INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 90
  • Ele Nyɔnua Gbɔ Le Vudoa To

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ele Nyɔnua Gbɔ Le Vudoa To
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnu Si Va Vudoa To
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nu Fiafia Samaria-Nyɔnu Aɖe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nufiafia Samaria-nyɔnu Aɖe
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Tsi Si Naa Agbe Mavɔ
    Nyɔ!—2009
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 90
Yesu le nu ƒom na Samaria nyɔnu aɖe le vudoa to

ŊUTINYA 90

Ele Nyɔnua Gbɔ Le Vudoa To

YESU tɔ ɖe vudo aɖe to le Samaria be yeaɖi ɖe eme. Eƒe nusrɔ̃lawo yi nuɖuɖu ƒle ge le dua me. Nyɔnu, si Yesu le nu ƒom na la va tsi ku ge. Egblɔ nɛ be: ‘Na tsim mano.’

Esia wɔ nuku na nyɔnua ŋutɔ. Ènya nusitaea? Elabena Yesu nye Yudatɔ, eye nyɔnu la nye Samariatɔ. Evɔ Yudatɔ geɖe melɔ̃a Samariatɔwo ƒe nya o. Womeƒoa nu kpli wo gɔ̃ hã o! Gake Yesu ya lɔ̃ ame ƒomevi ɖesiaɖe. Eyata wògblɔ be: ‘Ne ɖe nènya amesi le tsia biam wò la, ne èbiae wòna agbetsi wò.’

Nyɔnu la gblɔ be: ‘Aƒetɔ, vudo la goglo, eye tɔkpo hã mele asiwò o. Afikae nàkpɔ agbetsi sia le?’

Yesu ɖo ŋu be: ‘Ne èno vudo sia me tsi la, tsikɔ agawu wò. Gake tsi si mana la ate ŋu ana ame nanɔ agbe mavɔ.’

Nyɔnu la gblɔ be: ‘Aƒetɔ, na tsia ɖem! Eye tsikɔ magawum azɔ o. Be nyemagava afisia ava ku tsi azɔ o.’

Nyɔnu la bu be tsi ŋutɔŋutɔ ƒe nya gblɔm Yesu le. Evɔ la, enɔ nu ƒom le nyateƒe si ku ɖe Mawu kple eƒe fiaɖuƒe ŋuti la ŋu. Nyateƒe sia le abe agbetsi ene. Ate ŋu ana agbe mavɔ ame.

Azɔ Yesu gblɔ na nyɔnua be: ‘Yi ɖayɔ srɔ̃wò ne miava.’

Nyɔnua ɖo ŋu be: ‘Srɔ̃ mele asinye o.’

Yesu gblɔ be: ‘Èto nyateƒe. Gake ŋutsu atɔ̃ nɔ asiwò kpɔ, eye ŋutsu si gbɔ nèle fifia la menye srɔ̃wò o.’

Nyɔnua ƒe mo wɔ yaa, elabena nya siawo katã nye nyateƒe. Aleke Yesu wɔ hafi nya nusiawo? Ẽ, elabena Yesue nye Ŋugbedodovi, si Mawu dɔ la, eye Mawue gblɔ nya sia nɛ. Gaƒoƒo sia dzie Yesu ƒe nusrɔ̃lawo trɔ gbɔ, eye ewɔ nuku na wo be ele nu ƒom kple Samaria-nyɔnu.

Nukae míesrɔ̃ le esiawo katã me? Efia be Yesu nyoa dɔme na ame ƒomevi ɖesiaɖe. Eye ele be míawo hã míawɔ nenema. Mele be míabu be esi ame aɖewo nye du bubu me tɔwo ta la, womenyo o. Yesu di be amesiame nanya nyateƒe, si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee la. Eye ele be míawo hã míadi be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nyateƒe la.

Yohanes 4:5-43; 17:3.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe