INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 2/15 axa 22-25
  • Ne Afɔku Gbɔna La, Nɔ Adzɔge Nɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Afɔku Gbɔna La, Nɔ Adzɔge Nɛ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutsu aɖe si Nɔ Agbe si me Afɔku Nɔ
  • Adzɔgenɔnɔ na Nɔnɔme si me Afɔku Le
  • Te Ðokuiwò Ða eye Nɔ Adzɔge na Afɔku
  • Lot Srɔ̃ Kpɔ Megbe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ðo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu Woado Dzi Le Xaxawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Miɖo Ŋku Lot Srɔ̃ Dzi
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 2/15 axa 22-25

Ne Afɔku Gbɔna La, Nɔ Adzɔge Nɛ

AME ʋee aɖewo koe nɔa ŋudzɔ ɖe afɔku ŋu wu ƒudzidelawo. Ele be woanɔ ŋudzɔ ɖe yame ƒe nɔnɔme, ƒutsotsoewo, kple alesi woƒe tɔdziʋua le go dzemee ŋu vevie. Ne ƒutsotsoewo kple ya wɔ ɖeka le tɔdziʋua hem yina ƒutae la, enyea dɔ sesẽ kple afɔku si dzea ŋgɔ ƒudzidelawo.

Le nɔnɔme siawo—si woyɔna be yakpekpe—me la, ƒudzidela naa dometsotso didi aɖe nɔa eƒe tɔdziʋua kple go ŋu dome, vevietɔ ne abala ɖeɖekoe hea tɔdziʋua. Ƒudzidede ƒe mɔfiamegbalẽ aɖe gblɔ be ‘yakpekpee nye nɔnɔme vɔ̃ɖitɔ kekeake’ si ƒudzidela ate ŋu ado goe. Nukae nye nu nyuitɔ si woawɔ le nɔnɔme ma me? ‘Mègaɖe mɔ gbeɖe be wò tɔdziʋua nage ɖe nɔnɔme sesẽ sia tɔgbe me o.’ Mɔ nyui si dzi nàto be màva si ke alo alɔ kpe siwo le ƒuta ɖe enu o ye nye be nànɔ adzɔge tso afɔkua gbɔ.

Ele be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖe afɔku siwo ate ŋu agblẽ nu le woƒe xɔse ŋu la ŋu. (Timoteo I, 1:19) Mele bɔbɔe be ame ƒe nuwɔnawo nato mɔ ɖeka le fifi ŋkekeawo me o. Abe alesi ya kple ƒutsotsoewo ate ŋu ahe tɔdziʋu ayii ene la, nenema ke míaƒe ŋutilã madeblibo si hea mí ɣesiaɣi kple xexeame ƒe gbɔgbɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si nu mefana o—si nu le sesẽm fifia abe ahom sesẽ ene—la ate ŋu ana míaƒe agbe si míetsɔ ɖe adzɔgbee la natra.

Ŋutsu aɖe si Nɔ Agbe si me Afɔku Nɔ

Aleke gbegbe wòle bɔbɔe be woanyrɔ̃ ɖe gbɔgbɔmetsi si me afɔku le le manyamanya mee nye si!

De ŋugble le kpɔɖeŋu sia si dzɔ le teƒe aɖe si te ɖe Dzeƒu si anyigba ƒo xlã ŋu la ŋuti kpɔ. Lot ƒe kpɔɖeŋu lae míewɔnɛ. Nyametsotso si wòwɔ be yeanɔ Sodom la he kuxi kple nuxaxa geɖe vɛ nɛ. Le Abraham kple Lot ƒe lãnyilawo ƒe dzrewɔwɔ megbe la, wo ame evea wolɔ̃ ɖe edzi be yewoanɔ nuto vovovowo me. Wogblɔ na mí be Lot tia Yordan-nutowo me eye wònɔ eƒe agbadɔ hom nɔ tutum le nuto ma ƒe duwo me. Emegbe eva nɔ Sodom togbɔ be Sodomtɔwo ƒe agbenɔnɔ ɖe fu nɛ hã.—Mose I, 13:5-13; Petro II, 2:8.

Nukata Lot yi edzi nɔ du si me agbebaɖanɔnɔ bɔ ɖo eye emetɔwo da vo geɖe ɖe Yehowa ŋu eye wònye nuɖiaɖia na amesiwo nɔ nuto ma me gɔ̃ hã la me? Kesinɔnu geɖe nɔ Sodom eye ɖikeke mele eme o be Lot srɔ̃ kpɔ viɖe geɖe le dugãmegbenɔnɔa me le ŋutilãmenuwo gome. (Xezekiel 16:49, 50) Ðewohĩ ganya ƒe nyonyo le Sodom kpɔ ŋusẽ ɖe Lot gɔ̃ hã dzi. Eɖanye susu ka tae wònɔ afima o, ele be wòadzo le afima kaba wu ɣeyiɣi si wòdo go le dua me. Esime Yehowa ƒe dɔlawo zii ɖe Lot ƒe ƒomea dzi be woadzo kaba ko hafi wodzo le nuto si me afɔku nɔ la me.

Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi dzite tso la, mawudɔlawo ƒo du ɖe Lot te gblɔ bena: Tso nakplɔ srɔ̃wò kple viwònyɔnu eve, siwo le gbɔwò la, ne màgatsrɔ̃ le du la ƒe vodada ta o!” Gake nuxlɔ̃amenya sia si dzi wòle be woawɔ ɖo kpata gbɔgblɔ na wo megbe hã la, Lot ‘ganɔ tɔtrɔm.’ Mlɔeba la, mawudɔlawo “lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo do goe, eye woɖe asi le wo ŋu ɖe du la godo.”—Mose I, 19:15, 16.

Mawudɔlawo na mɔfiame mamle Lot ƒe ƒomea le dua godo bena: “Ðe ɖokuiwò! Megakpɔ megbe o, eye megatɔ ɖe afi aɖeke hã o; ke boŋ si yi ɖe to la dzi, bena màgatsrɔ̃ o!” (Mose I, 19:17) Le ɣeyiɣi ma me hã la, Lot gaɖe kuku be yeayi Zoar-dua me wu be yeado le nutoa me keŋkeŋ. (Mose I, 19:18-22) Edze ƒã be Lot nɔ eɖokui hem ɖe megbe le adzɔgenɔnɔ na afɔku alesi wòate ŋui me.

Esime wonɔ mɔ dzi yina Zoar la, Lot srɔ̃ kpɔ megbe le Sodom eye edze ƒã be eƒe susu ganɔ nusiwo wògblẽ ɖe megbe la dzi. Etsrɔ̃ le esi wògbe toɖoɖo mawudɔlawo ƒe mɔfiamewo ta. Lot—ame dzɔdzɔe la—kpakple vianyɔnu eveawo tsi agbe le dugã la tsɔtsrɔ̃ me. Gake fu ka gbegbee nye si wòkpe le esi wòtiae be yeanɔ afisi afɔku le ta!—Mose I, 19:18-26; Petro II, 2:7.

Adzɔgenɔnɔ na Nɔnɔme si me Afɔku Le

Lot ƒe nuteƒekpɔkpɔ si me vevesese le la fia nusi ate ŋu adzɔ ne míete ɖe nɔnɔme si me afɔku le ŋu alo kpɔtɔ nɔ eme. Nusi me nunya le si wòle be míawɔe nye be míagage ɖe nɔnɔme sia tɔgbe me gbeɖe o abe ƒudzidela nyuiwo ene. Afɔkunu siwo ŋu wòle be míahe mía ɖokui ɖa le la dometɔ aɖewo ɖe? Kristotɔ aɖewo tra mɔ to wo ɖokui ƒoƒo ɖe dɔwɔwɔwo me akpa, to xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli kple xexemetɔwo, alo to kuku ɖe ŋutsu alo nyɔnu aɖe ŋu akpa togbɔ be womate ŋu aɖe wo nɔewo o hã me.

Nusi me nunya le si míawɔ le nya siawo dometɔ ɖesiaɖe mee nye be míanɔ adzɔge tso afɔkua gbɔ. Le kpɔɖeŋu me ɖe míele ŋudzɔ ɖe gbɔgbɔmefɔku siwo dɔ siwo wɔwɔ me wogblɔna be ga le wu ate ŋu ahe vɛ la ŋua? Nɔvi aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe asitsadɔwo me ale gbegbe be wògblẽ nu le woƒe ƒomewo, woƒe lãmesẽ, kple woƒe teokrasigbanɔamedziwo ŋu. Nusi kplɔa wo trana ɣeaɖewoɣie nye agbe si me dzidzeme le si ga ate ŋu ahe vɛ la nɔnɔ. Ɣeaɖewoɣi hã enyea nusiwo woƒe dɔwo ate ŋu ana woakpɔ la dodo kpɔ. Ame aɖewo asusu be ɖe yewodi be yewoana nɔvi bubuwo nakpɔ dɔ awɔ alo be yewoate ŋu adzɔ nu faa wu atsɔ ado alɔ xexeame katã ƒe dɔa. Ðewohĩ wosusuna be ne yewoƒe dɔa le edzi yim nyuie la, yewoate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu.

Nukae nye afɔku siwo le esia me la dometɔ aɖewo? Ganya ƒe dediemanɔmanɔ kple “nuɖiɖeame” ate ŋu agblẽ dɔwɔwɔ si ŋu wowɔ ɖoɖo nyui ɖo me. (Nyagblɔla 9:11) Agbagbadzedze be woaxe fe gã si wonyi la ate ŋu ana ame natsi dzodzodzoe eye wòana woaŋe aɖaba aƒu gbɔgbɔmenuwo dzi. Eye ne dɔ aɖe le dzidzedze kpɔm hã la, axɔ ɣeyiɣi kple tamebubu geɖe, eye wòana be woade ha kple xexemetɔwo zi geɖe.

Kristotɔ hamemegã aɖe si le Spain nɔ gakuxi sesẽ aɖe me esime nugblẽfexeha aɖe do dɔwɔnya si doe kpɔ vevie ɖe egbɔ. Togbɔ be ate ŋu akpɔ ga geɖe ne ezu nugblẽfexeha ƒe dɔwɔla si anɔ eɖokui si hã la, egbe dɔa wɔwɔ mlɔeba. Egblɔ be: “Menye nyametsotso bɔbɔe wònye o, gake edzɔ dzi nam be megbe. Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be ga didi medzroam—le mɔ si mele tẽ gɔ̃ hã nu—le amesiwo medoa go le nye teokrasidɔwo wɔwɔ me ŋu o. Eye togbɔ be medi be mawɔ nye ŋutɔ nye dɔ hã la, anye ne ahiã be mazɔ mɔ didiwo ahagblẽ ɣeyiɣi geɖe ɖe dɔa wɔwɔ ŋu. Anye ne ana magblẽ nye ƒome kple hamea ɖi godoo. Ƒo ye katã ta la, mexɔe se be ne ɖe mexɔ dɔ ma wɔ la, anye ne nyemagate ŋu aɖu nye agbenɔnɔ dzi o.”

Kristotɔ aɖeke madi be yeado kpo yeƒe agbenɔnɔ dzi ɖuɖu o. Yesu ɖe afɔku si le esia me fia le kpɔɖeŋu si wòwɔ le ŋutsu si ƒo kesinɔnu geɖe nu ƒu be yeadzudzɔ ye ɖokui ahase vivi le agbe me ŋu la me. Gake eku le zã si me wòsusu be yekpɔ ga geɖe mlɔeba la me. Yesu xlɔ̃ nu be: “Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.”—Luka 12:16-21; tsɔe sɔ kple Yakobo 4:13-17.

Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe hadede kple xexemetɔwo ayi ŋgɔe ŋu. Ðewohĩ aƒelika, sukuhati, dɔwɔhati, alo amesi mía kplii míele dɔ wɔm ɖekae ye wònye. Míasusu be, ‘Edea bubu Ðasefowo ŋu, enɔa agbe nyui, eye míeɖoa dze tso nyateƒea ŋu ɣeaɖewoɣi.’ Gake nusi dzɔ ɖe ame bubuwo dzi ɖee fia be eteƒe madidi o míava lɔ̃ hadede kple xexemetɔwo wu hadede kple gbɔgbɔmenɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo gɔ̃ hã. Nukae nye afɔku siwo le xɔlɔ̃dzedze sia tɔgbe me la dometɔ aɖewo?

Míate ŋu ava nɔ alesi ɣeyiɣi si me míele la hiã nuwɔwɔ kpatae la ƒe vevienyenye dzi ɖem kpɔtɔ alo míaƒe ɖetsɔtsɔ le ŋutilãmenuwo me atsi ɖe edzi wu alesi míetsɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo mee. Ðewohĩ le vɔvɔ̃ be mía xɔlɔ̃ siwo nye xexemetɔwo mava kpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o ta la, míadi be xexeametɔ nada asi ɖe míaƒe nuwɔnawo dzi gɔ̃ hã. (Tsɔe sɔ kple Petro I, 4:3-7.) Gake hakpala Dawid ya di hadede kple amesiwo lɔ̃ Yehowa. Eŋlɔ bena: “Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbeƒãe na nɔvinyewo, eye makafu wò le amehawo dome.” (Psalmo 22:23) Ne míesrɔ̃ Dawid ƒe kpɔɖeŋua hedi hadede si ate ŋu atu mí ɖo le gbɔgbɔ me la, akpɔ mía ta.

Afɔku gã bubu hãe nye kuku ɖe ŋutsu alo nyɔnu ŋu akpa esime mèɖo srɔ̃ɖeɖe me o. Afɔku adzɔ ne ame aɖe va le kplikplikpli kple ame aɖe si dze tugbe alo dze ɖeka si ƒe dzeɖoɖowo ʋãa ame, eye nɔnɔme mawo ke le eya hã si. Ame aɖe akpɔ dzidzɔ le hadede kple amesia me ahasusu be, ‘Menya afisi míawɔe ase ɖo. Xɔlɔ̃wo ko míenye.’ Gake ne seselẽlamewo nyɔ ɖe ame me ko la, edzi meganya ɖuna o.

Mary si nye nɔvinyɔnu sɔhɛ srɔ̃tɔ la se vivi le hadede me kple Michael.a Nɔviŋutsu nyui aɖee wònye gake esesẽna nɛ be woadze xɔlɔ̃wo. Wowɔa nu ɖekae eye wokpɔe be yewoate ŋu afe ɖekae. Mary susu be nɔviŋutsu si nye tre la di be yeaɖo ŋu ɖe ye ŋu. Eteƒe medidi o nusi dze abe xɔlɔ̃wɔwɔ si ŋu naneke megblẽ le o la va zu ɖekawɔwɔ ŋutɔŋutɔ le seselelãme gome. Wo ame evea wonɔ teƒe ɖeka nɔm zi geɖe eye wova nɔ agbe gbegblẽ mlɔeba. Mary gblɔ kple nuxaxa be: “Ele be makpɔ afɔkua adze sii le gɔmedzedzea me hafi. Esime xɔlɔ̃wɔwɔa nɔ ŋgɔ yim la, ɖeko wòwɔ abe ke gbogbo aɖe mee míele ɖiɖim ɖo ene.”

Mele be míaŋlɔ Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia be gbeɖe o be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma? (Yeremya 17:9) Míaƒe dzi alakpatɔ si le abe ƒutsotsoe si hea tɔdziʋu yia agakpewo gbɔe ene la ate ŋu ahe mí ayi seselelãme ƒe ƒomedodo si me afɔku le me. Nukae nye egbɔkpɔnu? Ne mèɖo srɔ̃ɖeɖe me o la, dze agbagba nanɔ adzɔge le seselelãme gome le amesi ƒe nu nyoa ŋuwò gbɔ.—Lododowo 10:23.

Te Ðokuiwò Ða eye Nɔ Adzɔge na Afɔku

Ne míele gbɔgbɔmefɔku me xoxo ya ɖe? Ne ya kple ƒutsotsoewo le ƒudzidelawo hem yina ƒutagakpewo gbɔe la, wodzea agbagba vevie kua tɔdziʋua yia didiƒewo alo naa dometsotso aɖe nɔa woa kple go ŋu dome vaseɖe esime woaɖo afisi ya mele ƒoƒom le o. Nenema ke wòle be míaʋli ado le afɔku mee. Ne míeɖo to aɖaŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me, ne míedo gbe ɖa vevie bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, eye míedi kpekpeɖeŋu tso mía nɔvi Kristotɔ tsitsiwo gbɔ la, míagate ŋu ado le afɔkua me. Míaƒe susu kple dzi agate ŋu adze eme na mí.—Tesalonikatɔwo I, 5:17.

Eɖanye nɔnɔme ka mee míele o, nunya le eme be míate ɖa le ‘xexe sia me nuwo ŋu.’ (Galatiatɔwo 4:3) Nusi to vovo na Lot ƒe nuwɔna lae nye be Abraham ya tiae be yeanɔ adzɔge tso Kanaanitɔwo gbɔ togbɔ be esia ana wòanɔ agbadɔwo me ƒe geɖe hã. Ðewohĩ ŋutilãmenu aɖewo manya su esi ya o, gake agbe bɔbɔe si wònɔ la kpɔ eta le gbɔgbɔ me. Le esi teƒe be nu nagblẽ le eƒe xɔse ŋu la, eva zu “fofo na amesiwo katã xɔna sena.”—Romatɔwo 4:11.

Esi míele xexe si wɔa nusi dzea eŋu si ƒe “gbɔgbɔ” nu le sesẽm ɖe edzi me ta la, ehiã be míasrɔ̃ Abraham ƒe kpɔɖeŋua. (Efesotɔwo 2:2) Ne míexɔ Yehowa ƒe mɔfiafia le nusianu me la, míakpɔ yayra le eƒe ametakpɔkpɔ lɔlɔ̃tɔe me. Míase le mía ɖokui me abe alesi Dawid see ene be: “Ena nye luʋɔ gbɔ ɖe eme, ekplɔm to toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta. Ẽ, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye manɔ Yehowa ƒe me ɖaa.” Ðikeke mele eme o be “toƒe dzɔdzɔewo” toto ahe yayra mavɔwo vɛ wu afɔkumɔwo dzi toto.—Psalmo 23:3, 6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ne màte ŋu aɖe srɔ̃ fifia o la, te ɖa le amesi ƒe nu nyoa ŋuwò la ŋu le seselelãme gome

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe