INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 49
  • Ɣe Tɔ Ðe Teƒe Ðeka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣe Tɔ Ðe Teƒe Ðeka
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yosua Kple Gibeontɔwo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nusi Dzi Yosua Ðo Ŋkui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Edi Be Agbe Nadze Edzi Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 49
Yosua gblɔ na ɣe be wòatɔ ɖe teƒe ɖeka

ŊUTINYA 49

Ɣe Tɔ Ðe Teƒe Ðeka

KPƆ Yosua ɖa. Ele gbɔgblɔm be: ‘Ɣe, tɔ ɖe teƒe ɖeka!’ Eye ɣe la tɔ ɖe teƒe ɖeka. Etɔ ɖe dziƒo titina afima tututu hena ŋkeke bliboa. Yehowae na wòtɔ! Gake na míakpɔ nusita Yosua di be ɣe la nanɔ keklẽm la ɖa.

Esi fia vɔ̃ɖi atɔ̃, siwo le Kanaan-nyigba dzi la dze aʋawɔwɔ gɔme kple Gibeontɔwo la, Gibeontɔwo ɖo ame ɖe Yosua be wòakpe ɖe yewo ŋu. Egblɔ be: ‘Miva xɔ na mí kaba! Fia, siwo katã le todua me la va aʋa wɔ ge kple wò dɔlawo.’

Enumake Yosua kple eƒe aʋawɔlawo yi. Wozɔ azɔli zã blibo la. Esi woɖo Gibeon la, vɔvɔ̃ ɖo fia atɔ̃awo ƒe aʋawɔlawo, eye wote sisi. Tete Yehowa na kpetsi gãwo dza, eye aʋawɔla, siwo kpetsia wu la sɔ gbɔ wu esiwo Yosua ƒe aʋawɔlawo wu.

Yosua kpɔ be esusɔ vie ɣe naɖo to. Ne viviti do la, fia vɔ̃ɖi atɔ̃awo ƒe aʋawɔlawo dometɔ geɖe asi adzo. Ematae Yosua do gbe ɖa na Yehowa hegblɔ be: ‘Ɣe, tɔ ɖe teƒe ɖeka!’ Eye esi ɣea nɔ keklẽm la, Israel-viwo te ŋu ɖu aʋa la dzi keŋkeŋ.

Fia vɔ̃ɖi geɖe gale Kanaan-nyigba dzi, siwo lé fu Mawu ƒe amewo. Anɔ abe ƒe ade ene hafi Yosua kple eƒe aʋawɔlawo ɖu fia 31 dzi le anyigba la dzi. Esi wowɔ esia vɔ la, Yosua na be woma Kanaan-nyigba la na ƒome, siwo mekpɔ anyigba haɖe o la.

Ƒe geɖewo va yi, eye Yosua va ku esime wòxɔ ƒe 110. Esi eya kple exɔlɔ̃wo nɔ agbe la, ameawo ɖo to Yehowa. Gake esi ame nyui siawo ku ko la, ameawo dze nu gbegblẽ wɔwɔ gɔme, eye woge ɖe fukpekpe me. Afisiae wohiã na Mawu ƒe kpekpeɖeŋu le vevie.

Yosua 10:6-15; 12:7-24; 14:1-5; Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:8-13.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe