INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g17 No. 6 axa 6-7
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
  • Nyɔ!—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nane Li Si Ana Míaƒe Etsɔme Nanyoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Nukae Nusiawo Katã Fia?
    Minɔ Ŋudzɔ!
  • Ðe Nuwuwua Gogoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Xexea Ƒe Nuwuwu
    Nyɔ!—2015
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2017
g17 No. 6 axa 6-7
Ŋutsu aɖe le xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me

Nu si Tsɔtsrɔ̃ŋkeke Ƒe Gaƒoɖokuia ɖe fia mava eme o, elabe Mawu do ŋugbe be etsɔme nyui aɖe li na amegbetɔwo kple anyigbaa

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE NUWO LE GBEGBLẼM ÐE EDZI LE XEXEA MEA?

Nya Kae Biblia Gblɔ?

BIBLIA gblɔ nɔnɔme sesẽ siwo le xexea me egbea la ɖi do ŋgɔ ƒe alafa geɖee nye esia. Gawu la Biblia gblɔ nu nyui siwo amegbetɔwo ava kpɔ le etsɔme la hã ɖi. Mele be míatsɔ dzitsitsi agblɔ be Biblia ƒe nyawo mate ŋu ava eme o, elabe nya geɖe siwo wògblɔ ɖi la va eme tsitotsito le mɔ wɔnukuwo nu.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Biblia me nyagblɔɖi siwo gbɔna ŋu kpɔ:

  • “Elabena dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, nuɖuɖu ave le teƒeteƒewo, eye anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo.”—Mateo 24:7.

  • “Ke nya esia be le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, totrilawo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ wu esi woalɔ̃ Mawu.”—2 Timoteo 3:1-4.

Ame aɖewo agblɔ be nyagblɔɖi siawo ɖɔ xexe aɖe si ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi ŋutɔ. Le mɔ aɖe nu la, míaƒe xexea ƒe nɔnɔmewo gblẽ kura—léƒe megava le wo ŋu na amegbetɔwo o. Biblia gblɔ be nunya kple ŋutete mele amegbetɔwo si woatsɔ aɖe kuxiwo ɖa keŋkeŋ o. Mawunyakpukpui siwo gbɔna la ɖo kpe nya sia dzi:

  • “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔ le woawo ŋutɔ ŋkume, ke eƒe nuwuwu nye ku ƒe mɔ.”—Lododowo 14:12.

  • “Amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.”—Nyagblɔla 8:9.

  • “Ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.”—Yeremiya 10:23.

Ne amegbetɔwo yi edzi lé woƒe mɔwo tsɔ la, xexea ate ŋu adze afɔku gãa aɖe. Gake ema madzɔ o! Nu ka tae? Nya si Biblia gblɔe nye be:

  • “[Mawu ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi; maʋã akpɔ o tso mavɔ me yi mavɔ me.”—Psalmo 104:5.

  • “Dzidzime nu yina, eye dzidzime vana, ke anyigba ya li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4.

  • “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

  • “Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi; woaxɔ towo tame keŋ.”—Psalmo 72:16.

Biblia me nufiafia siawo na míekpɔ ŋuɖoɖo siwo me kɔ. Yame ƒe ɖiƒoƒo, nuɖuɖu kple tsi ƒe veve alo dɔvɔ̃ matsrɔ̃ amegbetɔwo ɖa o. Xexea matsrɔ̃ le nukliaʋawɔwɔ aɖe me o. Nu ka tae? Elabena Mawu akpɔ míaƒe anyigba ta. Nyateƒee, Mawu ɖe mɔ amegbetɔwo zã woƒe tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe. Ke hã woakpɔ tiatia siwo wowɔ la me tsonuwo godoo. (Galatiatɔwo 6:7) Xexea mele abe keteke aɖe si le du dzi sesĩe matɔmatɔe yina afɔku dze ge ene o. Mawu ɖo seƒe na afi si amegbetɔwo ate ŋu agblẽ nu le wo ɖokuiwo ŋu ase ɖo.—Psalmo 83:18; Hebritɔwo 4:13.

Gake Mawu agava wɔ nu geɖe. Mawu ana “ŋutifafa gbogbo” nava xɔ aƒe ɖi. (Psalmo 37:11) Nu siwo ŋu woƒo nu tsoe le nyati sia me la nye nu nyui siwo ava eme le etsɔme la ƒe ʋɛ aɖewo ko, eye Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe srɔ̃ nu tso nu mawo ŋu le Biblia me.

Yehowa Ðasefowo nye ŋutsu kple nyɔnu siwo xɔ ƒe vovovowo eye wonye gbegbɔgblɔ vovovo dolawo le xexea me godoo. Wonye Mawu vavã, si ŋkɔe nye Yehowa, si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la subɔlawo. Womevɔ̃na na ale si etsɔme anɔ o, elabena Biblia gblɔ be: “Ale Yehowa, Dziƒowɔla, Eya, Ame si nye Mawu vavã la, anyigba la Mèla kple Ewɔla, Ame si ɖo egɔme anyi, menye ɖeko wòwɔe dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi la, gblɔe nye esi: ‘Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.’”—Yesaya 45:18.

Nyati sia dzro Biblia me nufiafia aɖewo siwo ku ɖe amegbetɔwo kple anyigbaa ƒe etsɔme ŋu la me. Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ gbadza si nye Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! ƒe nusɔsrɔ̃ 5 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae eye àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

Àte ŋu akpɔ video si nye Nu Ka Tae Mawu Wɔ Anyigba La? si le Internet dzi le www.jw.org/ee la hã. (Àkpɔe le AGBALẼWO > VIDEOWO)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe