INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 6/8 axa 31
  • Oo, Ne Makpɔ Ya Nyui aɖe Agbɔ Ðe!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Oo, Ne Makpɔ Ya Nyui aɖe Agbɔ Ðe!
  • Nyɔ!—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ya
    Nyɔ!!—2023
  • Wole Egbɔkpɔnu Siwo Asɔ Dim
    Nyɔ!—1996
  • Nutoa Me Takpɔkpɔ—Dzidzedze Ka Kpɔm Míele?
    Nyɔ!—2003
  • Ðe Ya Kple Ɣe Ƒe Keklẽ Wua Dɔlékuiwoa?
    Nyɔ!—2015
Nyɔ!—1996
g96 6/8 axa 31

Oo, Ne Makpɔ Ya Nyui aɖe Agbɔ Ðe!

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE BRITANIA GBƆ

NE ÈLE gbɔgbɔm ɖe, ya nyuie nègbɔna? Ðɔkta aɖe si ƒe nya wogblɔ ɖe London ƒe The Times me gblɔ be alesi wole ɖi ƒom yae egbea la “vɔ̃ɖi wu atamanono.” Wobu akɔnta be aɖiya wua ame 10,000 le England kple Wales ƒe sia ƒe. Nɔnɔmea dziŋɔ ŋutɔ le xexeame katã, vevietɔ le dugãwo me.

Ame geɖe bua fɔ ʋuwɔlawo be woawoe le ɖi ƒom yamenutoa me. Fifia wodea mɔ̃ aɖe si ɖea aɖinuwo le ʋudzudzɔ me la ʋu yeyewo ŋu le dukɔ geɖe me be woaɖe ɖiƒoƒo ya dzi akpɔtɔ. Ya si nye hydrocarbon si le ʋudzudzɔ me dzi ɖe kpɔtɔ va alafa memamã 12 le ƒe 1970 tɔ dzi, eye nitrogen oxide kple carbon monoxide hã dzi ɖe kpɔtɔ nenema ke. Ðevi siwo wotena le vidzĩkekewo me koŋ ŋue wòagblẽ nu le elabena ʋu ƒe dzudzɔtutu dzea wo dzi tututu ne wole wo tem. Gake ya ƒe ɖiƒoƒo gblẽa nu le ʋua me nɔlawo hã ŋu. Wogblɔ zi geɖe be aɖiya sɔa gbɔ le ʋua me wu egodo zi gbɔ zi etɔ̃. Mɔ̃memi ƒe ʋeʋẽ si me benzene le gbɔgbɔ ne èle mɔ̃memi dzem ɖe wò ʋu me hã nye afɔku.

Wogblɔ le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ƒe 1993-94 yamenutome akɔntabubu me be “Ðinu Wuwlui Siwo Tsi Yame” ye le ɖi ƒom yame wu le xexeame katã fifia. Edze ƒã be dzɔble wuwluiwo, alo ɖinuwo te ŋu gena ɖe dzitodzito me ke ɖadea aɖi gblẽnuwo eme.

Woƒoa nu le ya si xea mɔ na ɣe ƒe keklẽ wuame si le anyigba tame ʋĩ ƒe vɔvɔ ŋu le nyadzɔdzɔwo me fũ. Gake le anyigba la, ɣe ƒe keklẽ trɔa nitrogen oxide kple ya ƒe ɖiƒoƒo me nu bubuwo wozua aɖiya si nye ozone. Ya siawo dzi ɖe edzi le Britania zi gbɔ zi eve le ƒe alafa sia me. Ya siawo gblẽa aŋɔ kple xɔtunu bubuwo, edea dɔ atiwo, numiemiewo, kple nukuwo me, eye edze be enaa akɔtadɔ ɖea fu na ame aɖewo. Togbɔ be dugãwo me koŋue ozone le wu hã la, ewɔ nuku be kɔƒewo mee wògblẽa nu le wu. Le dugãwo me la, nitrogen oxide lɔa ozone si tsi edzi, gake le afisiwo ya siawo mesɔ gbɔ le o la, ozone la kpɔa mɔnu gblẽa nu.

Hekpe ɖe eŋu la, The Times ka nya ta be ya ƒoa ɖi “zi gbɔ zi 70 le aƒeme wu gota.” Atikeʋeʋẽewo, agbagblaʋuiwutikewo, kple awu siwo wosia wòƒu gɔ̃ hã ƒoa ɖi ya le afisia. Sigaret-dzudzɔ hã gblẽa nu le xɔme nenema ke.

Ke nukae nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ wò ƒomea ta? London ƒe The Times do susu siwo gbɔna ɖa.

• Ðe wò ʋu zazã dzi kpɔtɔ. Ne anya wɔ la, ɖo ʋu kple ame bubuwo. Mègaku ʋu sesĩe o. Ne ʋuwo sɔ gbɔ ɖe mɔ dzi eye ŋgɔyiyi zu dɔ alo ètɔ ɖe teƒe ɖeka sẽ ko la, tsi dzoa. Ne anya wɔ la, le ŋkeke siwo dzi ŋdɔ nu sẽ la, tɔ ʋua ɖe ati te be nàɖe mɔ̃memi ƒe aɖiya ƒe ɖiƒoƒoa dzi akpɔtɔ.

• Nɔ kame dem le ŋdi me esime ozone mesɔ gbɔ ɖe yame tututu o.

• De se ɖe atamanono nu le aƒea me.

• Na xɔdɔmefesrewo nanɔ ʋuʋu vie le zã me be wòaɖe fifiadzedze kple ya ƒoɖi bubu siwo ɖea fu na ŋutilã la ado goe.

Àlɔ̃ ɖe edzi ɖikekemanɔmee be: Oo, ne makpɔ ya nyui aɖe agbɔ ɖe!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe