INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g18 No. 2 axa 14
  • 11 Dɔ Sesẽ Wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 11 Dɔ Sesẽ Wɔwɔ
  • Nyɔ!—2018
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI WÒFIA
  • NU SI TA WÒLE VEVIE
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • Ale Si Nàwɔ Ase Vivi Na Dɔ Sesẽ Wɔwɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Dɔwɔwɔ
    Nyɔ!—2015
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Me
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Se Vivi Na Dɔ Si Nèwɔna
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2018
g18 No. 2 axa 14
Ðetugbui aɖe le du ƒum

Ne èsrɔ̃ dɔ sesẽ wɔwɔ la ɖeko wòle abe kamedede ene; aɖe vi na wò fifia kple etsɔme siaa

NA SƆHƐWO

11 Dɔ Sesẽ Wɔwɔ

NU SI WÒFIA

Ame siwo doa vevie dɔ la mehena ɖe megbe le dɔ ŋu o. Ke boŋ wowɔa dɔ sesĩe, ne dɔa nye dɔ tsɛ gɔ̃ hã, tsɔ kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wokpena ɖe ame bubuwo hã ŋu.

NU SI TA WÒLE VEVIE

Míelɔ̃ alo míelɔ̃ o, ne míele agbe ko la agba le mía dzi. Le xexe si me amewo megalɔ̃na be yewoawɔ dɔ sesẽ o me la, ne ame doa vevie dɔ la, ade edzi.—Nyagblɔla 3:13.

“Mesrɔ̃e be ne èdoa vevie dɔ la, enyea dada na ame eye wònana ame ƒe dzi dzea eme. Le nyateƒe me la, dzidzeme si mekpɔna la kpe ɖe ŋunye meva lɔ̃ dɔwɔwɔ. Ne nɔnɔme nyui le asiwò ɖe dɔ ŋu la, ana ŋkɔ nyui hã nanɔ ŋuwò.”—Reyon.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Kutrikuku ɖe dɔwɔwɔ ŋu hea viɖe vanɛ.”—Lododowo 14:23.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Nɔnɔme nyui ate ŋu anɔ asiwò ɖe dɔ ŋu ne èwɔ ɖe afɔɖoƒe siawo dzi.

Srɔ̃ ale si nàwɔ nuwo memie. Ne èle aƒemedɔ, sukudɔdeasi, alo le dɔ bubu aɖe wɔm la, wɔe kple dzi blibo. Ne èva nya dɔ aɖe wɔwɔ la, di mɔ siwo dzi nàto awɔe nyuie, wòatsɔ eye wòanyo wu. Ne èva bi ɖe dɔa wɔwɔ me la, ana dɔa wɔwɔ nadzɔ dzi na wò geɖe wu.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ ŋua? Fiawo ŋkumee wòado ɖo; mado ɖe ame tsɛwo ŋkume o.”—Lododowo 22:29.

Kpɔ ale si wò dɔa aɖe vi na ame bubuwo. Le go geɖe me la, ne èwɔa wò dɔwo nyuie la, aɖe vi na ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, ne èléa fɔ ɖe aƒemedɔwo ŋu la, àna nuwo nanɔ bɔbɔe na ƒomea me tɔwo.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Wɔ dɔa wu esi wobia tso asiwò. Le esi nàwɔ dɔa ƒe sue aɖe ko la, dze agbagba nàwɔe wu esi wobia tso asiwò. Esia fia be mehiã be ame aɖe nazi dziwò be nàwɔ dɔ aɖe hafi nàwɔe o.—Mateo 5:41.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Nu nyui si nàwɔ la naganye le dzizizi ta o, ke boŋ wòanye esi wò ŋutɔ nèlɔ̃ faa be yeawɔ.”—Filemon 14.

Da sɔ. Ame si doa vevie dɔ mewɔa kuvia o, eye mevuna ɖe dɔ ŋu gbea ɖiɖiɖeme o. Edana sɔna, sea vivi na dɔ sesẽ wɔwɔ eye wòɖina ɖe eme hã.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asi-ʋlo eve.”—Nyagblɔla 4:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe