INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 2 axa 13-15
  • Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Nusɔsrɔ̃ Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Nusɔsrɔ̃ Dzi?
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI WÒLE BE NÀNYA
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • Ale Si Nàɖɔ Ŋu Ðo Le Elektrɔnikmɔ̃wo Zazã Me
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • Ðokuiɖeɖeɖeaga ƒe Viɖe
    Nyɔ!—1998
  • Zã Mɔɖaŋunuwo Ameŋububutɔe, Eye Mègagblẽ Ga Ðe Wo Ŋu Fũu O
    Nyɔ!—2010
  • Le Tata Sia Me
    Nyɔ!—2021
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 2 axa 13-15
Ŋutsu aɖe le nuɖaɖa ƒe video kpɔm esime wòle nu ɖam.

Ŋusẽ Ka Kpɔm Mɔ̃ɖaŋunuwo Le Ðe Wò Nusɔsrɔ̃ Dzi?

Ame geɖewo toa mɔ̃ɖaŋunuwo dzi srɔ̃a woƒe sukunuwo, wɔa dɔ alo srɔ̃a nu tso nu bubuwo ŋu. Egbea mɔ̃ɖaŋunuwo wɔe be mehiã be ame nayi afi aɖeke hafi ake ɖe nyatakakawo ŋu o, ate ŋu anɔ aƒe me ko ake ɖe wo ŋu.

Ke hã, ame geɖe siwo zãa mɔ̃ɖaŋunu siawo fũu la kpɔnɛ be . . .

  • esesẽna be yewoatsɔ susu aɖo nu ɖeka ŋu ne yewole nane xlẽm.

  • enana be yewoƒe susu va nɔa nu vovovowo ŋu le ɣeyiɣi ɖeka me.

  • enana nu tia kɔ na yewo ne yewo ɖeɖe yewo li.

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Sɔhɛ aɖe le nu geɖe wɔm le ɣeyiɣi ɖeka me. Ele message ŋlɔm ɖo ɖe ame aɖe le eƒe fon dzi, ele nu ƒom kple exɔlɔ̃ aɖe le videokadodo dzi, ele nu srɔ̃m le eƒe kɔmpiuta dzi, eye eʋu eƒe nusrɔ̃gbalẽa da ɖi.

NE ÈLE NU XLẼM

Le ame aɖewo gomea ɖeko wotoa nu si xlẽm wole le mɔ̃ dzi la me dzradzradzra, eye womegbɔa dzi ɖi be yewoade dzesi nya veviawo o.

Megblẽ be woawɔe nenema ne wole nya aɖe ƒe ŋuɖoɖo dim o. Ke hã, esia awɔe be màse nya veviawo gɔme o.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe nètea ŋu xlẽa nyati siwo didia? Vi kae wòaɖe na wò ne ègbɔa dzi ɖi xlẽa nu?—LODODOWO 18:15.

ÐO SUSU NU ÐEKA ŊU

Ame aɖewo susuna be mɔ̃ɖaŋunuwo ate ŋu ana yewoanɔ nu vovovowo wɔm le ɣeyiɣi ɖeka me—le kpɔɖeŋu me, aɖo text message ɖe xɔlɔ̃ aɖe esime yewole nu srɔ̃m. Ne susua mele nu ɖeka ŋu o la, míate ŋu awɔ evea siaa nyuie o, vevietɔ ne ehiã be míatsɔ susu aɖo wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu bliboe.

Mele bɔbɔe be míatsɔ susu aɖo nu ɖeka ŋu o, gake ne míewɔe la, eɖea vi na mí. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Grace gblɔ be, “Ne ètsɔ susu ɖo nu ɖeka ŋua, awɔe be mawɔ vodada sɔ gbɔ o eye nu mati kɔ na wò hã o. Eya ta meva kpɔe be eɖea vi wu ne metsɔ susu ɖo nu ɖeka aɖe si wɔm mele la ŋu tsɔ wu be mana nye susu nanɔ nu vovovowo ŋu le ɣeyiɣi ɖeka me.”

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ðe mɔ̃ɖaŋunuwo nana wòsesẽna na wò be nàtsɔ susu aɖo nu si xlẽm nèle la ŋu eye nàɖo ŋku wo dzia?—LODODOWO 17:24.

NE WÒ ÐEKA ÈLI

Ame aɖewo medina be yewo ɖeɖe yewoanɔ anyi ɖi ko o, eya ta wotsɔa mɔ̃ɖaŋunuwo nɔa modzaka ɖem. Aƒenɔ aɖe si ŋkɔe nye Olivia gblɔ be: “Nyemate ŋu anɔ anyi ɖi miniti 15 evɔ nyematsɔ nye fon, tablɛt alo asi television o.”

Ke hã, ne wò ɖeɖe nèlia, enye mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ na wò be nàde ŋugble tso nu siwo nèsrɔ̃ va yi la ŋu. Esia aɖe vi na ame tsitsiwo hã, ke menye sɔhɛwo ko o.

BU NYA SIA ŊU KPƆ: Ne wò ɖeɖe èli la, ɖe nèwɔa mɔnukpɔkpɔ ma ŋu dɔ bliboea?—1 TIMOTEO 4:15.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

LÉ ŊKU ÐE ALE SI NÈZÃA MƆ̃ÐAŊUNUWOE LA ŊU

Mɔ kawo nue nàte ŋu azã mɔ̃ɖaŋunuwo le atsɔ asrɔ̃ nu wòaɖe vi na wò wu? Aleke mɔ̃ɖaŋunuwo ate ŋu awɔe be màtsɔ susu aɖo nu ɖeka ŋu o?

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Lé nunya vavãtɔ me ɖe asi eye nàdzɔ tamebubuŋutete ŋu.”—LODODOWO 3:21.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

  • Ðe wòsesẽna nam be matsɔ susu aɖo nyati aɖe si didi ŋu ne mele exlẽm le mɔ̃ dzia? Ne nenemae la, nu kawoe hea nye susu?

  • Nu kawoe màte ŋu awɔ tso susuhenu mawo ŋu?

Kpekpeɖeŋu: Dze egɔme nànɔ nua xlẽm vivivi, eye le ɣeyiɣi aɖewo megbea, nànɔ edzim ɖe edzi. Kɔ gbe dzi nàxlẽe, gake kple dzigbɔɖi ale be nàte ŋu atsɔ susu aɖo nu si xlẽm nèle ŋu.

  • Asitɔtrɔ kawoe mate ŋu awɔ ale be makpɔ ɣeyiɣi ade ŋugble tso nu si mexlẽa ŋu?

Kpekpeɖeŋu: Zã nusrɔ̃ɣia ƒe miniti ewo mamlɛa nàtsɔ aɖo ŋku nu siwo nèsrɔ̃a dzi.

  • Ɣekaɣie wòate ŋu adzɔ be manɔ nu vovovowo wɔm le ɣeyiɣi ɖeka me?

  • Asitɔtrɔ kawoe mate ŋu awɔ ale be matsɔ susu aɖo nu ɖeka ŋu le ɣeyiɣi ɖeka me?

Kpekpeɖeŋu: Mègana susuhenu aɖeke nanɔ gbɔwò ne èle nu srɔ̃m o, ale be nàtsɔ susu aɖo nu ɖeka ŋu.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Ƒle nunya, eye nàƒle gɔmesese.”—LODODOWO 4:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe