Georgette Douwma/Stone via Getty Images
ÐE MÍAƑE ANYIGBA ATSRƆ̃A?
ATSIAƑUWO
MÍEKPƆA nu siwo míeɖuna ƒe akpa gãtɔ kple nu geɖe siwo wozãna tsɔ wɔa atikewoa tso atsiaƒu me. Atsiaƒu gbɔe ya nyui si míegbɔna le xexea me godoo, si woyɔna be oxygen, ƒe akpa gãtɔ tsona. Eye ehea ya si me carbon nɔna, si tsoa amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ hã. Tsɔ kpe ɖe eŋua, atsiaƒuwo kpɔa ŋusẽ ɖe yame ƒe nɔnɔmewo dzi.
Nu Le Gbegblẽm Le Atsiaƒuwo Ŋu
Yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ gblẽa nu le adzakpowo, gomelãwo kple ƒumelã bubuwo ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ate ŋu adzɔ be adzakpowo katã kloe dome nagblẽ le ƒe 30 siwo gbɔna me, evɔ ne woma nu gbagbe siwo le atsiaƒu me ɖe akpa enea, adzakpowo léa akpa ɖeka kloe ƒe agbe ɖe te.
Numekulawo bu akɔnta be anɔ eme be tɔdzixewo ƒe akpa gãtɔ ɖu aŋenu siwo le atsiaƒu me, eye woxɔe se be aŋenu siawoe wua ƒumelã miliɔn geɖe ƒe sia ƒe.
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã António Guterres gblɔ le ƒe 2022 me be: “Míele be lém na atsiaƒuwo kura o, eye magblɔ be egbea, ‘Atsiaƒua Ðo Afɔku Gã Aɖe Me.’”
Womewɔ Míaƒe Anyigba Be Wòatsrɔ̃ O
Ne ɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo meƒoa ɖi atsiaƒu oa, ŋutete tɔxɛ le atsiaƒu kple ƒumelãwo si be woaɖe ɖinu siwo woawo ŋutɔ wɔna ɖa ale be atsiaƒua kple nu gbagbe siwo le emea nayi edzi anɔ dzadzɛ. Agbalẽ si nye Regeneration: Ending the Climate Crisis in One Generation ɖe eme be “ne amegbetɔwo mekɔa ɖinuwo ɖe atsiaƒu me oa, atsiaƒua ŋutɔ ate ŋu ayi edzi anɔ ɖinu siwo le emea ko ɖem ɖa.” Kpɔɖeŋu aɖewoe nye esi:
Woxɔe se be ya si woyɔna be carbon dioxide (dioxyde de carbone) koŋ gbɔe wòtsona be yamenutowo me xɔa dzo. Gake numiemie suesuesue si woyɔna be phytoplankton (phytoplancton) si le atsiaƒu mea léa ya sia ɖi. Eye ne wotsɔ ya sia ƒe agbɔsɔsɔ si atiwo, gbewo kple numiemie bubu siwo le anyigba dzi léna ɖi katã ƒo ƒua, esi numiemie suesuesue siawo ɖeɖe léna ɖia de sɔsɔ ge kplii kloe.
Nugbagbevi suesuesue siwo le atsiaƒu mea ɖua ƒumelã siwo ku ɖe tsia me, eye esia manɔmeea, tsia dome agblẽ. Lã bubu siwo le atsiaƒua mea va ɖua nugbagbevi suesuesue mawo hã. Nyatakakadɔwɔƒe aɖe gblɔ be: “Ðoɖo sia nana be atsiaƒua me nɔa dzadzɛ eye eme kɔna ɣesiaɣi.”—Smithsonian Institution Ocean Portal.
Mɔ si nu ƒumelã geɖe wɔa nu siwo woɖu ŋu dɔ le wɔnɛ be ŋusẽ si le atsiaƒutsia ƒe aɖi ŋu ɖiɖina, eye esia ɖea vi ŋutɔ elabe aɖia ate ŋu agblẽ nu le adzawo, gomelãwo kple nu gbagbe bubu siwo le atsiaƒua me ŋu.
Ale Si Amegbetɔwo Le Kuxia Gbɔ Kpɔm
Ne míezãa bagiwo kple tsigowoa, awɔe be míaɖe aŋenu siwo yia atsiaƒu me dzi akpɔtɔ
Ne amegbetɔwo mekɔa ɖinuwo ɖe atsiaƒu me oa, mahiã be woava nɔ eɖem ɖa hã o. Eya ta numekulawo ɖo aɖaŋu be anyo be míanɔ bagiwo, tsigowo kple nugowo zãm tsɔ wu be míazã aŋenuwo zi ɖeka ko atsɔ aƒu gbe.
Gake esia ɖeɖe makpɔ kuxia gbɔ o. Nyitsɔ laa, le ƒe ɖeka ko mea, habɔbɔ aɖe lɔ gbeɖuɖɔ tɔn 9,200 le ƒutawo le dukɔ 112 me. Dɔ gã aɖee nye ema wowɔ, gake ne woma gbeɖuɖɔ siwo yia atsiaƒua me ƒe sia ƒe ɖe akpa 1000 mea, akpa ɖeka pɛ koe nye ema wolɔ.
National Geographic ka nya ta be “edze abe aɖinu siwo gbegbe yi atsiaƒua me va se ɖe fifia, womate ŋu awɔ naneke tso eŋu o ene.” Woyi edzi be “amegbetɔwo tsɔ nuwo abe mɔ̃memi, aŋɔ kple ɖinu bubuwo ƒo ɖi atsiaƒua ale gbegbe be nu gbagbe siwo le emea megate ŋu le ɖinuwo ɖem abe ale si wòle be wòawɔe le dzɔdzɔme nu ene o.”
Mɔkpɔkpɔ Li—Nya Si Biblia Gblɔ
“Anyigba yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo. Atsiaƒue nye esi, elolo hekeke gbanaa, eya mee nu gbagbe siwo mele xexlẽ me o, suewo kple gãwo siaa, ʋãa wo ɖokui le.”—Psalmo 104:24, 25.
Wɔlaa wɔ atsiaƒua kple ŋutetea be wòanɔ ɖinuwo ɖem ɖa le eɖokui me. Bu eŋu kpɔ: Esi wònye Wɔlaa ye wɔ atsiaƒua kple nu gbagbe siwo katã le emea, ɖe míate ŋu axɔe ase be aɖɔ nu siwo katã wogblẽ le eŋu ɖo oa? Kpɔ nyati si nye “Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O,” le axa 15 lia.