INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g24 No. 1 axa 4-6
  • Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Ame Bubuwo Ŋu O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Ame Bubuwo Ŋu O?
  • Nyɔ!—2024
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TAE WÒLE BE MÍADE BUBU AME BUBUWO ŊU
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • NU SI WƆM YEHOWA ÐASEFOWO LE
  • De Bubu Amewo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Ame Ŋu O?
    Nyɔ!—2024
  • Ale Si Biblia Kpena Ðe Mía Ŋu Be Míase Nu Gɔme Na Amewo Ahade Bubu Wo Ŋu
    Nyati Bubuwo
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míade Bubu Ame Siwo Le Ŋusẽnɔƒewo Ŋu?
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2024
g24 No. 1 axa 4-6
Ŋutsu aɖe si le nu ɖum le nuɖuɖudzraƒe aɖe la le ɣli dom ɖe kplɔ̃ɖola si le kuku ɖem nɛ la ta. Edze be ame siwo le kplɔ̃ ŋu kplii la mevo le wo ɖokui me o.

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Ame Bubuwo Ŋu O?

NU SI TAE WÒLE BE MÍADE BUBU AME BUBUWO ŊU

Ne míedea bubu amewo ŋu la, awɔe be nɔnɔme aɖe si do mo ɖa la mado gã ɖe edzi alo wòana amewo nado dziku o.

  • Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu, ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Ne míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo meɖea bubu fiana o la, ɖeko esia gblẽa nyaa ɖe edzi.

  • Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi lae nu gblɔna.” (Mateo 12:34) Ne míeƒoa nu na amewo bubutɔe o la, eɖea nu si le dzi me na mí fiana—ɖewohĩ le ememe la, mímedea bubu ame siwo ƒe dekɔnu, dukɔ, ŋutigbalẽ kple ɖoƒe to vovo na mía tɔ la ŋu o.

    Esi wobia gbe ame siwo wu 32,000 le dukɔ 28 me nyitsɔ laa la, wo dometɔ 65 le alafa me gblɔ be bubumademade ame ŋu si teƒe kpɔm yewole egbea la ƒo ɖe sia ɖe ta.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Èɖale dɔme alo suku o, de bubu amewo katã ŋu, ne woƒe susu to vovo na tɔwò gɔ̃ hã. De dzesi nu siwo me wò kpli wo ƒe susu awɔ ɖeka le. Esia awɔe be mànɔ kpɔtsɔtsɔ kpɔm le wo ŋu alo anɔ ʋɔnu drɔ̃m wo madzemadzee o.

“Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.”—Mateo 7:1.

Wɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si nèdi be woawɔe na wò ene. Ne èdea bubu amewo ŋu hewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie la, anɔ bɔbɔe be woawo hã nawɔ nu ɖe ŋuwò nenema ke.

“Ale si ko miedina be amewo nawɔ na mi la, miwɔ nenema ke na wo.”—Luka 6:31.

Lɔ̃ faa nàtsɔ ake. Ne ame aɖe mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o la, ŋe aɖaba ƒu edzi eye nàka ɖe edzi be menye ɖe wòɖoe hafi wɔe o.

“Ame si sea nu gɔme nyuie la, medoa dziku kabakaba o, eye atsyɔ̃ wònye nɛ be wòaŋe aɖaba aƒu agɔdzedze dzi.” —Lododowo 19:11.

Hafi hame ƒe kpekpe aɖe nadze egɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe me. Ame siwo xɔ ƒe vovovowo eye wotso teƒe vovovowo la le woézɔ dom na wo nɔewo hele dze ɖom vividoɖeameŋutɔe.
Hafi hame ƒe kpekpe aɖe nadze egɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe me. Ame siwo xɔ ƒe vovovowo eye wotso teƒe vovovowo la le woézɔ dom na wo nɔewo hele dze ɖom vividoɖeameŋutɔe.

NU SI WƆM YEHOWA ÐASEFOWO LE

Yehowa Ðasefowo dea bubu amewo ŋu le nuto si me wole alo wɔa dɔ le la me, eye wokpena ɖe amewo ŋu be woawo hã nawɔe nenema.

Míedoa Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ɖe amewo katã gbɔ, gake míezia míaƒe susu alo dzixɔsewo ɖe amewo dzi o. Ke boŋ, míedzea agbagba be míawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be míagblɔ míaƒe susu “le tufafa kple bubu deto me” la dzi.—1 Petro 3:15; 2 Timoteo 2:24.

Míedea vovototo amewo me o, ke boŋ míekpea ame ƒomeviwo katã va míaƒe hame ƒe kpekpewo zi ale si wodi be yewoasrɔ̃ Biblia ko. Míexɔa ame ƒomeviwo katã eye ‘míedea bubu amewo katã ŋu.’—1 Petro 2:17.

Míedea bubu dziɖuɖua ŋu le dukɔ si me míele la me. (Romatɔwo 13:1) Míewɔna ɖe dukɔa ƒe sewo dzi eye míexea adzɔ. Togbɔ be míedea nu dunya me o hã, míedea bubu gome si le amewo si be woatia akpa si dzi woade le dunya me ŋu.

Foto vovovoawo: Fotoawo tso video sia me “Ɣekaɣie Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Axɔ Ðe Fuléle Teƒe?” 1. Ŋutsu aɖe si nye Arabiatɔ. 2. Ŋutsu aɖe si nye Yudatɔ.

SRƆ̃ NU GEÐE KPEE

Ate ŋu asesẽ be nàde bubu amewo ŋu ne wofia wò tso ɖevime be nàlé fu wo. Kpɔ ale si ŋutsu eve aɖewo siwo tso dukɔ vovovowo me la srɔ̃ ale si woade bubu amewo ŋu. Di video si nye Ɣekaɣie Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Axɔ Ðe Fuléle Teƒe? le jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe