Nukae Nusiawo Katã Fia?
YESU KRISTO gblɔ be: “Xexeame ƒe nuwuwu” ƒe dzesiwo anye aʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔvɔ̃wo, kple anyigbaʋuʋuwo.—Mateo 24:1-8; Luka 21:10, 11.
Tso ƒe 1914 me ke la, subɔsubɔhakplɔlawo kpe asi ɖe dunyahelawo ŋu zi geɖe le dukɔwo dome ʋawo kple gbevovovodolawo dome ʋa siwo gblẽ ame geɖe ƒe agbe dome la wɔwɔ me, eye fifia ya la, ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedze si ɖo afisiafi lae le aʋawo hem vɛ.
Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me le agbledenyawo me hã la, dɔ le ame miliɔn alafa geɖe wum vevie le anyigba dzi godoo. Ƒe sia ƒe la, ame miliɔn geɖe kuna le dɔwuame ta.
Dɔvɔ̃wo, alo dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖi siwo kaka, hã nye dzesi siwo Yesu na ƒe akpa aɖe. Le Xexemeʋa I megbe la, dɔ vɔ̃ɖi aɖe si nye dzamezã wu amesiwo wu 21,000,000. To vovo na dɔvɔ̃ siwo gblẽ nu tsã le teƒe sue aɖewo ko la, egblẽ nu le dukɔ geɖe ŋu le xexeame katã kpakple le ƒukpo siwo sa ɖe aga kura gɔ̃ hã dzi. AIDS le nu gblẽm le ame gbogbowo ŋu le xexeame godoo fifia, eye dɔvɔ̃wo abe yɔmekpe, asrã, ŋkutsitsidɔ, kple typhoid ene yi edzi le nu gblẽm le dukɔ madeŋgɔwo me.
Woka nya ta be anyigbaʋuʋu akpe geɖe siwo ƒe sesẽme le vovovoe dzɔna ƒe sia ƒe. Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi nyuiwo le anyigbaʋuʋuwo ŋuti nunya kple alesi woƒe sesẽme anɔe ŋu nyatakakawo nana do ŋgɔ ŋu hã, afɔku gã siwo anyigbaʋuʋu he vɛ le nuto siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo me ŋu nyawo gadzena le nyadzɔdzɔwo me kokoko.
Biblia gblɔe ɖi hã be: “Nya esia bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!”—Timoteo II, 3:1-5.
Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sẽ’ me oa?
Ðe nède dzesii be amewo nye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, kple amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzoo wògbɔ emea?
Amekae malɔ̃ ɖe edzi be xexeame yɔ fũ kple amesiwo dia woa ŋutɔ ƒe viɖe evɔ womedaa akpe o, womesea nu gɔme o, eye womewɔa nuteƒe o?
Ènyae be tomaɖomaɖo dzilawo kple amemalɔ̃malɔ̃ nye nɔnɔme siwo va bɔ ŋutɔ, menye le teƒe ʋɛ aɖewo ko o, ke boŋ le xexeame katãa?
Ðikeke aɖeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi be míele xexe aɖe si me vivisese lɔlɔ̃ va xɔ aƒe ɖo evɔ nu nyui lɔlɔ̃ ya meli o me. Aleae Biblia ƒo nu tso nɔnɔme siwo abɔ le “ŋkeke mamlɛawo me” ŋu enye si.
Ðe míegahiã nu geɖe wu hafi anya ɣeyiɣi tututu si me míelea? Yesu gblɔe ɖi hã be le ɣeyiɣi ma ke me la, woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le xexe bliboa katã me. (Mateo 24:14) Ðe wole ema wɔmaa?
Wotaa Gbetakpɔxɔ, si nye magazine aɖe si me nyawo wotu ɖe Biblia dzi be wòaɖe gbeƒã Yehowa ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me wu magazine bubu ɖesiaɖe.
Ƒe sia ƒe la, Yehowa Ðasefowo zãa gaƒoƒo siwo wu biliɔn ɖeka tsɔ ɖia ɖase na amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu.
Wotaa agbalẽ siwo ɖea nu me tso Biblia ŋu ɖe gbegbɔgblɔ siwo ade 400 kloe me, wotanɛ ɖe gbegbɔgblɔ siwo ƒuƒoƒo sue aɖe siwo sa ɖe aga ɖeɖeko dona gɔ̃ hã me. Yehowa Ðasefowo tsɔ nyanyuia ɖo dukɔwo katã me; woɖea gbeƒã le ƒukpo geɖe kple anyigbamama siwo le sue ale gbegbe be ame geɖe mese wo ŋkɔ kpɔ o kura gɔ̃ hã dzi. Le dukɔ akpa gãtɔ me la, woƒoa ƒu wɔa Biblia me hehenana ɖoɖo aɖe edziedzi.
Nyateƒee, wole gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le xexe bliboa katã me, menye be woatrɔ xexeame tɔwo katã o, ke boŋ be wòanye ɖaseɖiɖi. Wole mɔnukpɔkpɔ nam amewo le afisiafi be woaɖee afia ne wotsɔ ɖe le amesi wɔ dziƒo kple anyigba me, kple ne woade bubu eƒe sewo ŋu ahaɖe lɔlɔ̃ afia wo haviwo.—Luka 10:25-27; Nyaɖeɖefia 4:11.
Eteƒe madidi kura o, Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa le anyigba dzi eye wòatrɔe wòazu xexeame katã ƒe paradiso.—Luka 23:43.
[Aɖaka si le axa 6]
Nuka ƒe Ŋkeke Mamlɛawo?
Menye amegbetɔƒomea ƒe ŋkeke mamlɛawoe o. Biblia na agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ amesiwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.—Yohanes 3:16, 36; Yohanes I, 2:17.
Menye anyigbaa ƒe ŋkeke mamlɛawoe o. Mawu ƒe Nya la do ŋugbe be anyigba si dzi míele la anɔ anyi tegbee.—Psalmo 37:29; 104:5; Yesaya 45:18.
Ke boŋ esiae nye nuɖoanyi vɔ̃ɖi malɔ̃ame sia kple amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwɔnawo me vĩ la ƒe ŋkeke mamlɛawo.—Lododowo 2:21, 22.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ðe Biblia la Nye Mawu ƒe Nya Vavãa?
Biblia me nyagblɔɖilawo ŋlɔe enuenu be: “Ale Yehowa gblɔ esi.” (Yesaya 43:14; Yeremya 2:2) Yesu Kristo, Mawu ƒe Vi la, kura gɔ̃ hã na eme kɔ nyuie be ‘yemeƒoa nu le ye ɖokui si o.’ (Yohanes 14:10) Biblia la ŋutɔ gblɔe eme kɔ be: ‘Ŋɔŋlɔawo katã tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.’—Timoteo II, 3:16.
Wometa agbalẽ bubu aɖeke ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me alea gbegbe o—esi wu gbegbɔgblɔ 2,200 abe alesi Biblia Habɔbɔ Ƒoƒuawo ka nya tae ene. Womema agbalẽ aɖeke wòsɔ gbɔ de enu o—woma ɖekaɖeka siwo wu biliɔn ene fifia. Ðe menye alea nàkpɔ mɔ be gbedasi aɖe si tso Mawu gbɔ na ameƒomea katã la nanɔ oa?
Hena numedzodzro geɖe wu le kpeɖodzi siwo li be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso ŋu la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, si Yehowa Ðasefowo ta.
Ne èxlẽa Biblia helɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae wònye vavã la, aɖe vi geɖe na wò.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 8]
Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
Eyae nye dziɖuɖu si le dziƒo, si Mawu vavã Yehowa, amesi nye dziƒo kple anyigba Wɔla, la ɖo anyi.—Yeremya 10:10, 12.
Biblia gblɔ be Yesu Kristoe Mawu tsɔ dziɖuŋusẽa na. (Nyaɖeɖefia 11:15) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be yexɔ dziɖuŋusẽ gã aɖe tso Mawu gbɔ xoxo—dziɖuŋusẽ mae na wòkpɔ ŋusẽ ɖe yame ƒe nɔnɔme kple atsiaƒu dzi, wòda dɔléle ƒomevi ɖesiaɖe, hefɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Mateo 9:2-8; Marko 4:37-41; Yohanes 11:11-44) Biblia me nyagblɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me gblɔe ɖi be tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu atsɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo [asubɔe].” (Daniel 7:13, 14) Woyɔ dziɖuɖu ma be Dziƒofiaɖuƒe; dziƒoe Yesu Kristo le dzi ɖum tsoe fifia.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Wole gbeƒã ɖem nyanyuia le xexeame godoo