INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 45
  • Yordan tɔsisi La Tsotso

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yordan tɔsisi La Tsotso
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Tia Yosua
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nu Kae Nye Nubablaɖaka La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Tsiɖɔɖɔ Gã La
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 45
Israel dukɔa le Yordan-tɔsisia tsom

ŊUTINYA 45

Yordan Tɔsisi La Tsotso

KPƆ ɖa! Israel-viwo le Yordan-tɔsisia tsom! Gake afikae tsi la le? Esi wònye tsi dzana ŋutɔ le ƒea ƒe ɣemaɣi me ta la, tɔ la ɖɔ ŋutɔ aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo va yi. Gake fifia tsi la katã mie! Eye Israel-viwo le etsom le anyigba ƒuƒui dzi abe alesi wowɔ le Ƒudzĩe la me ene! Afikae tsia katã yi? Na míakpɔe ɖa.

Esi ɣeyiɣi de be Israel-viwo natso Yordan-tɔsisia la, Yehowa na Yosua gblɔ na ameawo bena: ‘Nunɔlawo nekɔ nubablaɖaka la ne woado ŋgɔ. Ne woƒe afɔ ɖo Yordan-tsia me la, tsi la adzudzɔ sisi.’

Eyata nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la hexɔ ŋgɔ na ameawo. Esi woɖo Yordan gbɔ la, nunɔlawo ge ɖe tsi la me. Tsi la le sisim sesĩe ŋutɔ, eye wògoglo hã. Gake esi woƒe afɔ ka tsia teti ko la, tsi la dzudzɔ sisi! Nukunue wònye! Yehowa xe mɔ na tsi la ƒe sisi. Kasia tsi aɖeke megale tɔʋe la me o!

Nunɔla siwo kɔ nubablaɖakaa ɖe abɔta la tɔ ɖe tɔʋe si ƒu la titina esime dukɔ la le tɔsisia tsom

Nunɔla, siwo kɔ nubablaɖaka la, yi ɖe tɔ la ƒe titina. Èkpɔ wo le nɔnɔmetata la mea? Esi wotsi tre ɖe afima la, Israel-viwo katã zɔ tso Yordan-tɔsisi la le anyigba ƒuƒui dzi!

Yosua

Esi amesiame tsoe vɔ la, Yehowa na Yosua gblɔ na ŋutsu sesẽ 12 be: ‘Miyi ɖe tɔ la me afisi nunɔlawo tsi tre ɖo kple nubablaɖaka la. Mifɔ kpe 12 miatu ɖe afisi miatsi le zã sia me la. Eye ne mia viwo abia mi etsɔ megbe be nukae kpe siawo fia hã la, miagblɔ na wo be, tsi la dzudzɔ sisi esime Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Yordan. Kpeawo aɖo ŋku nukunu sia dzi na mi!’ Yosua hã tu kpe 12 ɖe afisi nunɔlawo tsi tre ɖo le tɔgoa dzi la.

Mlɔeba la, Yosua gblɔ na nunɔla, siwo kɔ nubablaɖaka la bena: ‘Mido go le Yordan la me.’ Esi wodo teti ko la, tɔ la gadze sisi gɔme ake.

Yosua 3:1-17; 4:1-18.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe