Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðokuiɖeɖeɖeaga ƒe Viɖe
ƔEAÐEƔI Yesu “ɖeka yi to la dzi be, yeado gbe ɖa. Eye esi zã do la, eya ɖeka tsi afima.” (Mateo 14:23) Ɣebubuɣi “esi ŋu ke la, edo go heyi gbedzi.” (Luka 4:42) Ŋɔŋlɔ siawo ɖo kpe edzi be ɣeaɖewoɣi la, Yesu Kristo di be yeaɖe ɖe aga eye ede asixɔxɔ ɣeyiɣi mawo ŋu.
Biblia gblɔ ame bubu siwo de asixɔxɔ ɖokuiɖeɖeɖeaga ŋu abe Yesu ene ƒe kpɔɖeŋu. Ɣeyiɣi si me hakpala la nɔ ŋu le zã me eye eya ɖeka nɔ anyie wòde ŋugble le eƒe Wɔla Gã la ƒe gãnyenye ŋu. Eye le Yesu Kristo ƒe nyaa me la, esime wòse Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ku teti ko la ‘eƒo asa yi ɖe gbedzi.’—Mateo 14:13; Psalmo 63:7.
Egbea le ʋunyaʋunyawɔwɔ kple toɣliɖeɖe si xɔ agbenɔnɔ me le xexea me ta la, amewo mebua ɖokuiɖeɖeɖeaga, eɖanye esi ame ŋutɔ tia alo nɔnɔme aɖee hee vɛ o, nu vevii o. Èɖo ŋku zi mamlɛtɔ si nènɔ ɖokuiwò si dzia? Ðetugbi srɔ̃tɔ aɖe gblɔ be: “Nyemeɖe ɖokuinye ɖe vovo le nye agbe me kpɔ o.”
Gake ɖe wòhiã nyateƒe be woaɖe ɖe agaa? Ne nenamae la, ke aleke woate ŋu azã ɖoɖoeziɣiwo nyuie wòaɖe vi? Eye nukatae wòle be woada asɔ le didi be woaɖe ɖe vovo me?
Ðokuiɖeɖeɖeaga—Nukata Wòɖea Vi?
Biblia gblɔ na mí be blema Mawu subɔla aɖe si ŋkɔe nye Isak ɖe eɖokui ɖe aga ɖanɔ “gbe me le fiẽ.” Nukatae? Biblia gblɔ be, ‘be wòade ŋugble.’ (Mose I, 24:63) Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be, be woade ŋugble fia be “woabu tame susu nanɔ nu ŋu vevie alo woawɔe le dziɖeɖi me.” Efia “ŋugblemeyiyi moveviɖoɖotɔe ɣeyiɣi didi.” Le Isak amesi madidi o wòade ta agbanɔamedzi kpekpewo te gome la, ŋugbledede ma tɔgbe si naneke matɔtɔe o akpe ɖe eŋu wòakɔ eƒe susu me, ada eƒe tamesusuwo akpɔ, eye wòabu nu veviwo ŋu.
Susumedɔdala aɖe gblɔ be ne ‘woɖe ame ɖokui ɖe aga le mɔ nyuitɔ nu la, ame bubuwo ƒe afima manɔmanɔ na wònɔa bɔbɔe be míada míaƒe tamesusuwo akpɔ, eye míayi ŋugble me nyuie wu.’ Ame geɖe alɔ̃ ɖe edzi be esia ana ame ƒe dzi nadze eme, ado ŋusẽ ame, eye wòana ame ƒe lãme nasẽ.
Nu nyui siwo dona tsoa ŋugbledede me la dometɔ aɖewoe nye nuŋububu kple ɖokuidziɖuɖu, siwo nye nɔnɔme siwo naa wodzea aɖaŋu le nuƒoƒo kple nuwɔwɔ me, eye wowɔnɛ be amewo dome nyona. Le kpɔɖeŋu me, amesi nya alesi wòade ŋugblee ate ŋu anya ɣeyiɣi si me wòazi ɖoɖoe hã. Le esi teƒe be wòaƒo nu blablabla la, ebua nusi ate ŋu ado tso nya siwo wòagblɔ la me doa ŋgɔ. Biblia ŋlɔla si gbɔgbɔ ʋã la bia be: “Èle ŋutsu, si tsi klokloklo dzi le nuƒoƒo me la, kpɔma?” Eyi edzi gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama.” (Lododowo 29:20) Nukae ate ŋu axe mɔ ɖe aɖea zazã tamemabumabutɔe nenema nu? Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.”—Lododowo 15:28; tsɔe sɔ kple Psalmo 49:4.
Le Kristotɔ gome la, ŋugbledede le ɖoɖoezizi me ne woɖe ɖe vovo le vevie hena tsitsi le gbɔgbɔ me. Apostolo Paulo ƒe nyawo sɔ be: “De ŋugble le nusiawo ŋu; ƒo ɖokuiwò ɖe wo me, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le amewo katã ŋku me.”—Timoteo I, 4:15, NW.
Zã Aganɔɣi Tsɔ Te Ðe Mawu Ŋu Kplikplikpli Wu
Agbalẽŋlɔla Eŋlisitɔ aɖe gblɔ be: “Teƒe si woanɔ ayɔ Mawu wòatɔe nye esime woɖe ɖe aga.” Yesu sena le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga le ye nɔvi amegbetɔwo ŋu ne yeado ɖe Mawu ŋkume le ye ɖokui si. Woƒo nu tso esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ŋu le Biblia me: “Esi wòfɔ fɔŋli la, edo go heyi ɖe gbedzi, eye wòdo gbe ɖa le afima.”—Marko 1:35.
Le Psalmowo me la, woƒo nu tso ŋugblemeyiyi le Mawu ŋuti ŋu zi geɖe. Esime Fia Dawid nɔ nu ƒom na Yehowa la, egblɔ be: “Mebu ŋuwò.” Nenema ke Asaf gblɔ eƒe nyawo be: “Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.” (Psalmo 63:7; 77:13, míawoe te gbe ɖe wo dzi.) Eyata Mawu ƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo ŋu bubu hea yayra mavɔwo vanɛ. Enana ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ŋu dea to ɖe edzi, eye wòkpena ɖe ame ŋu be wotena ɖe eŋu kplikplikpli wu.—Yakobo 4:8.
Dadasɔ Hiã
Gake ehiã be woada asɔ le didi be woaɖe ɖe aga me. Míate ŋu agblɔ be ɖokuiɖeɖeɖeaga nye teƒe si woayi wòaɖe vi gake enye teƒe si woatsi wòahe afɔku vɛ. Ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga fũ akpa nye nusi tsi tre ɖe amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevi si nye hadede, dzeɖoɖo, kple lɔlɔ̃ ɖeɖefia ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ame ɖokui ɖeɖe ɖe aga ate ŋu ahe ame ade movidzɔdzɔ kple ɖokuitɔdidi me. Biblia me lododo aɖe xlɔ̃ nu be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” (Lododowo 18:1) Be míada asɔ le didi be míanɔ mía ɖokui si me la, ele be míadze si afɔku siwo le ɖokuiɖeɖeɖeaga me.
Kristotɔwo hã dea asixɔxɔ ɣeyiɣi siwo me woɖena ɖe aga ŋu, abe alesi Yesu kple ame bubu siwo tsi dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me dee ene. Nyateƒe wònye be le agbanɔamedzi kple nu geɖe siwo ŋu míetsia dzi ɖo ta la, mele bɔbɔe be míakpɔ ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ si me míanɔ mía ɖokui si ade ŋugble o. Gake abe alesi ko wòle le nusianu si ŋu viɖe vavã le gome ene la, ele na mí be míawɔ “ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Ekema míate ŋu agblɔ abe alesi hakpala la gblɔe ene be: “Nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nedze ŋuwò, Yehowa.”—Psalmo 19:15.