INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 36
  • Sikanyivi La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sikanyivi La
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Womewɔ Ðe Ŋugbe Si Wodo La Dzi O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Na Yehowa Nafia Eƒe Mɔwo Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Yehowa Na Eƒe Sewo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 36
Israel-viwo le ha dzim, le ɣe ɖum hele ta dem agu na sikanyivi la

ŊUTINYA 36

Sikanyivi La

OO! OO! Nukae nye si wɔm ameawo le azɔ? Wole gbe dom ɖa na nyivi! Nukatae wole nusia wɔm?

Esi Mose tsi toa dzi eteƒe didi la, ameawo gblɔ be: ‘Míenya nusi dzɔ ɖe Mose dzi o. Eyata mina míawɔ mawu aɖe, si akplɔ mí tso anyigba sia dzi.’

Mose nɔvi Aron gblɔ be: ‘Yoo. Miɖe miaƒe togɛwo vɛ nam.’ Esi woɖee la, Aron lólo wo hetsɔ wɔ sikanyivie. Eye ameawo gblɔ be: ‘Esia nye míaƒe Mawu, si kplɔ mí tso Egipte!’ Israel-viwo tu aglo gã aɖe hede ta agu na sikanyivi la.

Esi Yehowa kpɔe la, edo dziku ŋutɔ. Eyata egblɔ na Mose be: ‘Ðe abla nàyi. Ameawo le nu vlo wɔm. Woŋlɔ nye seawo be hele ta dem agu na sikanyivi.’

Mose tsɔ kpe gbadzɛ eve siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la xlã ɖi wogbã

Mose ɖe abla heɖi tso to la dzi. Esi wòte ɖe wo ŋu la, nusi wòkpɔ enye si. Ameawo le ha dzim le ɣe ɖum ƒo xlã sikanyivi la! Dzi ku Mose ale gbegbe be wòtsɔ kpe gbadza eve, siwo dzi seawo le la xlã ɖi, eye wogbã kakɛkakɛe. Etsɔ sikanyivi la helóloe. Eye wòtui wòzu wɔ.

Ameawo wɔ nu vɔ̃ɖi ŋutɔ. Eyata Mose gblɔ na ŋutsu aɖewo be woatsɔ woƒe yiwo. Mose gblɔ be: ‘Miwu ame vɔ̃ɖi, siwo de ta agu na sikanyivi la.’ Eyata ŋutsuawo wu ame 3,000! Ðe esia mefia be ehiã be míakpɔ nyuie ahasubɔ Yehowa ɖeɖeko, eye menye alakpamawu bubu aɖeke oa?

Mose II, 32:1-35.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe