INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 1
  • Mawu Dze Nuwo Wɔwɔ Gɔme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Dze Nuwo Wɔwɔ Gɔme
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Wɔ Dziƒo Kple Anyigba
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Ɣea Kple Eŋuɣletinyigbawo​—Ale Si Wowɔ Va Dzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ame Si Wɔ Nuwo Katã
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Ɣletiviwo Kple Amewo—Ðe Kadodo aɖe Le Wo Domea?
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 1
Anyigba ƒe nɔnɔme le gɔmedzedzea esime atsiaƒu, agakpewo kple dzotowo xɔ edzi

ŊUTINYA 1

Mawu Dze Nuwo Wɔwɔ Gɔme

NU NYUI, siwo katã le mía si la tso Mawu gbɔ. Eyae wɔ ɣe be wòana kekeli mí le ŋkeke me, kple ɣleti kpakple ɣletiviwo be keklẽ aɖe nanɔ anyi na mí le zã me. Eye Mawu wɔ anyigba na mí be míanɔ edzi.

Gake menye ɣe, ɣleti, ɣletiviwo kple anyigba lae nye nu gbãtɔ, siwo Mawu wɔ o. Ènya nusi nye gbãtɔa? Mawu wɔ amesiwo le abe eya ŋutɔ ene la gbã. Míate ŋu akpɔ amesiawo kple ŋku o abe alesi míate ŋu akpɔ Mawu o ene. Woyɔa amesiawo le Biblia me be mawudɔlawo. Mawu wɔ mawudɔlawo be woanɔ ye gbɔ le dziƒo.

Mawudɔla gbãtɔ, si Mawu wɔ la nye ame tɔxɛ aɖe. Enye Mawu ƒe Vi gbãtɔ, eye wòwɔ dɔ kple Fofoa. Ekpe asi ɖe Mawu ŋu be wowɔ nu mamlɛawo katã. Ekpe ɖe Mawu ŋu wowɔ ɣe, ɣleti, ɣletiviwo kple míaƒe anyigba la hã.

Aleke anyigba la nɔ ɣemaɣi? Le gɔmedzedzea me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ anyigba la dzi o. Naneke menɔ anyi o negbe atsiaƒu gã aɖe koe le anyigba la katã ŋku me. Evɔ la, Mawu di be amewo nanɔ anyigba dzi. Eyata edze nuwo dzadzraɖo gɔme na mí. Nukae wòwɔ?

Ahã, anyigba la hiã na kekeli gbã. Eyata Mawu wɔe be ɣe ƒe kekeli naklẽ ɖe anyigba la dzi. Ewɔe nenema, be zã kple ŋkeke nanɔ anyi. Emegbe Mawu na anyigba ho ɖe dzi tso atsiaƒua me.

Gbã la, naneke menɔ anyigba la dzi o. Enɔ ko abe nɔnɔmetata si kpɔm nèle le afisia ene. Seƒoƒowo alo atiwo alo lãwo ƒe ɖeke menɔ anyi o. Tɔmelã aɖeke kura gɔ̃ hã menɔ atsiaƒua me o. Dɔ geɖe ŋutɔ gali Mawu nawɔ be wòana anyigba la nanɔ nyuie na gbemelãwo kple amegbetɔwo be woanɔ edzi.

Yeremya 10:12; Kolosetɔwo 1:15-17; Mose I, 1:1-10.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe