INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g22 No. 1 axa 7-9
  • 2 | Kpɔ Nu Si Nu Nènɔa Agbe Ðoa Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 2 | Kpɔ Nu Si Nu Nènɔa Agbe Ðoa Ta
  • Nyɔ!—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TA WÒLE VEVIE
  • Nu Si Wòle Be Nànya
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Fifia
  • Ale Si Nànɔ Agbe Ðe Ga Sue Si Le Asiwò Nu
    Nyati Bubuwo
  • Zã Ga Le Nunya Me
    Nyɔ!—2025
  • Gazazã Nyuie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nu Si Miawɔ Ne Fe Le Mia Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2022
g22 No. 1 axa 7-9
Atikpala aɖe le gatagbadzɛ ƒom ɖe ati me.

NUWO TƆ ZI LE XEXEA ME

2 | Kpɔ Nu Si Nu Nènɔa Agbe Ðoa Ta

NU SI TA WÒLE VEVIE

Ame geɖe dagbana hafi kpɔa woƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo. Nublanuitɔea, nya vɔ̃ siwo le dzɔdzɔm le xexea mea nana esia wɔwɔ gasesẽna ɖe edzi. Nu ka tae?

  • Ne zi tɔ le nuto aɖe mea, nuɖuɖu kple nuhiahiã vevi bubuwo ƒe asi yia dzi eye xɔnyawo hã ɖea fu.

  • Ne nya vɔ̃wo dzɔa, ame geɖe ƒe dɔ gblẽna alo woƒe fetu dzi ɖena kpɔtɔna.

  • Ne afɔkuwo dzɔa, amewo ƒe dɔwɔƒewo, aƒewo, alo nunɔamesi bubuwo dome gblẽna, eye esia wɔnɛ be wova daa ahe.

Nu Si Wòle Be Nànya

  • Ne èléa be na ga nyuiea, esia akpe ɖe ŋuwò ne afɔku aɖe dzɔ eye nuwo va le sesẽm.

  • Ne ganyawo de dziwò fifia hãa, mefia kokoko be anɔ alea ɖaa o; ate ŋu adzɔ be wò fetu, ga siwo nèdzra ɖo kple wò nunɔamesiwo magava ɖi naneke o.

  • Nanewo li siwo ga mate ŋu aƒle o. Esia ƒe ɖewoe nye dzidzɔkpɔkpɔ kple ɖekawɔwɔ si nɔa ƒome me.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ Fifia

Biblia gblɔ be: “Ne nuɖuɖu kple nudodo le mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.”—1 Timoteo 6:8.

Ne nu siwo le mía si dzea mía ŋua, ke dzi adzɔ mí ne míete ŋu kpɔ míaƒe nuhiahiã veviwo ya teti. Esia ɖea vi vevietɔ ne nɔnɔme sesẽwo wɔe be ga megava le mía si o.

Hafi nu siwo le asiwò nadze ŋuwòa, ɖewohĩ ava hiã be nàsrɔ̃ ale si nànɔ agbe ɖe ga sue si le asiwòa nu. Ne èzãa ga wu esi nèkpɔnaa, ɖeko ganyawo agasesẽ ɖe edzi na wò.

ÀTE ŊU AKPƆ DZIDZƆ​—Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò

Ne nɔnɔmeawo le sesẽma, wɔ nu siawo be nàtsɔ akpɔ nu si nu nènɔa agbe ɖoa ta

ÐE WÒ GAZAZÃ DZI KPƆTƆ

  • Nyɔnu tsitsi aɖe le karɔt hom le eƒe abɔ me.

    Ðe wò gazazã dzi kpɔtɔ

    Ne nane mehiã wò ŋutɔŋutɔ oa, mègaƒlee o. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòhiã kokoko be ʋu nanɔ asinyea? Ðe mate ŋu awɔ abɔ vi aɖe anɔ nukuwo ƒãm ɖe emea?’

  • Hafi nàƒle nanea, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mehiã nɛ ŋutɔŋutɔa? Ðe nye ga ate ŋu ade enua?’

  • Ne dziɖuɖua alo habɔbɔ aɖe le kpekpeɖeŋu nam la, lɔ̃ faa nàxɔe.

“Míaƒe ƒomea nɔ anyi de ŋugble le míaƒe gazazãwo ŋu. Míeɖe ga si míezãna ɖe modzakaɖeɖewo ŋu dzi kpɔtɔ. Azɔ hã, míeƒlea nuɖuɖu siwo mexɔ asi fũu o tsɔ ɖaa nui.”—Gift.

WƆ ÐOÐO ÐE GAZAZÃ ŊU

Nyɔnu aɖe le nu siwo wòƒlea ŋuti kɔnta bum eye wòle nuŋlɔɖiwo wɔm.

Wɔ ɖoɖo ɖe gazazã ŋu

Biblia gblɔ be: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ, ke ame sia ame si tsia klokloklo la, hiã atui.” (Lododowo 21:5) Ne èwɔa ɖoɖo ɖe wò gazazã ŋua, esia akpe ɖe ŋuwò be mànɔ ga zãm wu esi nèkpɔna o.

  • Gbã, ŋlɔ ga home si nèkpɔna le ɣletia me ɖi.

  • Eyome, ŋlɔ nu vevi siwo ŋu nèzãa ga ɖo ɣleti sia ɣleti la ɖi, eye nàlé ŋku ɖe ale si nèle ga zãmee ŋu.

  • Azɔ, tsɔ ga si nèkpɔna le ɣletia me sɔ kple wò gazazãwo, eye ne ehiãa, kpɔe ɖa be nu kawo dzie yeate ŋu aɖe akpɔtɔ alo aɖe ɖa kura ale be wò gazazãwo nagagbɔ esi nèkpɔna ŋu o.

“Ɣleti sia ɣletia, míeŋlɔa ga si míekpɔna kple nu siwo ŋu míezãnɛ ɖoa ɖi. Míedzraa ga ɖo ale be ne nane dzɔ kpata alo míaƒle nane le etsɔmea, míate ŋu azãe ɖe eŋu. Eya ta míetsia dzi fũu o, elabe míenya ale si míele míaƒe ga zã ge.”—Carlos.

ƑO ASA NA FENYINYI / DZRA GA ÐO

  • Vidada aɖe le kpekpem ɖe via ŋu be wòadzra ga ɖo.

    Ƒo asa na fenyinyi / dzra ga ɖo

    Wɔ ɖoɖo nyui aɖe ale be nàɖe fenyinyi dzi akpɔtɔ. Eye ne anya wɔa, ƒo asa na fenyinyi kura. Le esi nàdo ga teƒea, nɔ ga dzram ɖo be nàtsɔ aƒle nu si hiã wò.

  • Nɔ ga vi aɖe dzram ɖo ɣleti sia ɣleti ɖe nu siwo nèle mɔ kpɔm be yeava zã ga ɖo kple esiwo mèle mɔ kpɔm na oa ŋu.

LÉ FƆ ÐE DƆ ŊU

Biblia gblɔ be: “Kutrikuku ɖe dɔwɔwɔ ŋu hea viɖe vanɛ.”—Lododowo 14:23.

  • Atikpala aɖe le gatagbadzɛ ƒom ɖe ati me.

    Lé fɔ ɖe dɔ ŋu

    Susu nyui nenɔ asiwò ɖe dɔ si nèwɔna ŋu. Ne menye dɔ mae nàdi be yeawɔ o hãa, ɖo ŋku edzi be afi mae nèkpɔa ga le tsɔ kpɔa wò nuhiahiãwo gbɔe.

  • Dze agbagba nàdo vevie dɔ eye nànye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be dɔ mage le asiwò o, eye ne edzɔ be ege le asiwò hãa, anɔ bɔbɔe be nàkpɔ bubu.

“Melɔ̃na wɔa dɔ siwo li ne dɔa medzɔ dzi nam o alo fetua mede esi mele mɔ kpɔm na nu o gɔ̃ hã. Meléa fɔ ɖe dɔ ŋu ɣesiaɣi eye mewɔnɛ memie abe nye ŋutɔ nye dɔ wɔm mele ene.”—Dmitriy.

Ne èle dɔ dim la . . .

  • Mègade asi asitɛ me o. Yi dɔwɔƒewo nàkpɔe ɖa be dɔ kawoe li yeate ŋu awɔ hã, ne womegblɔ be yewole ame dim o gɔ̃ hã. Gblɔ na xɔ̃wòwo kple wò ƒometɔwo be yele dɔ dim.

  • Trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Anɔ eme be àkpɔ dɔ, gake manye esi sɔ ɖe nu sia nu si nèdi la nu o.

Dzila aɖewo le woƒe gazazãwo ŋuti kɔnta bum eye wo viwo hã le fefem le aƒea me.

SRƆ̃ NU GEÐE KPEE. Xlẽ nyati sia: “How to Live on Less” (“ Comment vivre avec moins ”).

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe