INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 2 axa 4-5
  • Nu Siwo Dzi Ame Aɖewo Xɔ Se

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Siwo Dzi Ame Aɖewo Xɔ Se
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hindutɔwo
  • Moslem-wo
  • Yudatɔwo ƒe dzixɔsewo
  • Buddhatɔwo
  • Konfusiotɔwo
  • Trɔ̃subɔlawo
  • Kristotɔwo
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Ale?
    Nyɔ!—2011
  • 4. Ðe Wowɔ Mí Be Míakpe Fua?
    Nyɔ!—2020
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 2 axa 4-5
Dzesi siawo le tsitre ɖi na subɔsubɔha siwo nye Buddhatɔwo, Hindutɔwo, Trɔ̃subɔlawo, Yudatɔwo, Kristotɔwo, Moslem-wo, kple Konfusiotɔwo.

Nu Siwo Dzi Ame Aɖewo Xɔ Se

Hindutɔwo

Hindutɔwo ƒe dzesi.

Wobua fukpekpe be enye nu siwo ame wɔ le agbe sia me alo agbe si wònɔ hafi va dzɔ la me tsonu. Wobunɛ be ame ate ŋu ava ɖo moksha, si nye nɔnɔme si me womagate ŋu agbugbɔ ame adzi le o. Wobunɛ be ame va ɖoa teƒe sia ne eƒe susu dzo ɖa le xexemenuwo dzi.

Moslem-wo

Moslem-wo ƒe dzesi.

Wobua fukpekpe be enye nu vɔ̃ ƒe tohehe kple xɔse ƒe dodokpɔ. Agbalẽnyalagã Sayyid Syeed si nye habɔbɔ aɖe ƒe ŋgɔnɔla gblɔ be, ‘nu siwo dzɔna ɖe mía dzi la ɖoa ŋku edzi na mí be míada akpe na Mawu ɖe eƒe yayrawo ta, eye woɖoa ŋku edzi na mí hã be míakpe ɖe ame siwo nu hiã la ŋu.’

Yudatɔwo ƒe dzixɔsewo

Yudatɔwo ƒe dzesi.

Woxɔe se be ame ŋutɔ ƒe nuwɔnawoe nana wòkpea fu. Yudatɔ aɖewo gblɔ be tsitretsitsi li, eye le tsitretsitsia megbe la, woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame maɖifɔ siwo kpe fu la. Yudatɔ siwo xɔ gbɔgbɔwo dzi se fiaa nu tso gbugbɔgadzɔ ŋu eye wogblɔna be enaa mɔnukpɔkpɔ ame be wòaxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta.

Buddhatɔwo

Buddhatɔwo ƒe dzesi.

Woxɔe se be zi gbɔ zi ale si ame gbugbɔgadzɔ ko la, ayi edzi anɔ fu kpem va se ɖe esime eƒe nuwɔna gbegblẽwo, seselelãmewo kple nu dzodzrowo nu yi. Ame ate ŋu ato nunya, dɔ nyuiwo, kple susua mamla dzi aɖo nirvana. Nirvana nye afi si fukpekpewo katã nu yina le.

Konfusiotɔwo

Konfusiotɔwo ƒe dzesi.

Numekugbalẽ aɖe gblɔ be woxɔe se be “amegbetɔwo ƒe kpododo nu kple vodadawo” gbɔe míaƒe fukpekpewo tso. Woxɔe se be ame ate ŋu ato agbe nyui nɔnɔ dzi aɖe eƒe fukpekpewo dzi akpɔtɔ, gake zi geɖe la, “gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo ƒe ŋusẽ gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu gbɔe fukpekpewo tsona. Le go siawo me la, ele be ame nalɔ̃ ɖe nu si gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo ɖo la dzi.”

Trɔ̃subɔlawo

Trɔ̃subɔlawo ƒe dzesi.

Woxɔe se be adzetɔwo ate ŋu ahe dzɔgbe nyui alo dzɔgbe vɔ̃e ava ame dzi, eya ta woate ŋu ato vɔsawo dzi alé avu wo. Ne ame aɖe le dɔ aɖe si wotsɔ ƒui lém la, nuwɔlawo ate ŋu asa vɔ alo awɔ atike nɛ be wòahaya.

Kristotɔwo

Kristotɔwo ƒe dzesi.

Woxɔe se be mía dzila gbãtɔwo gbɔe míaƒe fukpekpewo tso, abe ale si Biblia-gbalẽ gbãtɔ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔe ene. Gake nufiafia vovovowo tɔ tsi nya sia. Le kpɔɖeŋu me, Katolikotɔ aɖewo gblɔna be ame aɖe ate ŋu akpe fu be wòaɖe vi na tsɔtsia alo ate ŋu akpe fu be ame bubuwo nato edzi akpɔ ɖeɖe.

SRƆ̃ NU GEÐE KPEE

Kpɔ video si nye Ðe Subɔsubɔ Ðe Sia Ðe Dzea Mawu Ŋua? si le jw.org/ee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe