INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 1 axa 4
  • Nu Kawo Gbɔe Nuteɖeamedzi Tsona?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kawo Gbɔe Nuteɖeamedzi Tsona?
  • Nyɔ!—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuteɖeamedzi Nyuitɔ Kple Gbegblẽtɔ
    Nyɔ!—1998
  • Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi
    Nyɔ!—2010
  • Nu Kae Nye Nuteɖeamedzi?
    Nyɔ!—2020
  • Dzimaɖitsitsi Ŋusẽ Si Wòkpɔna Ðe Míaƒe Ŋutilã Dzi
    Nyɔ!—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 1 axa 4

ALE SI NÀWƆ AVO TSO NUTEÐEAMEDZI ME

Nu Kawo Gbɔe Nuteɖeamedzi Tsona?

Kɔdzi aɖe si wonya nyuie (Mayo Clinic) ka nya ta be, “Nu le tetem ɖe ame tsitsi akpa gãtɔ dzi. Egbea nuwo le tɔtrɔm eye nu siwo womele mɔ kpɔm na o la te ŋu dzɔna.” Bu nu siawo siwo gbɔ nuteɖeamedzi tsona dometɔ aɖewo ŋu kpɔ:

  • srɔ̃gbegbe

  • ame vevi aɖe ƒe ku

  • dɔléle sesẽ aɖe

  • afɔku dziŋɔwo

  • nu vlo wɔwɔ

  • hloluitsotso

  • dzɔdzɔmefɔkuwo alo esiwo tso amewo gbɔ

  • suku alo dɔ ƒe agbanɔamedziwo

  • dzimaɖitsitsi ɖe dɔ kple ganyawo ƒe sesẽ ŋu

NE DƆ GE LE AME SI

Amerika Susuŋutinunyalawo Ƒe Habɔbɔ gblɔ be, “Ne dɔ ge le ame si la, ate ŋu ana ame natɔtɔ, ana ame si dɔ gblẽ na la nadze dɔ, ahe srɔ̃ɖeɖemekuxiwo, dzimaɖitsitsi kple blanuiléledɔ vɛ eye wòate ŋu ana ame nawu eɖokui gɔ̃ hã. Ne dɔ ge le ame si la, ekpɔa ŋusẽ ɖe agbea ƒe akpa sia akpa dzi.”

ÐEVI SIWO DZI NU TE ÐO

Nu tena ɖe ɖeviwo gɔ̃ hã dzi. Wowɔa ŋlɔmi le ɖevi aɖewo ŋu le suku alo wometsɔa ɖeke le eme na wo le aƒe me o. Wosẽa ŋuta le ɖewo ŋu, dzua wo alo dɔa wo gbɔ sesẽe. Wo dometɔ geɖe tsia dzi ɖe sukudodokpɔwo kple wo metsonuwo ŋu. Wo dometɔ aɖewo kpɔ eteƒe wo dzilawo gbe wo nɔewo, si na ƒomea gbã. Ðevi siwo dzi nu te ɖo la, tea ŋu kua drɔ̃e baɖabaɖawo, nu menya srɔ̃na na wo o, woléa blanuiléledɔ alo womedina be yewoanɔ ame dome o. Wo dometɔ aɖewo metea ŋu ɖua woƒe seselelãmewo dzi o. Ele be woakpe ɖe ɖevi si dzi nu te ɖo la ŋu kaba.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe