu numame na mí la, mina míaɖo ŋku edzi be: Gamedzinɔnɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo, kpekpe hena gbeadziyiyi, kple gododo ƒe ɖoɖo bubuwo gome nyea bubu kple asixɔxɔ dede amewo ŋu. Eɖenɛ fiana be míenye moveviɖolawo eye woate ŋu aka ɖe mía dzi. Eɖenɛ fiana hã be míekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmemɔnuɖoɖo siwo Yehowa wɔ na mí la ŋu vavã. Ne nɔnɔme nyui sia le mí katã si eye mía ŋutɔwo míedzea agbagba vevie la, míate ŋu asrɔ̃ gamedzinɔnɔ!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe