INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g22 No. 1 axa 4-6
  • 1 | Kpɔ Wò Lãmesẽ Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1 | Kpɔ Wò Lãmesẽ Ta
  • Nyɔ!—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TA WÒLE VEVIE
  • Nu Si Wòle Be Nànya
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Fifia
  • Nu Siwo Nàwɔ Be Nànɔ Lãmesẽ Me Wu
    Nyɔ!—2015
  • Nu Si Nàwɔ Ne Wò Lãmesẽnyawo Trɔ Kpata
    Nyati Bubuwo
  • Alesi Nàwɔ Akpɔ Wò Lãmesẽ Ta
    Nyɔ!—1999
  • Lãmesẽmenɔnɔ
    Nyɔ!—2019
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2022
g22 No. 1 axa 4-6
Wotsɔ nuɖuɖu vovovo siwo me nunyiame lea ɖo kplɔ̃e.

NUWO TƆ ZI LE XEXEA ME

1 | Kpɔ Wò Lãmesẽ Ta

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ne nya vɔ̃wo alo afɔku dzɔa, ate ŋu agblẽ nu le amewo ƒe lãmesẽ ŋu le mɔ vovovowo nu.

  • Nu tena ɖe amewo dzi vevie ne afɔku dzɔ, eye ame siwo dzi nu te ɖo eteƒe didia tea ŋu dzea dɔ bɔbɔe wu.

  • Ne nya vɔ̃wo dzɔa, ate ŋu asesẽ na kɔdziwo be woakpɔ amewo gbɔ nyuie le esi dɔnɔwo sɔa gbɔ ŋutɔ ta.

  • Ne afɔku dzɔa, ganyawo tɔtɔna eye esesẽna na amewo be woakpɔ ga aƒle nuhiahiã veviwo abe nuɖuɖu alo atike ene.

Nu Si Wòle Be Nànya

  • Ne èdze dɔ vevie eye wò susu medze akɔ anyi oa, ate ŋu ana be màtso nya me le nuwo ŋu nyuie o. Eye esia awɔe be mànɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ mea wɔm o. Le ema taa, àgate ŋu adze dɔ ɖe edzi.

  • Ne lãmesẽnyawo le fu ɖem na wò eye mèkpɔ egbɔ oa, ate ŋu ado gã ɖe edzi eye wò agbe ate ŋu aɖo afɔku me gɔ̃ hã.

  • Ne èle lãmesẽ mea, esia awɔe be nànɔ ŋute atso nya me nyuie ne afɔku dzɔ.

  • Ne ganyawo mede dziwò o hãa, àte ŋu awɔ nu siwo ana nànɔ lãmesẽ me.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Fifia

Ɣesiaɣi si wòanya wɔa, ame si bua nuwo ŋu nyuie la nɔa ŋudzɔ ɖe nu siwo ate ŋu ahe afɔku vɛa ŋu eye wòɖea afɔ siwo hiã tsɔ ƒoa asa na wo. Ewɔa esia le lãmesẽnyawo hã gome. Ne èléa fɔ ɖe dzadzɛnyenye ŋua, esia ate ŋu awɔe be mànɔ dɔ dzem kabakaba alo adze dɔ vevie o. Ne èwɔa nu siwo ana be màdze dɔ oa, enyo wu be nàdze dɔ hafi ava nɔ edam.

“Esi nye kple srɔ̃nye míeléa be na mía ɖokui eye míenana afi si míelea nɔa dzadzɛ taa, míegblẽa ga geɖe ɖe kɔdziyiyi kple atikewo ƒeƒle ŋu o.”​—Andreas.a

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le magazine sia me.

ÀTE ŊU AKPƆ DZIDZƆ​—Nu Siwo Akpe Ðe Ŋuwò

Le ɣeyiɣi sesẽwo mea, wɔ nu siawo be nànɔ lãmesẽ me

LÉ FƆ ÐE DZADZƐNYENYE ŊU

Ŋutsu aɖe tsɔ tsi kple adzalẽ le asi klɔm le gota.

Lé fɔ ɖe dzadzɛnyenye ŋu

Biblia gblɔ be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Dze agbagba nàde dzesi nu siwo ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu eye nàƒo asa na wo.

  • Tsɔ tsi kple adzalẽ nɔ asi klɔm edziedzi, vevietɔ hafi nàka asi nuɖuɖu ŋu alo ne ètso nugodo.

  • Nɔ wò aƒe me dzram ɖo edziedzi eye nàtsɔ dɔlékuiwutike anɔ nuwo ŋu tutum, vevietɔ nu siwo ŋu amewo kaa asi kabakaba.

  • Ne anya wɔa, mègate ɖe ame siwo ŋu dɔxɔleameŋu lea ŋu kplikplikpli o.

ÐU NU SIWO ME NUNYIAME LE

Wotsɔ nuɖuɖu vovovo siwo me nunyiame lea ɖo kplɔ̃e.

Ðu nu siwo me nunyiame le

Biblia gblɔ be: “Ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie.” (Efesotɔwo 5:29) Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ míaƒe ŋutilã ne míeléa ŋku ɖe nu siwo míeɖuna kple nu siwo míenona ŋu.

  • Nɔ tsi nom edziedzi.

  • Nɔ atikutsetse kple amagbe vovovowo ɖum.

  • Mèganɔ nu siwo me ami, dze kple sukli lea ɖum fũu o.

  • Mègano sigaret alo azã atike vɔ̃ɖiwo o, eye mèganɔ aha geɖe nom o.

“Míedzea agbagba léa ŋku ɖe nu siwo míeɖuna ŋu nyuie ale be míagadze dɔ o; ne ɖe míewɔnɛ nenema oa, anye ne míanɔ ga sue si míekpɔna zãm ɖe kɔdzifewo ŋu. Míekpɔe be anyo be míazã ga ɖe nu nyuiwo ɖuɖu ŋu boŋ.”—Carlos.

NƆ KAME DEM EYE NÀÐI ÐE EME NYUIE

Ŋutsu aɖe le du ƒum tsɔ le kame dem.

Nɔ kame dem

Biblia gblɔ be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu dɔ sesẽ wɔwɔ kple dagbadagba ɖe yame asiʋlo eve.” (Nyagblɔla 4:6) Ehiã be míawɔ dɔ, gake ehiã be míaɖi ɖe eme hã.

  • Nɔ kame dem. Àte ŋu anɔ azɔli zɔm edziedzi atsɔ adze egɔme. Ne ètsi le ƒe me alo ènye nuwɔametɔ alo dɔléle wɔe be ŋusẽ boo megale ŋuwò o hãa, kamedede ate ŋu ade wò lãmesẽ dzi.

  • Nyɔnu aɖe le ŋdɔkutsulɔ̃ dɔm.

    Ði ɖe eme nyuie

    Ði ɖe eme nyuie. Ne mèdɔa alɔ̃ wòsua wò oa, esia ate ŋu ana nu nate ŋuwò atraɖii eye wòasesẽ na wò be nànɔ ŋute le susu me. Ne esia yi edzi eteƒe didia, ate ŋu agblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu vevie.

  • Ðo game si nàmlɔ anyi kple game si nàfɔa ɖi, eye dze agbagba nàzɔ ɖe edzi gbe sia gbe.

  • Ne anyimlɔɣi ɖoa, mèganɔ aba dzi anɔ television kpɔm alo anɔ elektrɔnikmɔ̃wo zãm o.

  • Mègaɖu nu kpekpewo, ano kɔfi alo aha sesẽ ne èyina anyi mlɔ ge o.

“Mede dzesii be ale si medɔa alɔ̃ea kpɔa ŋusẽ ɖe nye ameti bliboa dzi. Ne alɔ̃ mesum oa, ta ɖuam ɣeaɖewoɣi eye nye lãme katã gbãna. Gake ne medɔ alɔ̃ nyuiea, nye lãme kɔna eye menɔa klalo na dɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ! Ŋusẽ hã nɔa ŋunye eye nyemedzea dɔ kabakaba o.”—Justin.

Fotoa tso video sia me: “Ale Si Nàkpɔ Ðokuiwò Ta Tso Dɔvɔ̃ Si Me.” Nyɔnu aɖe ʋu eƒe ʋɔtru na dɔlékui aɖe be wòage ɖe eme.

SRƆ̃ NU GEÐE KPEE. Kpɔ video si nye Ale Si Nàkpɔ Ðokuiwò Ta Tso Dɔvɔ̃ Si Me. Xlẽ nyati sia hã: “Nu Siwo Nàwɔ Be Nànɔ Lãmesẽ Me Wu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe