INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 1 axa 10-11
  • Nu Ka Tae Míekpea Fu, Tsina, Eye Míekuna?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Míekpea Fu, Tsina, Eye Míekuna?
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mía Dzila Gbãtɔwoe Na Míele Fu Kpem
  • Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Hã Nana Míekpea Fu
  • Mía Ŋutɔwo Míaƒe Nuwɔnawo Nana Míekpea Fu Ɣeaɖewoɣi
  • Míekpea Fu Elabe Míele “Ŋkeke Mamlɛawo” Me
  • Nu Ka Tae Nu Vɔ̃ɖi Wɔwɔ Kple Fukpekpe Li Ðo?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Akɔfafa na Fukpelawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Alea Gbegbe?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 1 axa 10-11
Ameawo da ahe eye wole agbagba dzem be yewoanɔ agbe ɖe nu sue si le yewo si la nu.

Nu Ka Tae Míekpea Fu, Tsina, Eye Míekuna?

Mía Wɔlaa bua mí abe viawo ene. Eya ta medi be míakpe fu o. Gake fukpekpe bɔ ale gbegbe. Nu ka gbɔe wòtso?

Mía Dzila Gbãtɔwoe Na Míele Fu Kpem

“To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome.”—ROMATƆWO 5:12.

Mawu wɔ mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, wode blibo le susu kple ŋutilã me. Ena wo teƒe nyakpɔ aɖe hã le anyigba dzi be wòanye woƒe aƒe. Woyɔ teƒea be Eden-bɔ. Egblɔ na wo be woate ŋu aɖu ati siwo katã le abɔa me ƒe tsetse faa, negbe ɖeka aɖe ko. Gake Adam kple Xawa tiae be yewoaɖu ati ma ƒe tsetse, eye nu ma si wowɔa nye nu vɔ̃. (1 Mose 2:15-17; 3:1-19) Esi wowɔ nu vɔ̃a megbea, Mawu nyã wo le abɔa me eye agbea va te sesẽ na wo. Le ɣeyiɣi aɖe megbea, wova dzi viwo eye agbea sesẽ na wo viwo hã. Wo katã wova tsi ku amegã eye woku. (1 Mose 3:23; 5:5) Esi míenye woƒe dzidzimeviwo ta, míedzea dɔ, tsina kua amegã alo nyagã eye míekuna.

Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Hã Nana Míekpea Fu

“Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.”—1 YOHANES 5:19.

“Vɔ̃ɖitɔ” mae nye Satana. Enye mawudɔla aɖe si dze aglã ɖe Mawu ŋu. (Yohanes 8:44; Nyaɖeɖefia 12:9) Emegbea, mawudɔla aɖewo hã dze aglã va wɔ ɖeka kple Satana. Woawoe va zu gbɔgbɔ vɔ̃wo. Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo zãa woƒe ŋusẽ tsɔ blea amewo ale be woate wo ɖa tso mía Wɔlaa gbɔ. Wokpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi be woawɔ nu gbegblẽwo. (Psalmo 106:35-38; 1 Timoteo 4:1) Evivina na Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ne wona amewo le fu kpem hele veve sem.

Mía Ŋutɔwo Míaƒe Nuwɔnawo Nana Míekpea Fu Ɣeaɖewoɣi

“Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.”—GALATIATƆWO 6:7.

Mí katã míekpea fu le mɔ vovovo nu, elabe míenyi nu vɔ̃ dome eye Satanae le xexea dzi ɖum. Gake ɣeaɖewoɣia, amewo ŋutɔ ƒe nuwɔnawoe nana wokpea fu. Le mɔ ka nu? Ne amewo wɔ nane si menyo o, alo tso nya me le mɔ gbegblẽ nua, nu gbegblẽwoe dona tso eme. Nenema kee ne wowɔ nu nyuia, nu nyuiwo dona tsoa eme. Le kpɔɖeŋu me, ne ŋutsu si si srɔ̃ kple viwo le ɖia anukware, doa vevie dɔ eye wòlɔ̃ eƒe ƒomea, nu nyui geɖe ado tso eme nɛ eye dzidzɔ anɔ eƒe ƒomea me. Gake ne edaa tsatsa, noa ahatsu alo wɔa kuvia, esia ate ŋu ana eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea nada ahe. Eya ta nunya le eme be míaɖo to mía Wɔlaa. Edi be eme nanyo na mí eye “ŋutifafa geɖe” nasu mía si.—Psalmo 119:165.

Míekpea Fu Elabe Míele “Ŋkeke Mamlɛawo” Me

“Le ŋkeke mamlɛawo me la . . . , amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame maɖoto dzilawo, . . . ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o.”—2 TIMOTEO 3:1-5.

Egbea, ame geɖe wɔa nu abe ale si tututu kpukpui mawo gblɔe ene. Woƒe nuwɔnawo gaɖo kpe edzi geɖe wu be míele xexe sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi hã be le ŋkeke mamlɛawo mea, míakpɔ aʋawɔwɔwo, dɔwuame, anyigbaʋuʋu gãwo kple dɔléle vovovowo teƒe. (Mateo 24:3, 7, 8; Luka 21:10, 11) Nu siawo nana míekpea fu eye míekuna.

Nye Dzi Dze Eme Vavã

“Ƒe 19 koe mexɔ esi metutu, eye wogblɔ nam be esi mewɔ nu vɔ̃ aɖe hafi wova dzim tae nu sia dzɔ ɖe dzinye ɖo. Esia te ɖe dzinye ŋutɔ eye melé blanui vevie. Wofiam be Mawue nana amegbetɔwo kpea fu. Nyemate ŋu alɔ̃ Mawu vɔ̃ɖi ma o. Emegbe esi mesrɔ̃ Biblia, meva de dzesii be mía Wɔlaa tsɔ ɖe le eme na mí, eye mawudɔla vɔ̃ɖi aɖe si ŋkɔe nye Satana boŋ gbɔe míaƒe fukpekpewo tso. Mesrɔ̃e hã be eteƒe madidi o, Mawu atsrɔ̃ Satana eye wòaɖɔ nu siwo katã wògblẽa ɖo. Mawu lɔ̃ame sia ƒe nu va lé dzi nam ale gbegbe. Esia na nye dzi dze eme ŋutɔ.”—Sanjay.

Sanjay.

Srɔ̃ nu geɖe kpee:

Ne èdi be yeanya nu geɖe tso fukpekpe kple nu siwo akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le eme ŋua, ʋu jw.org eye nàyi BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO > FUKPEKPE.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe