TA 3
Amesi Wɔ Nuwo Katã
Amekae wɔ nu gbagbewo katã?
MENYA nu wɔnuku aɖe. Àdi be yeasea?— Kpɔ wò asi ɖa. Bi wò asibidewo. Azɔ tsɔ wo tsɔ nanee. Wò asi ate ŋu awɔ nu geɖe, eye ate ŋu awɔ wo nyuie. Ènya amesi wɔ míaƒe asiwoa?—
Ẽ, Ame ma kee wɔ míaƒe nu, míaƒe ŋɔti, kple míaƒe ŋkuwo. Eyae nye Mawu, si nye Nufiala Gã la Fofo. Ðe medzɔ dzi na mí be Mawu wɔ ŋku na mí oa?— Míate ŋu akpɔ nu geɖe kple míaƒe ŋkuwo. Míate ŋu akpɔ seƒoƒowo. Míate ŋu akpɔ gbe damawo kple dziŋgɔli. Ðewohĩ míate ŋu akpɔ xevi siwo le nu dim be yewoaɖu, abe esiwo le fotoa me le afisia ene. Nyateƒee, ewɔ nuku be míate ŋu akpɔ nusiawo katã, alo mewɔ nuku oa?—
Gake amekae wɔ nusiawo? Amegbetɔ aɖee wɔ woa? Ao. Amegbetɔ ate ŋu atso aƒe. Gake amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ gbe siwo miena la o. Amegbetɔ mate ŋu awɔ xevi o, mate ŋu awɔ seƒoƒo, alo nu gbagbe bubu aɖeke o. Ènya be womate ŋui oa?—
Mawue nye amesi wɔ nusiawo katã. Mawue wɔ dziƒo kple anyigba. Eyae wɔ amegbetɔwo hã. Ewɔ ŋutsu gbãtɔ kple nyɔnu gbãtɔ. Yesu, Nufiala Gã la, fia nu tso nusia ŋu.—Mateo 19:4-6.
Aleke Yesu wɔ hafi nyae be Mawue wɔ ŋutsu kple nyɔnu? Ðe Yesu kpɔ eteƒe esi Mawu wɔ woa?— Ẽ, ekpɔe. Yesu nɔ Mawu gbɔ esime Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu. Yesu ye nye ame gbãtɔ si Mawu wɔ. Ewɔ Yesu wònye mawudɔla, eye Fofoa gbɔe wònɔ le dziƒo.
Biblia la na míenya be Mawu gblɔ be: ‘Na míawɔ ame.’ (Mose I, 1:26) Ènya amesi Mawu nɔ nu ƒom na?— Viae wònɔ nu ƒom na. Amesi va anyigba dzi emegbe, si wova yɔ be Yesu ye wònɔ nya mawo gblɔm na.
Ðe esia mevivi nuwò oa? Wò ya bu nya sia ŋu kpɔ! Ne míeɖo to Yesu la, ke efia be amesi nɔ Mawu gbɔ esime Mawu wɔ anyigba kple nu bubuwo katã lae le nu fiam mí. Yesu srɔ̃ nu geɖe esi wòwɔ dɔ kple Fofoa le dziƒo. Eyata mewɔ nuku o be Yesu va zu Nufiala Gã la!
Èsusu be hafi Mawu nawɔ Via la, dzie menɔ edzɔm be ye ɖeka koe li o tae wòwɔe ɖoa?— Kura o. Ne ema tae la, ke nukatae wòwɔ nu gbagbe bubuwo hã?— Esi wònye lɔlɔ̃ Mawu tae wòwɔ wo katã ɖo. Edi be ame bubuwo hã nanɔ agbe eye woase vivi na agbenɔnɔ. Ele be míada akpe na Mawu be ena agbe mí.
Nusianu si Mawu wɔ la ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia. Mawue wɔ ɣe la. Ɣe lae naa keklẽ mí eye wòdea dzo lãme na mí. Ne ɖe ɣea meli o la, anye ne nusianu afa miamiamia eye agbe aɖeke manɔ anyigba dzi o. Ðe medzɔ dzi na wò be Mawu wɔ ɣea na mí oa?—
Mawue naa tsi hã dzana na mí. Ɣeaɖewoɣi la, madzɔ dzi na wò be tsi le dzadzam o, elabena màte ŋu ado go ɖe gota be nàfe ne tsi le dzadzam o. Gake tsidzadzae kpena ɖe seƒoƒowo ŋu be wotsina. Eyata ne míekpɔ seƒoƒo siwo nya kpɔna la, amekae wòle be míada akpe na ɖe wo ta?— Mawue. Eye amekae wòle be míada akpe na ne míeɖu atikutsetse kple amagbe siwo vivina?— Ele be míada akpe na Mawu, elabena eƒe ɣe kple tsidzadzae naa numiemiewo tsina nyuie.
Tsɔe be ame aɖe bia wò be, ‘Nyateƒee wònye be Mawue wɔ amegbetɔ kple lãwoa?’ Nya kae nàgblɔ?— Asɔ be nàgblɔ be: “Ẽ, Mawue wɔ amegbetɔ kple lãwo.” Gake ne ame aɖe mexɔe se be Mawue wɔ amegbetɔwo nyateƒe o ɖe? Ne amea gblɔ be lãwo mee amegbetɔwo dzɔ tso ɖe? Nyateƒeae nye be Biblia mefia mí nenema o. Egblɔ na mí be Mawue wɔ nu gbagbewo katã.—Mose I, 1:26-31.
Ne ame aɖee tu xɔ sia la, ke amekae wɔ seƒoƒowo, atiwo, kple lãwo?
Gake ɖewohĩ ame aɖe agblɔ na wò be yemexɔ Mawu dzi se o. Ekema nya kae nàgblɔ?— Nukatae màfia asi xɔ aɖe nɛ o? Bia amea be: “Amekae tu xɔ ma?” Amesiame nya be ame aɖee tu xɔa. Menye xɔa ŋutɔe tu eɖokui kura o!—Hebritɔwo 3:4.
Emegbe kplɔ amea yi abɔ aɖe me eye nàfia seƒoƒoe. Biae be: “Amekae wɔ nusia?” Menye amegbetɔe wɔe o. Abe alesi menye xɔa ŋutɔe tu eɖokui o ene la, nenema ke menye seƒoƒo sia ŋutɔ hãe wɔ eɖokui o. Ame aɖee wɔe. Mawue wɔe.
Bia amea be nelala wòase xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ ɖa. Emegbe nàbiae be: “Amekae wɔ xeviawo hefia xɔxlɔ̃ wo?” Mawue. Mawue nye amesi wɔ dziƒowo kple anyigba kple nu gbagbewo katã! Eyae nye Amesi naa agbe.
Gake ɖewohĩ ame aɖe agblɔ be nusi yekpɔ kple ŋku ko dzie yexɔna sena. Amea ate ŋu agblɔ be: ‘Ne nyemate ŋu akpɔ nane o la, ke nyemate ŋu axɔe ase o.’ Ame aɖewo gblɔna be esi yewomate ŋu akpɔ Mawu o ta yewomate ŋu axɔ edzi ase o.
Nyateƒee wònye be míate ŋu akpɔ Mawu kple ŋku o. Biblia gblɔ be: ‘Ame aɖeke mate ŋu akpɔ Mawu o.’ Ŋutsu, nyɔnu, alo ɖevi aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu akpɔ Mawu kple ŋku o. Eyata mele be ame aɖeke nadze agbagba be yeawɔ Mawu ƒe nɔnɔmetata alo legba o. Mawu gblɔ na mí kura gɔ̃ hã be míagawɔ yeƒe nɔnɔmewɔwɔ aɖeke o. Eyata madze Mawu ŋu kura nenye be nu mawo tɔgbe le mía si le míaƒe aƒeme o.—Mose II, 20:4, 5; 33:20; Yohanes 1:18.
Gake nenye be màte ŋu akpɔ Mawu kple ŋku o la, ke aleke nèwɔ nya be Mawu li nyateƒe? Bu nya sia ŋu kpɔ. Ðe nàte ŋu akpɔ yaƒoƒo kple ŋkua?— Ao. Ame aɖeke mate ŋu akpɔ ya o. Gake àte ŋu akpɔ nusiwo ya la wɔna. Àte ŋu akpɔe be aŋgbawo le ʋaʋãm ne ya le ƒoƒom to atilɔwo me. Eyatae nèxɔ edzi se be ya li ɖo.
Aleke nèwɔ nya be yaƒoƒo li?
Nenema ke nàte ŋu akpɔ nusiwo Mawu hã wɔ. Ne èkpɔ numiemie aɖe ƒe seƒoƒo alo nèkpɔ xevi aɖe la, ke nusiwo Mawu wɔ enye ma kpɔm nèle. Eyata èxɔ edzi se be Mawu li nyateƒe.
Ame aɖe ate ŋu abia wò be: ‘Amekae wɔ ɣe kple anyigba la?’ Biblia gblɔ be: “Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” (Mose I, 1:1) Ẽ, Mawue wɔ nu wɔnuku siawo katã! Aleke nèse le ɖokuiwò me le nya sia ŋu?—
Ðe menyo ŋutɔ be míele agbe oa? Míate ŋu ase xeviwo ƒe xɔxlɔ̃ siwo nya sena. Míate ŋu akpɔ seƒoƒo kple nu bubu siwo Mawu wɔ. Eye míate ŋu aɖu nuɖuɖu siwo Mawu na mí.
Ele be míada akpe na Mawu ɖe nusiawo katã ta. Eye vevietɔ, ele be míada akpe nɛ ɖe agbe si wòna mí ta. Nenye be míedaa akpe na Mawu nyateƒe la, ke ele be míawɔ nane hã. Nukae nye ma?— Ele be míaɖo to Mawu eye míawɔ nusiwo wògblɔ na mí le Biblia me be míawɔ. To esia wɔwɔ me la, míate ŋu aɖee afia nyateƒe be míelɔ̃ Amesi wɔ nuwo katã la.
Ele be míakpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo katã Mawu wɔ ŋu ahada akpe ɖe wo ta. To mɔ ka nu? Xlẽ nusi woŋlɔ ɖe Psalmo 139:14; Yohanes 4:23, 24; Yohanes I, 5:21; kple Nyaɖeɖefia 4:11.