INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 2/1 axa 4-6
  • Ale Si Nàwɔ Ase Vivi Na Dɔ Sesẽ Wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàwɔ Ase Vivi Na Dɔ Sesẽ Wɔwɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SUSU NYUI NENƆ ASIWÒ ÐE DƆ ŊU
  • LÉ FƆ ÐE DƆ ŊU
  • ALE SI WÒ DƆA ÐEA VI NA AME BUBUWO LA NENƆ SUSU ME NA WÒ
  • WƆ DƆA WU ESI WOBIA TSO ASIWÒ
  • TSƆ WÒ DƆWƆÐUI DA ÐE NƆƑE SI SƆ
  • Se Vivi Na Dɔ Si Nèwɔna
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • 11 Dɔ Sesẽ Wɔwɔ
    Nyɔ!—2018
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Wò Dɔ Sesẽ Wɔwɔ Me
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Alesi Woatu Dɔwɔwɔ Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 2/1 axa 4-6
Ðekakpui aɖe le dɔ wɔm dzidzɔtɔe kple eƒe dɔwɔhatiwo

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALE SI NÀWƆ ASE VIVI NA DƆ

Ale Si Nàwɔ Ase Vivi Na Dɔ Sesẽ Wɔwɔ

“Be ame aɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.” (Nyagblɔla 3:13) Ne Mawu di be míase vivi na dɔwɔwɔ la, ɖe masɔ be míakpɔ mɔ be afia mí ale si míawɔ ase vivi na dɔ oa? (Yesaya 48:17) Dzidzɔtɔe la, eto eƒe Nya, Biblia, dzi fia mí hã. Bu aɖaŋuɖoɖo siwo tso Biblia me, siwo akpe ɖe ŋuwò nàse vivi na dɔwɔwɔ ŋu kpɔ.

SUSU NYUI NENƆ ASIWÒ ÐE DƆ ŊU

Dɔ si nèwɔna ɖabia susuŋudɔwɔwɔ alo ŋusẽ alo evea siaa o, de dzesii be ‘Fɔléle ɖe dɔ ŋu hea viɖe vɛ.’ (Lododowo 14:23) Viɖe ka ƒomevie wòhena vanɛ? Ðekae nye be, dɔ sesẽ wɔwɔ kpena ɖe mía ŋu ŋutilãmenuhiahiã veviwo sua mía si. Enye nyateƒe be Mawu do ŋugbe be yeakpɔ ame siwo subɔa ye anukwaretɔe la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo ya. (Mateo 6:31, 32) Ke hã edina be míawɔ mía tɔ sinua—be míaku kutri awɔ dɔ anukwaretɔe be míakpɔ míaƒe gbe sia gbe bolo.—2 Tesalonikatɔwo 3:10.

Eya ta míate ŋu abu dɔwɔwɔ be enye mɔ si dzi míato aɖo taɖodzinu aɖe gbɔ. Dɔwɔwɔ nye mɔ si ŋu bubu le, si dzi míato atsɔ míaƒe agbanɔamedziwo. Joshua, si xɔ ƒe 25 la gblɔ be: “Ne ètea ŋu kpɔa ɖokuiwò dzi la, efia be èkpɔ dzidzedze. Eye ne ètea ŋu ƒlea nu siwo hiã wò la, ekema wò dɔwɔɖuia le vi ɖem ale si dze.”

Gakpe ɖe eŋu la, dɔ sesẽ wɔwɔ nana bubu nɔa ame ŋu. Le nyateƒe me la, ne dɔa sesẽ la, ekema ebiaa kutrikuku hã. Ne míemla mía ɖokui heléa fɔ ɖe dɔ ŋu wɔna la, aleke kee dɔa ɖasesẽe alo tsia amee o, dzi adzɔ mí be míewɔa dɔ nyuie. Esia fia be míekpɔ dzidzedze—míesina le dɔ nu o. (Lododowo 26:14) Ema ko hafi míate ŋu ase vivi na dɔwɔwɔ. Aaron, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me la gblɔ be: “Ne mewɔ dɔ kutrikukutɔe ʋuu ŋkekea wu enu mlɔeba la, edzɔa dzi nam ŋutɔ. Ðeɖi anya te ŋunye eye ɖewohĩ ame bubuwo manya dɔ si gbegbe mewɔ ya o, gake menyanae be mewɔ dɔ vavã.”

LÉ FƆ ÐE DƆ ŊU

Biblia ƒo nu nyui tso ŋutsu si “zã le eƒe dɔwɔwɔ me” kple nyɔnu si tsɔa eƒe “asiwo wɔa dɔ kple dzidzɔ” la ŋu. (Lododowo 22:29; 31:13) Nyateƒee, zazã le dɔwɔwɔ me mevana le eɖokui si o. Eye ne míeɖu tu na dɔ aɖe o la, mía dometɔ geɖe metea ŋu sea vivi nɛ o. Ðewohĩ esia tae ame geɖe mesea vivi na woƒe dɔ o ɖo; womedzea agbagba be yewoaɖu tu na dɔa o.

Gake le nyateƒe me la, ame ate ŋu ase vivi na dɔ ɖe sia ɖe ƒomevi nenye be susu nyui le esi ɖe dɔa ŋu; ate ŋu ava eme alea nenye be amea ɖoe be yeasrɔ̃ dɔa ahanyae nyuie. William, si xɔ ƒe 24 la gblɔ be: “Ne melé fɔ ɖe nye dɔ ŋu eye mekpɔ nu nyui siwo do tso eme la, edoa dzidzɔ nam ale gbegbe. Gake ne èwɔa kuvia le dɔ gbɔ la, dzidzɔ ma mate ŋu asu asiwò o.”

Nyɔnu aɖe le agbagba dzem be yeabi ɖe dɔwɔʋua kuku me

ALE SI WÒ DƆA ÐEA VI NA AME BUBUWO LA NENƆ SUSU ME NA WÒ

Mègana wò susu nanɔ fetua ɖeɖe ko ŋu o. Ke boŋ bia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae nye dɔa le vevie ɖo? Aleke nuwo anɔ ne womewɔ dɔa sia o? Ke ne womewɔe nyuie o ɖe? Aleke nye dɔa ɖea vi na ame bubuwoe?’

Ele vevie ŋutɔ be nàbu biabia mamlɛtɔa ŋu nyuie, elabena ne míekpɔe be dɔ si wɔm míele la ɖea vi na ame bubuwo la, edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ame siwo míaƒe dɔwɔwɔ ɖea vi na tẽe ye nye míaƒe asisiwo kple míaƒe dɔtɔwo. Gake dɔ sesẽ si míewɔna la ɖea vi na ame bubuwo hã. Wo dometɔ aɖewoe nye míaƒe ƒometɔwo kple ame siwo hiã tu.

Míaƒe ƒometɔwo. Ne ƒome ƒe ta wɔa dɔ sesĩe tsɔ kpɔa eƒe ƒomea dzi la, eɖea vi na wo le mɔ eve ya teti nu. Gbã, etoa esia me nana agbemenuhiahiã veviwo abe nuɖuɖu, avɔtata, kple dɔƒe ene sua wo si. Aleae wòkpɔa dɔ si Mawu de esi, si nye be wòakpɔ “ye ŋutɔ ƒemetɔwo” ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo la gbɔ. (1 Timoteo 5:8) Evelia, dɔ sesẽ wɔla toa eƒe kpɔɖeŋua dzi fiaa dɔ sesẽ wɔwɔ ƒe vevienyenye eƒe ƒomea. Shane, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me la gblɔ be: “Ame siwo léa fɔ ɖe dɔ ŋu wɔna ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee fofonye nye. Enye anukwaretɔ si wɔ dɔ sesẽ le eƒe agbemeŋkekewo katã me, eye atikpadɔ koŋ wòwɔ. Eƒe kpɔɖeŋua na mekpɔ asinudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye dze sii, eye amewo kpɔa dzidzɔ geɖe ne ètsɔ asi wɔ nane si aɖe vi geɖe na wo.”

Ame siwo hiã tu. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be ‘woawɔ dɔ sesĩe ne woakpɔ nane ana ame si nu hiã.’ (Efesotɔwo 4:28) Le nyateƒe me la, ne míewɔa dɔ sesĩe be míakpɔ mía ɖokui kple míaƒe ƒomea dzi la, míanɔ klalo hã be míakpe ɖe ame siwo dzi nu mede o la ŋu. (Lododowo 3:27) Eya ta dɔ sesẽ wɔwɔ ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ geɖe.

WƆ DƆA WU ESI WOBIA TSO ASIWÒ

Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be: “Ne ŋusẽtɔ aɖe zi dziwò be nàwɔ dɔ aɖe na ye ahazɔ kpli ye kilometa ɖeka la, zɔ kilometa eve kplii.” (Mateo 5:41) Aleke nàte ŋu awɔ nufiame si le nya sia me la ŋu dɔ le wò dɔwɔwɔ me? Eyae nye be, mègawɔ dɔa ɖewoɖewoe o, di mɔ siwo dzi nàto awɔ dɔa nyuie wu ale si wobia tso asiwò. Ðo taɖodzinuwo na ɖokuiwò; tsɔe ɖo ɖokuiwò dzi be yeawɔ dɔa nyuie alo yeawu dɔa nu kaba. Kpɔ dzidzɔ ɖe dɔa ƒe akpa siwo hiã ŋkuléle ɖe nu ŋu etɔxɛe la ŋu.

Ŋutsu aɖe le nu dzram hele vivi dom ɖe eƒe nuƒlelawo ŋu

Ne èléa fɔ ɖe dɔ ŋu wɔna alea la, àse vivi na dɔwɔwɔ godoo. Nu ka tae? Nu si tae nye be èle dɔa wɔm tso dzi me faa. Elabena esi nèdi be yeawɔ dɔa tae nèle ewɔm ɖo, menye ame aɖekee zii ɖe dziwò o. (Filemon 14) Esia na míeɖo ŋku mɔfiame si le Lododowo 12:24 (NW) la dzi be: “Veviedola ƒe asie aɖu dzi; ke kuviatɔ ƒe asie awɔ kluvidɔ.” Enye nyateƒe be womazi mía dometɔ akpa gãtɔ dzi be míawɔ kluvidɔ alo dɔ sesẽ o. Gake ame si wɔa alɔgblɔdɔ la ate ŋu ase le eɖokui me be yezu kluvi; akpɔe be ɖeko amewo ɖoa nu na ye ɣesiaɣi. Evɔ ame si léa fɔ ɖe dɔ ŋu hewɔnɛ wu esi wobia tso esi ya wɔa dɔa ale si wòdii, eya ŋutɔe tsoa nya me le ale si wòawɔ dɔae ŋu. Evona le eɖokui me, elabena ame aɖeke meɖea gbe nɛ o.

TSƆ WÒ DƆWƆÐUI DA ÐE NƆƑE SI SƆ

Nu nyui aɖee wònye be woanye dɔ sesẽ wɔla, ke hã ele be míaɖo ŋku edzi be nu bubuwo gale vevie wu le agbea me. Enye nyateƒe be Biblia de dzi ƒo na mí be míanye veviedolawo ya. (Lododowo 13:4) Gake megblɔ be míanɔ dɔwɔwɔ dzi atraɖii o. Nyagblɔla 4:6 gblɔ be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu [dɔ sesẽ wɔwɔ] kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.” Nufiame kae le nya sia me? Ame si wɔa dɔ atraɖii la zãa eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã ɖe eƒe dɔa ŋu eye eya ŋutɔ metea ŋu sea vivi na dɔa ƒe kutsetsewo o. Ne míagblɔe la, ɖeko eƒe dɔa va le abe “dagbadagba ɖe ya me” ene.

Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míada asɔ le ale si míebua dɔwɔwɔe me. Togbɔ be ede dzi ƒo na mí be míelé fɔ ɖe míaƒe dɔ ŋu awɔ hã, eɖo aɖaŋu na mí hã be “[míakpɔ] nu siwo le vevie wu la adze sii nyuie.” (Filipitɔwo 1:10) Nu kawoe nye nu siwo le vevie wu? Esiawo dometɔ aɖewoe nye be míakpɔ ɣeyiɣi ɖe míaƒe ƒomea kple mía xɔlɔ̃wo ŋu. Eye nu si gale vevie wue nye mawusubɔsubɔdɔwo; wo dometɔ aɖewoe nye Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu.

Ƒomea le nu ɖum ɖekae hele vivi sem kpli wo nɔewo

Ame siwo tsɔa woƒe dɔ dana ɖe nɔƒe si sɔ nɛ lae sea vivi na dɔ wu. William, si ŋu míeƒo tsoe va yi la gblɔ be: “Aƒetɔ siwo mewɔ dɔ kplii va yi la dometɔ ɖeka nye dɔwɔla bibi siwo da sɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe. Enye dɔ sesẽ wɔla, eye ame siwo wòwɔa dɔ na la ƒoa nu nyui tso eŋu le esi wòwɔa dɔ nyuie ta. Gake ne ewɔ dɔ ʋuu keke ŋkekea wu enu la, enyana be ele be yeaɖe asi le dɔa me azɔ ahatrɔ ɖe yeƒe ƒomea kple yeƒe mawusubɔsubɔdɔwo ŋu. Eye, mènya o ɖe! Eyae nye ame si kpɔa dzidzɔ wu le dzidzɔme siwo menya dome!”

Ale Si Wobua Dɔ Sesẽ Wɔwɔe

“Ne ɖeɖi te ŋunye le ŋkekea ƒe nuwuwu la, mesena le ɖokuinye me be mewɔ dɔ vavã, eye esia doa dzidzɔ nam. Menyana be mewɔ dɔ nyuie gbe ma gbe.”—Nick.

“Fɔléle ɖe dɔ ŋu ye nye dɔwɔwɔ nyuie. Ne èdi be yeawɔ dɔ nyuie la, ke ele be nàwɔe wòade edeƒe.”—Christian.

“Ðe wowɔ míaƒe ŋutilã be míate ŋu awɔ dɔ wòaɖe dzesi. Medi be maɖe nye ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe agbe ƒe nunana sia ŋu to dɔ sesẽ wɔwɔ kple kpekpe ɖe amewo ŋu me.”—David.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe