INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 3 axa 4-5
  • Di Nyateƒea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Di Nyateƒea
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxia
  • Nya Si Biblia Gblɔ
  • Vi Kae Wòaɖe Ne Míenya Nyateƒea?
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ
  • Nazãbubu—Ðe Wòle Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?
    Nyɔ!—2020
  • Ðe wobua Nazã ɖe ŋuwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nazãbubu​—Xexea Me Godoo Ƒe Kuxie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O​—Ɣekaɣie Wòava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 3 axa 4-5
Ŋutsu eve le gbe biam nyɔnu aɖe si le dɔ dim le ʋuwɔƒe aɖe. Edze abe nyɔnua tsi dzi vie ene.

Di Nyateƒea

Kuxia

Zi geɖe la, alakpanya siwo amewo se ye nana wobua nazã. Bu alakpanya siawo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ:

  • Dɔtɔ aɖewo xɔe se vodadatɔe be nyɔnuwo mate ŋu awɔ dɔ siwo bia ŋusẽ kple aɖaŋu geɖe o.

  • Le Europa, tso ƒe 500 va ɖo ƒe 1500-awo dome la, wotso Yudatɔwo nu alakpatɔe be wokɔ aɖi ɖe vudowo me eye wokaka dɔlékuiwo. Le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣi la, wogatso Yudatɔwo nu alakpatɔe ake be woawoe na ganyawo sẽ le Germany. Nutsotso siawo wɔe be amewo va nɔ nazã bum ɖe Yudatɔwo ŋu ale gbegbe, eye ame aɖewo gabua nazã ɖe wo ŋu va se ɖe egbe.

  • Ame geɖe ƒoa nya ta vodadatɔe be ame sia ame si nye nuwɔametɔ la léa blanui alo doa dziku kabakaba.

Ame siwo xɔ alakpanya siawo dzi se la tea ŋu zãa kpɔɖeŋu aɖewo tsɔ ɖoa kpe woƒe nazãbubua dzi. Eye wosusuna be ame sia ame si melɔ̃ ɖe yewoƒe nyaa dzi o la mele ɖeke me sem o.

Nya Si Biblia Gblɔ

“Sidzedze ƒe ame si manɔmanɔ menyo o.”—LODODOWO 19:2.

Nu kae nya sia fia? Ne míenya nyateƒea o la, míatso nya me nyuie o. Ne míexɔ alakpanyawo dzi se le esi teƒe be míaxɔ nyateƒenyawo dzi asea, ana be míabu susu manyomanyo ɖe amewo ŋu.

Ðe Biblia Da Asi Ðe Nazãbubu Dzia?

Ame aɖewo gblɔna be Biblia da asi ɖe nazãbubu dzi. Gake nya ka tututue Biblia gblɔ?

  • Amegbetɔwo katã dzɔ tso ame ɖeka me: Mawu na “dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka me.”—Dɔwɔwɔwo 17:26.

  • Mawu mekpɔa ame ŋkume o: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

  • Ame ƒe dzi mee Mawu kpɔna, ke menye eƒe dzedzeme o: “Nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.”—1 Samuel 16:7.a

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

Vi Kae Wòaɖe Ne Míenya Nyateƒea?

Ne míenya nyateƒe si ku ɖe amewo ŋu la, ke míaxɔ alakpanya siwo amewo agblɔ tso wo ŋu la dzi ase o. Eye ne míeva nya be alakpae nya aɖe si míese tso ƒuƒoƒo aɖe me tɔwo ŋu la nye la, ke míaxɔ nya sia nya si míase tso ƒuƒoƒo bubu aɖe ŋu dzi ase enumake o.

Agbemenudzɔdzɔ: Jovica (Balkan)

Esime Jovica, si ŋu nya míegblɔ le nyati siwo do ŋgɔ me nɔ tsitsim la, esenɛ wo detɔwo, nyadzɔdzɔwo, kple television dzi wɔnawo gblɔa nya manyomanyowo tso ame hatsotso aɖe si amewo mebuna ɖe naneke me o la ŋu. Jovica gblɔ be: “Ena meva nɔ nazã bum ɖe ame hatsotso mawo ŋu, eye melé fu wo kura gɔ̃ hã. Mesusui be esɔ be menɔ sesem le ɖokuinye me nenema.

“Gake esi meva zu asrafo la, eva hiã be manɔ ame hatsotso ma dometɔ aɖewo siwo hã nye asrafowo la dome awɔ dɔ kpli wo ɖekae. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, meva srɔ̃ nu geɖe tso wo ŋu. Meva dze wo degbea gɔ̃ hã sɔsrɔ̃ gɔme, eye meɖoa to woƒe hawo. Wo dome nɔnɔ va nɔ nunye vivim, eye ale si mebua wo tsã la va trɔ. Ke hã, menya be nazãbubu ƒe seselelãmewo agate ŋu anyɔ ɖe menye. Eya ta meƒoa asa na nyadzɔdzɔ siwo ƒoa nu gbegblẽ tso wo ŋu la sese. Azɔ hã, nyemekpɔa video alo fefe siwo amewo wɔna tsɔ ɖea alɔme le wo ŋu la o. Menya be nazãbubu ate ŋu ahe dzikudodo kple fuléle vɛ.”

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

  • Amewo ate ŋu agblɔ nya gbegblẽwo tso ƒuƒoƒo aɖe me tɔwo ŋu, gake ɖo ŋku edzi be menye ame sia ame si le ƒuƒoƒo ma mee le nenema o.

  • Lɔ̃ ɖe edzi be menye nya sia nyae yenya tso amewo ŋu o.

  • Dze agbagba nàdi nyateƒea le nyatakakatsoƒe si ŋu kakaɖedzi le.

Woɖu fuléle dzi

Foto: 1. Ŋutsu eve le zɔzɔm eye wole dze ɖom. 2. Ŋutsuawo dometɔ ɖeka le alɔgbɔnu kom le exɔlɔ̃wo dome.

Nu kae kpe ɖe Arabtɔ aɖe kple Yudatɔ aɖe ŋu woɖu nazãbubu dzi?

Kpɔ video si ƒe tanyae nye Ɣekaɣie Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Axɔ Ðe Fuléle Teƒe? Di videoa ƒe tanya le jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe