INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 15
  • Lot Srɔ̃ Kpɔ Megbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lot Srɔ̃ Kpɔ Megbe
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu Woado Dzi Le Xaxawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Ne Afɔku Gbɔna La, Nɔ Adzɔge Nɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Miɖo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 15
Lot srɔ̃ trɔ kpɔ Sodom eye wòzu dzekɔ

ŊUTINYA 15

Lot Srɔ̃ Kpɔ Megbe

LOT kple eƒe ƒomea kpakple Abraham wonɔ anyi ɖekae le Kanaan-nyigba la dzi. Gbeɖeka Abraham gblɔ na Lot bena: ‘Anyigba mesɔ gbɔ ɖe afisia na míaƒe lãwo katã o. Taflatse, na míaklã. Ne èyi ɖe akpa ɖeka la, mayi ɖe akpa kemɛ.’

Lot tsa ŋku le anyigba la dzi. Ekpɔ dua ƒe akpa aɖe, si nyo ŋutɔ, afisi tsi kple gbe gbogbo aɖe le na eƒe lãwo. Afisia nye Yordan-nutowo me. Eyata Lot kplɔ eƒe ƒomea kple lãwo yi afimae. Mlɔeba la, wova tso aƒe ɖe Sodom-du la me.

Amesiwo nɔ Sodom la gblẽ ŋutɔ. Esia ɖe fu na Lot, elabena ame nyui wònye. Eɖe fu na Mawu hã. Mlɔeba la, Mawu dɔ mawudɔla eve ɖo ɖa be woaxlɔ̃ nu Lot bena, yele Sodom, kple Gomora-du, si te ɖe eŋu tsrɔ̃ ge le woƒe nu vlo wɔwɔ ta.

Mawudɔlaawo gblɔ na Lot bena: ‘Wɔ kaba! Kplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eveawo, eye miado go le afisia!’ Lot kple eƒe ƒomea meʋã ɖe dzodzo ŋu kabakaba o, eyata mawudɔlawo lé woƒe alɔnu hekplɔ wo do goe tso dua me. Tete mawudɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: ‘Misi, miaɖe miaƒe agbe! Migakpɔ megbe o. Misi yi ɖe toawo dzi be miagaku o.’

Lot kple vianyɔnuawo le ŋgɔ kpɔm tẽe esime wole sisim le Sodom

Lot kple vianyɔnuawo ɖo to hesi do go le Sodom. Wometɔ aɖabaƒoƒo ɖeka hã o, eye womekpɔ megbe hã o. Gake Lot srɔ̃ gbe toɖoɖo. Esi woɖe Sodom ɖe megbe vie la, nyɔnua tɔ henye kɔ kpɔ megbe. Tete Lot srɔ̃ trɔ zu dzekɔ. Èkpɔe le nɔnɔmetata la mea?

Míate ŋu asrɔ̃ nu nyui aɖe tso esia me. Efia mí bena, Mawu ɖea amesiwo ɖoa toe la, gake amesiwo meɖoa toe o la abu woƒe agbe.

Mose I, 13:5-13; 18:20-33; 19:1-29; Luka 17:28-32; Petro II, 2:6-8.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe