INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 6/1 axa 3-4
  • Ðe wobua Nazã ɖe ŋuwòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe wobua Nazã ɖe ŋuwòa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nazãbubu Ate Ŋu Agblẽ Nu
  • Nazãbubu​—Xexea Me Godoo Ƒe Kuxie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nazãbubu—Ðe Wòle Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?
    Nyɔ!—2020
  • Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O​—Ɣekaɣie Wòava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Ɣeyiɣi si me Nazãbubu Maganɔ Anyi O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 6/1 axa 3-4

Ðe wobua Nazã ɖe ŋuwòa?

ƑOMEDODO kae le gbevovovodolawo dome ʋa, ŋutigbalẽ ƒe vovototodedeameme, mamãdedeameme, vovototo dede ameƒomevi vovovowo dome, kple ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura dome? Wo katã wonye amegbetɔ ƒe nɔnɔme aɖe si bɔ la me tsonuwo—nazãbubu!

Nukae nye nazãbubu? Numekugbalẽ aɖe ɖe eme be “enye susu bubu ɖe ame ŋu esime womegbɔ dzi ɖi kpɔ nya la ƒe nyateƒenyenye hafi tso nya me o.” Esi míenye blibomadelawo ta la, míebua nazã vaseɖe afi aɖe. Ðewohĩ àte ŋu aɖo ŋku nudzɔdzɔ aɖewo siwo me èdrɔ̃ ʋɔnu togbɔ be mènya nyateƒea katã o la dzi. Biblia gblɔ vovototo si le nazãbubu ƒe nɔnɔme sia kple alesi Yehowa Mawu drɔ̃a ʋɔnui dome. Egblɔ be: “Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.”—Samuel I, 16:7, 8.

Nazãbubu Ate Ŋu Agblẽ Nu

Ðikeke mele eme o be ame aɖe tso nya me madzemadzee le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu kpɔ ɣeaɖeɣi. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:21, 22.) Ne míagblɔe gbadzaa la, wobua nazã ɖe mí katã ŋu. Gake ne woɖe nazãbubu ɖa le susu me kaba la, magblẽ nu boo aɖeke o. Susu mawo léle ɖe tame gbɔe wòatso agblẽ nu. Ate ŋu able mí míaxɔ alakpanyawo dzi ase. Le kpɔɖeŋu me, esi nazãbubu kpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖewo dzi ta la, woxɔe se vavã be ame aɖe anye ŋubiãla, kuviatɔ, bometsila, alo dadala le esi wònye subɔsubɔha alo dukɔ aɖe me tɔ, alo wònye gbe aɖe dola ta ko.

Le go geɖe me la, susu vɔ̃ siawo bubu hea nusiwo medze o wɔwɔ ɖe ame bubuwo ŋu, wo dzudzu, alo ŋutasesẽ le wo ŋu gɔ̃ hã vɛ. Ame miliɔn geɖe ku le amehawo wuwu, ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa, gbeɖekadolawo wuwu, kple nazãbubu ƒomevi bubu siwo gbɔ eme la me.

Le xexeame katã la, dziɖuɖuwo ho aʋa ɖe nazãbubu ŋu to ablɔɖe, dedienɔnɔ, kple tasɔsɔ kple ame nɔewo ƒe gomenɔamesi ŋuti sewo dede me. Ne èxlẽ miaƒe dukɔa ƒe sewo alo dukplɔsewo la, ɖikeke mele eme o be àkpɔ nyagbe aɖewo alo tɔtrɔ aɖewo siwo wowɔ le eme be woatsɔ akpɔ dukɔmeviwo katã ƒe gomenɔamesiwo ta, metsɔ le eme to si me wotso, amea nye ŋutsu alo nyɔnu, alo subɔsubɔha ka mee wòɖale o. Gake nazãbubu kple vovototodedeameme kpɔtɔ bɔ ɖe xexeame katã ŋutɔ.

Ðe wobua nazã ɖe ŋuwòa? Ðe wogblɔ na wò kpɔ be ènye ŋubiãla, kuviatɔ, bometsila, alo dadala le wò ŋutigbalẽ ƒe amadede, ƒe si nèxɔ, esi nènye ŋutsu alo nyɔnu, dukɔ si me nètso, alo wo mawusubɔsubɔ dzixɔse siwo le asiwò ta koa? Ðe mɔnukpɔkpɔ mesu asiwò be nàde suku si nyo, nàkpɔ dɔwɔɖui, nàkpɔ aƒe si me nànɔ, alo nàxɔ hadomekpekpeɖeŋuwo o le nazãbubu ta? Ne nenemae la, ke aleke nàwɔ anɔ te ɖe enu?

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Nana be nazãbubu natsi susu me na ame hea ameƒomevi vovovowo dome fuléle vɛ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nina Berman/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe