ÐE MÍAƑE ANYIGBA ATSRƆ̃A?
YA
MENYE esi wòle be míagbɔ ta koe míehiã ya o. Ya kpɔa anyigba kple nu gbagbe siwo le edzia ta be ɣe ƒe ŋusẽ si nu sẽa nagagblẽ nu le wo ŋu o. Ya manɔmeea, anyigba afa miamiamia ale gbegbe be tsiwo katã azu tsikpe.
Nu Le Gbegblẽm Le Míaƒe Ya Ŋu
Yame ƒe ɖiƒoƒo ate ŋu agblẽ nu le nu gbagbewo ŋu vevie. Le Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe nya nua, anyigba dzi nɔlawo ƒe akpa ɖeka le alafa me koe gbɔa ya si me ɖi mele o.
Numekukuwo ɖee fia be yame ƒe ɖiƒoƒo ate ŋu ana amewo naxɔ dzitodzitomedɔwo, kansa ƒomevi aɖewo kple dzidɔ. Ƒe sia ƒea, yame ƒe ɖiƒoƒo nana ame siwo ade 7,000,000 sɔŋ kua kukpo.
Womewɔ Míaƒe Anyigba Be Wòatsrɔ̃ O
Le dzɔdzɔmenua, ŋutete le míaƒe anyigba ŋu be wòayi edzi ana nu gbagbe siwo katã le edzia nakpɔ ya nyui agbɔ. Gake ne amegbetɔwo ƒoa ɖi yame fũu la, esia manya wɔ o. Bu kpɔɖeŋu ʋɛ siawo ŋu kpɔ.
Ame geɖe nya be avemetiwo tea ŋu léa ya manyomanyo si míegbɔna doa goe, si nye carbon dioxide ɖi. Gake ati siwo wɔa ave ɖe tsi me, si ame aɖewo yɔna be atratiwoa, tea ŋu wɔa esia nyuie wu. Ati siawo ɖea carbon dioxide le ya me wu ale si avemetiwo wɔnɛ zi gbɔ zi atɔ̃.
Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be adru gagã siwo wɔna ɖe atsiaƒu me abe gbewo ene, le kpɔɖeŋu me kelp, léa carbon dioxide le yame ɖi eye woɖinɛ ɖe to me. Do wluiwlui aɖewo le adru ƒomevi sia ŋu, si me ya ɖona. Ne edzɔ alea, wovuna eye wohona ɖe tsia dzi ale be tsia kplɔa wo dzonae yia adzɔge ʋĩi. Ne ƒutsia kplɔ wo dzoe nenemaa, do wluiwlui siwo me yaa ɖoa wóna eye adrua nyrɔna ɖe ƒua gɔme. Aleae wòdzɔnae be carbon dioxide si wòlé ɖia hã nyrɔna eye wòtsia atsiaƒua gɔme ƒe alafa geɖe.
Ŋutete si le dzɔdzɔmenuwo ŋu be woaɖe ɖinuwo le yamea dze ƒãa esi corona dɔvɔ̃a wɔe be amewo tsi aƒe me eye dɔwɔƒe gagã aɖewo hã tɔ te dɔwɔwɔ le xexea me godoo. Le ƒe 2020 me esi dɔwɔƒe gagã kple ʋuwo megava nɔ dzudzɔ tum abe tsã ene o taa, yame va kɔ le ɣeyiɣi kpuie aɖe ko megbe. Le ƒe ma mea, woku nu me le dukɔ gbogbo aɖewo me eye wokpɔe be esi wode se be amewo natsi aƒe mea, eteƒe medidi kura hafi yame kɔ le dukɔ mawo ƒe akpa gãtɔ me o. —“2020 World Air Quality Report.”
Ale Si Amegbetɔwo Le Kuxia Gbɔ Kpɔm
Gasɔdodo ate ŋu aɖe yame ƒe ɖiƒoƒo dzi akpɔtɔ
Dziɖuɖuwo le dzi dem ƒo na dɔwɔƒe gagãwo be woaɖe ale si woƒoa ɖi yame dzi akpɔtɔ. Azɔ hã, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le kekem ɖe mɔnu yeye siwo dzi woato atrɔ asi le ɖinu siwo le yame ŋu be woagagblẽ nu oa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le mɔnuawo dometɔ ɖeka mea, wozãa nugbagbevi nyaŋuiwo tsɔ trɔa aɖinuwo wozua nu siwo magagblẽ nu le ame ŋu o. Tsɔ kpe ɖe eŋua, woɖoa aɖaŋu na amewo be woazɔ alo ado gasɔ tsɔ wu be woaku ʋu eye woaɖe elektrikŋusẽ zazã dzi akpɔtɔ le woƒe aƒewo me.
Dziɖuɖu aɖewo le gamlekpui siwo meƒoa ɖi ya me o mam na amewo, gake ame gbogbo aɖewo gali siwo mekpɔ ɖeke o
Gake nu siawo ɖeɖe makpɔ kuxia gbɔ o, elabe dukɔwo dome habɔbɔwo, si me Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa kple Xexea Me Ƒe Gadzraɖoƒegã le, ka nya ta le ƒe 2022 me be egahiã be woawɔ geɖe wu.
Wogblɔ le nyatakakaa me be le ƒe 2020 mea, ame siwo le xexea me ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me zãa dzododo ƒe mɔnu siwo ƒoa ɖi ya me ne wole nu ɖam. Le teƒe geɖewoa, ŋutete mele amewo ŋu be woaƒle gamlekpui yeyewo alo azã dzodonu siwo meƒoa ɖi ya me o.
Mɔkpɔkpɔ Li—Nya Si Biblia Gblɔ
“Ale Mawu vavã Yehowa, dziƒowo Wɔla, . . . Ame si keke anyigba kple edzinuwo ɖe enu, Ame si naa agbegbɔgbɔ edzinɔlawo, gblɔe nye esi.”—Yesaya 42:5.
Mawue wɔ ya si míegbɔna kple dzɔdzɔmenu siwo ɖea ɖinu le ya me. Azɔ hã, ŋusẽ mavɔ le esi eye elɔ̃ ameƒomea. Eya ta ɖe masɔ be míakpɔ mɔ be ava wɔ nane tso ale si wole ɖi ƒom ya me ŋu oa? Kpɔ nyati si nye “Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O.”