INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g25 No. 1 axa 4-5
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Be Nuwo Trɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɔ̃ Ðe Edzi Be Nuwo Trɔ
  • Nyɔ!—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TAE WÒLE VEVIE
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • Nuwo Ƒe Asi Le Dzi Yim Bobobo Le Xexea Me Katã—Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Nyati Bubuwo
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2025
  • Kpɔ Mɔ Be Nuwo Anyo
    Nyɔ!—2025
  • Zã Ga Le Nunya Me
    Nyɔ!—2025
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2025
g25 No. 1 axa 4-5
Foto vovovoawo: 1. Nyɔnu aɖe le tomato tiam le asi me. 2. Ele ga tsɔm na nudzralaa be yeaxe fe ɖe nu siwo yeƒle la ta.

NU SIWO NÀWƆ NE NUWO LE ASI XƆM

Lɔ̃ Ðe Edzi Be Nuwo Trɔ

Ne nuwo ƒe asi le dzi yim vivivi la, ɖewohĩ asesẽ be míade dzesii, vevietɔ ne wodana ɖe míaƒe fetu hã dzi. Gake ne nuwo ƒe asi yi dzi bobobo, evɔ womeda ɖe míaƒe fetu dzi o alo ga si míekpɔna tso dɔ si míewɔna me mede naneke o la, esia ate ŋu ana míatsi dzimaɖi eye nu nate ɖe mía dzi, vevietɔ ne ƒome le mía si.

Míate ŋu awɔ naneke atsɔ atɔ te ale si nuwo le asi xɔmee o. Gake ne míelɔ̃ ɖe edzi be nenemae nuwo le fifia la, ade mía dzi ŋutɔ.

NU SI TAE WÒLE VEVIE

Enɔa bɔbɔe na ame siwo lɔ̃ ɖe edzi be nuwo le asi xɔm la be . . .

  • woaɖe dzi ɖi. Esia wɔnɛ be wobua nuwo ŋu nyuie hetsoa nya me nyuie.

  • woaƒo asa na nuwɔna siwo made ame dzi o. Le kpɔɖeŋu me, nunya manɔ eme be míagbe fe siwo le mía ŋu la xexe alo azã ga yakayaka o.

  • woaƒo asa na nyahehe kple ƒometɔwo ɖe ga ta.

  • woade dzesi nu siwo woate ŋu awɔ tso nɔnɔmea ŋu, le kpɔɖeŋu me, woagbugbɔ ŋku alé ɖe woƒe gazazãwo ŋu eye woazã ga ɖe nu siwo le vevie wu ŋu.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Lɔ̃ faa be yeatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Ne nuwo ƒe asi le dzi yim kabakaba la, nunya anɔ eme be míaɖiɖi míaƒe gazazã dzi akpɔtɔ ne anya wɔ. Ame aɖewo dzea agbagba be yewoanɔ agbe si bia be woazã ga geɖe wu esi le wo si; esia le ko abe ale si ame aɖe natsɔ tɔkpo gbagbã anɔ tsi dum le vudo goglo aɖe me ene! Mlɔeba, ɖeko nu tia kɔ na wo dzodzro. Azɔ hã, ne ƒome le asiwò la, ke ànya tsi dzi ɖe ale si nàkpɔ woawo hã ƒe nuhiahiãwo gbɔ ŋu, eye esɔ nenema. Ke hã, ɖo ŋku edzi be: Nu si wò ƒomea me tɔwo hiã wu nu bubu ɖe sia ɖee nye be nàlɔ̃ wo ahakpɔ vovo ɖe wo ŋu.

“Viɖe kae le dzimaɖeɖitsitsi me? . . . Ðe wòate ŋu adzi [wò] agbemeŋkekewo ɖe edzi ŋkeke ɖeka? Gbeɖe.”—Luka 12:25, Agbenya La.

“Migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna ŋu o, elabena etsɔ si gbɔna la kple eya ŋutɔ ƒe dzimaɖitsitsiwoe. Ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.”—Mateo 6:34.

Agbagbadzedze be míanɔ agbe si bia be míazã ga geɖe wu esi le mía si la le ko abe ale si ame aɖe natsɔ tɔkpo gbagbã anɔ tsi dum le vudo goglo aɖe me ene

Phazilya.

“Abe ale si Biblia gblɔe ɖi le 2 Timoteo 3:1 ene la, míele ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me. Eya ta mewɔa nuku nam ne ganyawo le sesẽm eye nuwo ƒe asi le dzi yim bobobo o. Be matrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu la, medzea agbagba be nyemazã ga ɖe nu siwo mehiã o la ŋu o.”—Phazilya, Azerbaijan.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe