INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g19 No. 3 axa 4-5
  • Lãmesẽmenɔnɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lãmesẽmenɔnɔ
  • Nyɔ!—2019
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • LÉ BE NA WÒ AMETIA
  • TSRI NUMAME GBEGBLẼWO
  • BIBLIA ƑE MƆFIAME BUBUWO
  • 1 | Kpɔ Wò Lãmesẽ Ta
    Nyɔ!—2022
  • Tiatia Siwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Wò Lãmesẽ Dzi
    Nyɔ!—2003
  • Ŋɔŋlɔawo Ƒe Nukpɔsusu Le Dɔdanyawo Ŋu Nenɔ Asiwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Alɔ̃tsiameŋu—Kuxi si Le Ta Kekem Wònyea?
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2019
g19 No. 3 axa 4-5
Ŋutsu aɖe le amagbewo ɖum

Lãmesẽmenɔnɔ

Menye atikeŋutinunyagbalẽe Biblia nye o. Ke hã aɖaŋu siwo wòɖo la akpe ɖe mía ŋu míanɔ lãmesẽ me. Bu Biblia ƒe mɔfiame aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò be nànɔ lãmesẽ me la ŋu kpɔ.

LÉ BE NA WÒ AMETIA

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie.”—Efesotɔwo 5:29.

NU SI WÒFIA: Biblia ƒe mɔfiame sia de dzi ƒo na mí be míawɔ mía tɔ sinua alé be na mía ɖokui. Numekuku aɖe ɖee fia be ale si ame akpa gãtɔ nɔa gbee gbɔe lãmesẽkuxi geɖewo tsona. Eya ta ale si nènɔa agbee la ate ŋu ana nànɔ lãmesẽ nyuie me.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Ðu Nu Si Me Nunyiame Le. Ðu nu siwo me nunyiame le eye nànɔ tsi nom sɔ gbɔ.

  • Nɔ Kame Dem. Ƒe ka kee nèɖaxɔ o, èɖanye nuwɔametɔ alo dɔléle sesẽ aɖe le ŋuwò o, kamedede ana nànɔ lãmesẽ me. Togbɔ be ame siwo lɔ̃ wò kple ɖɔktawo aɖo aɖaŋu nyuiwo na wò hã la, wò ŋutɔe awɔ edzi be wòaɖe vi na wò!

  • Dɔ Alɔ̃ Wòasu Wò. Ne mèdɔa alɔ̃ wòsua wò o la, ate ŋu ana nàva dze dɔ vevie emegbe. Ame aɖewo tsɔa nu geɖe doa agba na wo ɖokuiwo le alɔ̃dɔɣiwo. Ke hã ne ètiae be yeadɔ alɔ̃ wòasu ye nyuie la, ànɔ lãmesẽ me.

TSRI NUMAME GBEGBLẼWO

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.”—2 Korintotɔwo 7:1.

NU SI WÒFIA: Eɖea vi na mí ŋutɔ ne míetsri nu siwo gblẽa nu le mía ŋu abe atama kple nu bubu siwo nye nu siwo koŋ gblẽa nu le míaƒe lãmesẽ ŋu eye wohea ku vɛ.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ: Ðo ɣeyiɣi si nàdzudzɔ keŋkeŋ eye nàde dzesii ɖi. Hafi ŋkeke ma naɖo la, tsɔ sigaretwo, dzowɔgbawo, dzosinuwo kple nu bubu siwo do ƒome kplii la ƒu gbe. Mèganɔ teƒe siwo amewo aƒoe ɖe nuwò be nàƒo ɖokuiwò ɖe nuwɔna siawo me yim o. Gblɔ ale si nètso nya mee na xɔlɔ̃ siwo di be nàtrɔ ne woakpe ɖe ŋuwò.

BIBLIA ƑE MƆFIAME BUBUWO

Ŋutsu aɖe le Biblia xlẽm

Bia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me dometɔ aɖe ne wòana Biblia ɖeka wò

WƆ NU SIWO ANA NÀNƆ DEDIE.

“Ne ètso aƒe yeye la, tɔ kpɔ ɖe xɔa tame, bena ame aɖeke magage le edzi, eye nàna wò aƒe naɖi ʋufɔ o.”—5 MOSE 22:8.

ÐU WÒ DZIKU DZI.

“Ame si medoa dziku kabakaba o la, nugɔmesese bɔ ɖe esi, ke ame si megbɔa dzi ɖi o la ɖea eƒe bometsitsi fiana.”—LODODOWO 14:29.

TSRI NU TSU ÐUÐU.

‘Mèganɔ nu tsu ɖulawo dome o.’—LODODOWO 23:20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe