INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 31 axa 78
  • Yosua Kple Gibeontɔwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yosua Kple Gibeontɔwo
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gibeontɔ Nunyalawo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ɣe Tɔ Ðe Teƒe Ðeka
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nusi Dzi Yosua Ðo Ŋkui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nya Vevi Siwo Tso Yosua ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 31 axa 78
Gibeontɔwo te ɖe Yosua kple eƒe aʋawɔlawo ŋu, eye wodo awu vuvuwo

NUSƆSRƆ̃ 31

Yosua Kple Gibeontɔwo

Dukɔ bubu siwo le Kanaan la se nu si dzɔ ɖe Yeriko dzi. Woƒe fiawo ɖoe be yewoawɔ ɖeka awɔ aʋa kple Israel-viwo. Gake Gibeontɔwo ya wɔ nu bubu aɖe. Wodo awu vuvuwo eye wova Yosua gbɔ va gblɔ nɛ be: ‘Anyigba didi aɖe dzie míetso va. Míese nu siwo katã Yehowa wɔ na mi le Egipte kple Moab la ŋu nya. Mido ŋugbe na mí be yewomadze mía dzi o, ekema míazu miaƒe subɔviwo.’

Yosua xɔ woƒe nyawo dzi se eye wòlɔ̃ be yewomadze wo dzi o. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, eva see be menye anyigba didi aɖe dzie wotso va o. Kanaan-nyigba dzie wotso. Yosua bia Gibeontɔwo be: ‘Nu ka ta mieble mí?’ Woɖo eŋu be: ‘Míenɔ vɔvɔ̃m! Míenya be miaƒe Mawu Yehowa le aʋa wɔm na mi. Míeɖe kuku migawu mí o.’ Yosua wɔ ɖe ŋugbe si wòdo na wo la dzi eye wòna wotsi agbe.

Eteƒe medidi o, Kanaantɔwo ƒe fia atɔ̃ kple woƒe aʋakɔwo ho ɖe Gibeontɔwo ŋu. Yosua kple eƒe aʋawɔlawo zɔ zã bliboa be yewoaxɔ na Gibeontɔwo. Esi ŋu ke la wokpe aʋa kple futɔawo. Kanaantɔwo si ɖo ta goawo katã me. Yehowa na tsikpe gãwo dza ɖe wo dzi le teƒe siwo katã wosi yi. Eye Yosua bia Yehowa be wòana ɣe natɔ ɖe teƒe ɖeka. Nu ka tae wòbia Yehowa be wòana ɣe natɔ ɖe teƒe ɖeka evɔ nu sia medzɔ kpɔ o? Elabena Yosua ka ɖe Yehowa dzi. Ɣe tɔ ɖe teƒe ɖeka ŋkeke bliboa va se ɖe esime Israel-viwo ɖu Kanaan-fiawo kple woƒe aʋakɔwo dzi.

Yosua wu mo dzi eye wòbia Yehowa be ɣe natɔ ɖe teƒe ɖeka

“Mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye miaƒe ‘Ao’ nanye ao, elabena nu si wu esiawo la, vɔ̃ɖitɔ la gbɔe wòtso.”—Mateo 5:37

Nyabiasewo: Nu kae Gibeontɔwo wɔ tsɔ kpɔ wo ɖokuiwo ta? Aleke Yehowa kpe ɖe Israel-viwo ŋui?

Yosua 9:1–10:15

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe