INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 29 axa 74-axa 75 mm. 2
  • Yehowa Tia Yosua

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Tia Yosua
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yosua Zu Kplɔla
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nusi Dzi Yosua Ðo Ŋkui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Yordan tɔsisi La Tsotso
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 29 axa 74-axa 75 mm. 2
Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la le Yordan-tɔsisia tsom

NUSƆSRƆ̃ 29

Yehowa Tia Yosua

Yosua le Sea xlẽm

Esi Mose kplɔ Israel dukɔa ƒe geɖe la, Mose ƒe kuɣi gogo. Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Menye wòe akplɔ Israel-viwo ayi Ŋugbedodonyigba la dzi o. Gake mana nàkpɔ anyigba la.’ Eya ta Mose gblɔ na Yehowa be wòatia kplɔla bubu si akplɔ eƒe amewo. Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Yi Yosua gbɔ nàgblɔ nɛ be eyae metia.’

Mose gblɔ na dukɔ la be yele kuku ge kpuie eya ta Yehowa tia Yosua be wòakplɔ wo ayi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eye Mose gblɔ na Yosua be: ‘Mègavɔ̃ o. Yehowa akpe ɖe ŋuwò.’ Ema megbe kpuie la, Mose lia Nebo To la, eye Yehowa tsɔ anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la fiae tso afi ma. Mose xɔ ƒe 120 hafi ku.

Mose ɖo Yosua kplɔlae le nunɔlawo kple ame bubuwo ŋkume

Yehowa gblɔ na Yosua be: ‘Tso nàtso Yordan-tɔsisia, wò kple dukɔ blibo la, ne miayi Kanaan. Makpe ɖe ŋuwò abe ale si mekpe ɖe Mose ŋu ene. Kpɔ egbɔ be nèxlẽ nye Se la gbe sia gbe. Mègavɔ̃ o. Lé dzi ɖe ƒo. Yi nàwɔ nu si ƒe se mede na wò la.’

Yosua dɔ ŋkutsala eve ɖo ɖe Yeriko dua me. Míasrɔ̃ nu tso nu si dzɔ le afi ma la ŋu le ŋutinya si kplɔe ɖo me. Esi wotrɔ gbɔ la, wova gblɔ be nɔnɔmeawo sɔ be yewoayi Kanaan azɔ. Esi ŋu ke la, Yosua gblɔ na dukɔ la be woabla woƒe agbawo. Edɔ nunɔla siwo tsɔ nubablaɖaka la be woadze ŋgɔ ayi Yordan-tɔsisia nu. Tɔa ɖɔ. Gake esi nunɔlaawo ƒe afɔwo nya ka tsia me ko la, tɔa dzudzɔ sisi eye wòmie! Nunɔlawo zɔ va tɔ ɖe tɔa titina eye wotɔ ɖe afi ma va se ɖe esime Israel dukɔ bliboa katã tso tɔa yi go kemɛ dzi. Mèkpɔe be nukunu sia aɖo ŋku nu si Yehowa wɔ na wo le Ƒudzĩa nu la dzi na wo oa?

Le ƒe gbogbo siawo megbe la, Israel-viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi mlɔeba. Woate ŋu atu xɔwo ahatso duwo. Woate ŋu ade agblewo kple waingblewo ahatso atikutsetsebɔwo. Enye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.

“Yehowa akplɔ wò ɖaa, ana nu si nèhiã la wò le kuɖiɖinyigba dzi.”—Yesaya 58:11

Nyabiasewo: Ame kae kplɔ Israel-viwo le Mose ƒe ku megbe? Nu kae dzɔ le Yordan-tɔsisia nu?

4 Mose 27:12-23; 5 Mose 31:1-8; 34:1-12; Yosua 1:1–3:17

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe