INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/15 axa 21
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Womewɔ Ðe Ŋugbe Si Wodo La Dzi O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Mose Kple Aron—Mawu ƒe Nya ƒe Gbeƒãɖela Dzideƒotɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Mose Kple Aron Ðee Fia Be Dzi Le Yewo Ƒo Ŋutɔ
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Mose Ƒo Agakpe La
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/15 axa 21

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi wònye be Yehowa de se ɖe trɔ̃subɔsubɔ nu ta la, nu ka tae mehe to na Aron ɖe sikanyivi si wòwɔ la ta o?

Esi Aron wɔ sikanyivia, abe ale si woŋlɔe ɖe 2 Mose ta 32 ene la, eda le se si Mawu de ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu la dzi. (2 Mose 20:3-5) Le esia ta la, “Yehowa do dɔmedzoe ŋutɔ ɖe Aron hã ŋu be, yeatsrɔ̃e; ke [Mose ɖe] kuku ɖe Aron hã ta ɣemaɣi.” (5 Mose 9:19, 20) Ðe ‘ŋusẽ nɔ’ ame dzɔdzɔe Mose ƒe kokoƒoƒo ŋu nenema gbegbe le Aron ƒe nya sia mea? (Yak. 5:16) Ɛ̃. Le kokoƒoƒo ma kpakple susu eve bubu aɖewo teti ta la, edze abe Yehowa ɖo to Mose ƒe gbedodoɖa la ene, eye mehe to na Aron o.

Edze ƒãa be susu ɖekae nye nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si Aron ɖo ɖi. Esi Yehowa dɔ Mose be wòado ɖe Farao ŋkume eye wòakplɔ Israel viwo adzoe le Egipte la, Yehowa tia Aron be wòanɔ Mose ŋu aƒo nu ɖe eteƒe. (2 Mose 4:10-16) Ŋutsu eve siawo yi ɖe Egipte fia la ŋkume zi gbɔ zi geɖe hedo dzi nɔ te ɖe Farao ƒe dzimesesẽnuwɔnawo nu. Eya ta esime Aron nɔ Egipte kee wòɖo nuteƒewɔwɔ kple tenɔnɔ sesĩe le Yehowa subɔsubɔ me ƒe kpɔɖeŋu ɖi.—2 Mose 4:21.

Azɔ bu nu si na Aron wɔ sikanyivia hã ŋu kpɔ. Mose nɔ Sinai To la dzi ŋkeke 40. Esi “dukɔ la kpɔ bena, Mose mele gbɔgbɔm tso toa dzi o la,” woƒoe ɖe Aron nu be wòawɔ legba na yewo. Aron wɔ woƒe biabiaa dzi na wo hetsɔ sika wɔ nyivi ƒe nɔnɔme la. (2 Mose 32:1-6) Ke hã, ale si Aron wɔ nui le nudzɔdzɔ ma megbe la ɖee fia be meda asi ɖe trɔ̃subɔsubɔnuwɔna ma dzi le eƒe dzi me o. Edze ƒãa be ɖe wòna ta le ameawo ƒe nyaƒoɖeamenu me. Le kpɔɖeŋu me, esi Mose tso be yeakpɔ trɔ̃subɔsubɔ ƒe nya ma gbɔ mlɔeba la, Lewi viwo katã—siwo dome Aron hã nɔ—yi Yehowa ƒe akpa dzi dzideƒotɔe. Wowu ame akpe etɔ̃ siwo subɔ legba la, siwo koŋ nɔ megbe na trɔ̃subɔsubɔnuwɔna ma.—2 Mose 32:25-29.

Emegbe Mose gblɔ na dukɔ la be: ‘Miewɔ nu vɔ̃ gã ŋutɔ.’ (2 Mose 32:30) Eya ta menye Aron ɖeɖe koe dze na fɔbubu le nu gbegblẽ wɔwɔ ma me o. Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ gã lae ɖe vi na eya kple dukɔ la siaa.

Le sikanyivia ƒe nudzɔdzɔ ma megbe la, Yehowa de se be woaɖo Aron nunɔlagãe. Mawu gblɔ na Mose be: “Na Aron nado awu kɔkɔewo, eye nàsi ami nɛ awɔe kɔkɔe, bena wòazu nunɔla asubɔm.” (2 Mose 40:12, 13) Eme kɔ ƒãa be Yehowa tsɔ Aron ƒe nu vɔ̃ si wòwɔ le gbɔdzɔgbɔdzɔ ta kee. Le ememe la, Aron nye tadedeagu vavã la ta ʋlila wɔnuteƒe, ke menye trɔ̃subɔla dzeaglã o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe