NU SIWO NÀWƆ NE NUWO LE ASI XƆM
Zã Ga Le Nunya Me
Ne nuwo le asi xɔm la, ehea kuxiwo vanɛ na mí katã. Gake mègase le ɖokuiwò me be naneke meli yeawɔ tso nɔnɔmea ŋu o. Ðewohĩ nanewo li nàte ŋu awɔ be nuwo naka ɖe eme na wò.
NU SI TAE WÒLE VEVIE
Ne mèdzea agbagba be yeazã ga le nunya me o la, wò ganyawo ate ŋu ava tɔtɔ, eye esia ana nàtsi dzimaɖi vevie. Ne ga mesɔ gbɔ ɖe asiwò o hã la, nu geɖewo li nàte ŋu awɔ be nàzã esi le asiwò la nyuie.
NU SI NÀTE ŊU AWƆ
Nɔ agbe ɖe nu si le asiwò nu. Ne èwɔe alea la, anɔ bɔbɔe be nàkpɔ ta na wò ganyawo eye nàsu te nyuie be nàkpɔ hiahiã siwo ado mo ɖa le vo me la gbɔ.
Be nàte ŋu anɔ agbe ɖe nu siwo le asiwò nu la, wɔ ɖoɖo ɖe ga si nèkpɔna kple ga si nèzãna ŋu eye nàŋlɔ wo ɖi. Ne èle esia wɔm la, wò susu nenɔ nu siwo hiã wò ŋutɔŋutɔ la ŋu. Ne èwɔ ɖoɖoa vɔ la, dze agbagba nàzɔ ɖe edzi; ke hã, àte ŋu atrɔ asi le eŋu ne ga si nèkpɔna alo nuwo ƒe asi va trɔ. Ne srɔ̃ le asiwò la, na eya hã nakpɔ gome le nyametsotso ɖe sia ɖe si miawɔ la me.
Te esia kpɔ: Le esi teƒe be nàƒle nu agbana la, xe fea ne anya wɔ. Ame aɖewo gblɔ be ne yewowɔe alea la, ekpena ɖe yewo ŋu yewozɔna ɖe ɖoɖo si yewowɔ ɖe ga ŋu la dzi eye yewoƒoa asa na fenyinyi gɔ̃ hã. Azɔ hã, di ɣeyiɣi nàlé ŋku ɖe ale si nèle ga zãmee ŋu edziedzi; xɔ nyatakaka tso afi si nèdzraa ga ɖo la gbɔ hena esia wɔwɔ. Ne ènya gahome si le asiwò la, awɔe be màtsi dzimaɖi fũu o.
Mele bɔbɔe be míanɔ agbe ɖe ga si le mía si nu o. Gake ne èwɔ ɖoɖo ɖe wò gazazãwo ŋu nyuie la, akpe ɖe ŋuwò. Eye ana nàkpɔ ta na wò ganyawo.
Do vevie dɔ. Nu kawoe nàte ŋu awɔ be dɔ nagage le asiwò o? Wo dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esi: Nɔ game dzi. Susu nyui nenɔ asiwò ɖe dɔa ŋu. Kpe ɖe amewo ŋu le mɔ vovovowo nu; mègawɔ kuvia o. De bubu amewo ŋu. Wɔ ɖe mɔfiamewo dzi, eye nàdze agbagba be yeabi ɖe dɔa me.
Mègagblẽ wò ga dome o. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mezãa ga yakayaka alo zãnɛ ɖe numame gbegblẽwo ŋua?’ Le kpɔɖeŋu me, ame geɖewo zãa ga si wokpe fu kpɔ la ɖe tsatsadada, atike vɔ̃ɖiwo zazã, sigarɛtnono, alo aha tsu nono ŋu. Numame siawo ate ŋu ana woava lé dɔ alo dɔ nage le wo si.
Dzra ga ɖo ɖe nyadzɔgbe ŋu. Ne anya wɔ na wò la, dzra ga vi aɖe ɖo be nàtsɔ akpɔ hiahiã siwo ado mo ɖa le etsɔme alo nudzɔdzɔ kpatawo gbɔ. Ga ma ava ɖe vi na wò ne wò ŋutɔ alo wò ƒometɔ aɖe dze dɔ kpata, dɔ ge le asiwò, alo nu bubu aɖe si mèle mɔ kpɔm na o la dzɔ.