INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g19 No. 2 axa 12-13
  • Ale Si Ame Tsitsiwo Ƒe Mɔfiame Le Vevie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Ame Tsitsiwo Ƒe Mɔfiame Le Vevie
  • Nyɔ!—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KAE AME TSITSIWO ƑE MƆFIAME BIA?
  • NU KA TAE AME TSITSIWO ƑE MƆFIAME HIÃ?
  • ALE SI NÀFIA MƆ VIWÒ
  • Sɔhɛmenɔɣi—Enye Dzadzraɖo Ðe Ame Tsitsi Zuzu Ŋu
    Nyɔ!—2012
  • Vihehe Ŋuti Ðaŋuɖoɖo si Ŋu Kakaɖedzi Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Asiɖeɖe Le Vi Ŋu Sɔsrɔ̃
    Nyɔ!—1998
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2019
g19 No. 2 axa 12-13
Nyɔnu aɖe tsɔ eƒe foto xoxowo le nyɔnuvi aɖe fiam

NU 5

Ale Si Ame Tsitsiwo Ƒe Mɔfiame Le Vevie

NU KAE AME TSITSIWO ƑE MƆFIAME BIA?

Ðeviwo hiã na mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo tso ame tsitsiwo gbɔ. Esi nènye dzila ta la, wòe wòle be nàwɔ dɔ ma; le nyateƒe me la, wò agbae. Ke hã ame tsitsi bubuwo hã ate ŋu afia nu viwòwo.

NU KA TAE AME TSITSIWO ƑE MƆFIAME HIÃ?

Le dukɔ geɖe me la, ɖeviwo metea ŋu dea ha kple ame tsitsiwo o. Bu nya siawo ŋu kpɔ:

  • Ðeviwo zãa ŋkekea ƒe akpa gãtɔ le suku, afi si sukuviwo sɔ gbɔ wu nufialawo kple ame tsitsi bubuwo le.

  • Ne wokpa tso suku va aƒe me la, aƒea me tsia ƒuƒlu elabe wo dzilawo yi dɔ me.

  • Numekuku aɖe si wowɔ le Amerika ɖee fia be ɖevi siwo xɔ tso ƒe 8 va se ɖe 12 zãa gaƒoƒo ade le mama dedie nu ɖe television, haƒoƒo kple video dzi fefewo ŋu gbe sia gbe.a

Agbalẽ aɖe (Hold On to Your Kids) gblɔ be: “Egbea ɖevi geɖe le tɔtrɔm ɖe wo hatiwo ŋu hena mɔfiame, wole wo hatiwo srɔ̃m eye woxɔa aɖaŋuɖoɖo le wo gbɔ tsɔ wu be woatrɔ ɖe dada, papa, nufialawo kple ame tsitsi bubuwo ŋu.”

ALE SI NÀFIA MƆ VIWÒ

Kpɔ vovo ɖe viwòwo ŋu.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mla ɖevi ɖe mɔ si wòato la ŋu; ne eva tsi hã mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.

Le dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo kpɔa mɔ be yewo dzilawo nafia mɔ yewo. Le nyateƒe me la, numekulawo gblɔ be ne ɖeviwo le sɔhɛme ɖom gɔ̃ hã, wodea asixɔxɔ wo dzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu wu wo hatiwo tɔ. Agbalẽnyalagã Laurence Steinberg gblɔ le agbalẽ si nye You and Your Adolescent me be: “Dzilawo ƒe nya gakpɔa ŋusẽ ɖe wo viwo ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo dzi ne wole sɔhɛ me ɖom.” Egblɔ kpee be: “Sɔhɛwo dina be yewoanya nu si susum yewo dzilawo le, eye woɖoa to nya siwo wogblɔna nenye be womelɔ̃na ɖe wo katã dzi ɣesiaɣi o hã.”

Esi wònye be didi sia le wo me ta la, wɔ mɔnukpɔkpɔ ma ŋu dɔ. Kpɔ vovo ɖe viwòwo ŋu eye nàgblɔ wò susuwo, nu siwo ŋu nèdea asixɔxɔe kple wò nuteƒekpɔkpɔwo na wo.

Di ame tsitsi aɖe si viwòa ate ŋu asrɔ̃.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ame si zɔna kple nunyalawo la, adze nunya.”—Lododowo 13:20.

Ðe nènya ame tsitsi aɖe si ɖoa kpɔɖeŋu nyui si viwòa ate ŋu asrɔ̃a? Ne nenemae la, nu ka tae màwɔ ɖoɖo be viwòa nanɔ ha dem kplii o? Ke hã mègaɖe ta le agba si le dziwò abe dzila ene la te o. Gake dzideƒonamenya siwo ame tsitsi si dzi nèka ɖo, si nènya be magblẽ nu le ye via ŋu o, agblɔ na viwòa la, ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le hehe si nam nèlee me. Le Biblia me la, esi Timoteo tsi gɔ̃ hã la, ha si wòde kple apostolo Paulo ɖe vi nɛ ŋutɔ eye wòɖe vi na Paulo hã.—Filipitɔwo 2:20, 22.

Egbea megabɔ be ƒomewo nanɔ teƒe ɖeka kple wo tɔgbuiwo, mamawo, nyruiwo, tɔgãwo, tasiwo, nɔɖiwo kple ƒometɔ bubuwo o. Ne nenemae wòle le gowòme la, dze agbagba be nàna mɔnukpɔkpɔ viwò be wòade ha kple ame tsitsi siwo si nɔnɔme nyui siwo nàdi be woasu ye via si la le.

a Numekukua ɖee fia be le mama dedie nu la, sɔhɛwo zãa gaƒoƒo asieke kloe gbe sia gbe ɖe modzakaɖenuwo ŋu. Gaƒoƒo siwo wozã tsɔ yi internet dzi le suku kple esiwo wozã ɖe dɔdeasiwo ŋu mele akɔntabubu sia me o.

Nyɔnu aɖe tsɔ eƒe foto xoxowo le nyɔnuvi aɖe fiam

NA HEHEE FIFIA

Ne ɖevi aɖe ɖoa to ame tsitsi ƒe mɔfiame la, etea ŋu va dzea nunya eye wòdzena le eŋu emegbe be etsi le susu me

Ðo Kpɔɖeŋu Nyui

  • Ðe meɖoa kpɔɖeŋu nyui si vinyewo asrɔ̃a?

  • Ðe menana vinyewo kpɔnɛ be nye hã metrɔna ɖe ame siwo kpɔ nuteƒe wum la ŋu srɔ̃a nu tso wo gbɔa?

  • Ðe mekpɔa vovo ɖe vinyewo ŋu tsɔ ɖenɛ fiana be wole vevie nama?

Nu Si Míewɔna . . . 

“Ɣeaɖewoɣi ne nye ŋku biã ɖe dɔ aɖe ŋu la, vinyenyɔnua gblɔna be yedi be yeaɖo dze tso nya aɖe ŋu. Mekpɔa egbɔ be meɖo toe, ne ahiã be mana wòalala ɣeyiɣi vi aɖe gɔ̃ hã ale be mate ŋu aɖo toe bliboe. Nye kple srɔ̃nye míedzea agbagba be míaɖo kpɔɖeŋu nyui ne wòakpɔe be míawo ŋutɔwo hã míenɔa agbe ɖe nu siwo fiam míelee la nu.”—David.

“Esi míedzi mía vinyɔnua la, nye kple srɔ̃nye míetso nya me be madzudzɔ dɔwɔwɔ anɔ aƒe me akpe asi ɖe ɖevia hehe ŋu. Nyametsotso ma mevem o. Ehiã vevie ŋutɔ be dzilawo nawɔ wotɔ sinua anɔ wovia ŋu ne anya wɔ, ale be ɖevia nate ŋu axɔ mɔfiame nyuitɔ. Vevietɔ wu la, ne èli akpe ɖe viwòa ŋu la, akpɔe be ètsɔ ɖe le eme na ye.”—Lisa.

NE WODEA HA KPLE AME TSITSIWO

“Esi vinyewo nɔ tsitsim la, wode ha kple ame tsitsi vovovowo, eye esia kpe ɖe wo ŋu wonya nu siwo me woto. Le kpɔɖeŋu me, esi mamanye gblɔ na wo be le yeƒe ɖevime la, yewoƒe ƒomeae nye ame gbãtɔ siwo xɔ elektrikkaɖi ɖe aƒe me la, ewɔ nuku na wo. Egblɔ na wo be nutoa me tɔwo vaa yewoƒe aƒe me va tɔna ɖe dzodoƒea be yewoakpɔ ale si wosia akaɖia kple ale si wotsinɛ. Nya ma na vinyewo kpɔ ale si agbea nɔ tsã va yi. Esi wose nya mawo tso wo mama gã nu la, eva na be wodea bubu eya kple ame tsitsi bubuwo ŋu. Ne ɖeviwo dea ha kple ame tsitsiwo geɖe wu wo hatiwo la, ana woasrɔ̃ nu geɖe le agbe me.”—Maranda.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe